Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Herodotus

Herodotus

ALEKE agbea nɔ le ƒe akpe siwo va yi me? Aleke amewo ƒe dekɔnuwo nɔ? Nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo la ate ŋu aɖo nyabiase mawo ƒe ɖewo ŋu, gake menye wo katã o. Nu si akpe ɖe mía ŋu míase blematɔwo ƒe nuwɔna aɖewo gɔmee nye be míadzro ŋutsu aɖe si nɔ anyi ɣemaɣi, si ŋlɔ blemaxexea ƒe ŋutinya la ƒe nuŋlɔɖiwo me. Ŋutsu ma nɔ anyi ƒe 2,400 aɖewoe nye esi va yi. Eŋkɔe nye Herodotus, eye wònye Helatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Agbalẽ siwo katã wòŋlɔ ƒe tanyae nye Ŋutinyawo.

Herodotus te nuŋlɔɖiwo wɔwɔ tso nu siwo na Helatɔwo wɔ aʋawo, eye vevietɔ nu siwo na Persiatɔwo ho aʋa ɖe dukɔ bubuwo ŋu tso ƒe 490 va se ɖe 480 D.Y. me la ŋu. Esime Persiatɔwo ho woƒe aʋawo la, Herodotus nye ŋutsuvi dzaa ko. Mese eƒe nuŋlɔɖiwo ɖe Persiatɔwo kple Helatɔwo ƒe aʋawɔwɔwo ko dzi o, ke boŋ ekekee ɖe enu wòlɔ dukɔ bubu siwo katã Persiatɔwo wɔ aʋa kplii la ɖe eme.

MENYE ŊUTINYA ÐEÐE KOE WÒŊLƆ O

Herodotus nye ŋutinyaŋlɔla bibi aɖe. Eŋlɔ ŋutinyawo tsitotsito beléletɔe, eye wòŋlɔ nu sia nu si wòkpɔ be ehiã be nuŋlɔɖiawo nade bliboe la hã. Herodotus wɔ dɔ nyuie wòɖe dzesi ŋutɔ elabena ŋutinya siwo woŋlɔ ɖi menɔ dukɔwo si si dzi wòakpɔ hafi aŋlɔ etɔ o, elabena womewɔ ɖoɖo gobii aɖeke ɖe ŋutinyawo ŋɔŋlɔ ɖi ŋu ɣemaɣi o.

Blematɔwo metsia dzi ɖe ŋutinyawo ŋɔŋlɔ ŋu o negbe ne nu nyui aɖe si wowɔ wòɖe dzesi si wodi be woaŋlɔ ɖe ŋkuɖodzikpewo dzi ko. Ele be Herodotus nanɔ te ɖe nu siwo wòkpɔ, ŋutinya siwo nye nyateƒe kple ame bubuwo ƒe ɖaseɖiɖi siwo ŋu kakaɖedzi le la dzi hafi aŋlɔ eƒe ŋutinyawo. Be Herodotus nate ŋu aƒo eƒe nyatakakawo nu ƒu la, ezɔ mɔ yi didiƒewo ke. Du si nye Halicarnassus (fifia woyɔnɛ be Bodrum, eye ele Turkey ƒe anyiehe) si nɔ Helatɔwo ƒe dziɖuɖu te mee wònɔ tsi, eye ezɔ mɔ yi Greece ƒe akpa gãtɔ.

Be Herodotus nate ŋu aƒo eƒe nyatakakawo nu ƒu la, ezɔ mɔ yi didiƒewo ke

Ezɔ mɔ yi dziehe afi si Ƒuyibɔa le kple dukɔ si nye Skite ƒe akpa si woyɔna egbea be Ukraine, eye wòtɔ dzi yi anyiehe le Palestina kple Dziehe Egipte. Edze abe le ɣedzeƒe dukɔwo me la, ezɔ mɔ de Babilon, emegbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me la, ɖewohĩ eva nɔ ɣetoɖoƒe dukɔ Italy ƒe anyiehe, si nɔ Helatɔwo ƒe dziɖuɖu te ɣemaɣi la me ene. Afi sia afi si wòyi la, eléa ŋku ɖe nu ŋu, biaa nu gɔme sena, eye wòxɔa nyatakakawo tsoa ame siwo wòkpɔ be wonye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo la gbɔ.

HERODOTUS ŊLƆ NYAWO PƐPƐPƐ

Ŋutinyawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ aɖe

Kakaɖedzi kae le nu siwo Herodotus ŋlɔ ŋu? Wokpɔe be nu siwo wòkpɔ heŋlɔ tso dukɔ siwo me wòzɔ mɔ yi ŋu la le eteƒe pɛpɛpɛ. Ale si wòŋlɔ nu tso nuwɔna siwo ŋu Helatɔwo menya nu tsoe o, abe ale si Skitetɔwo ɖia woƒe fiawoe alo ale si Egiptetɔwo sia atike na ame kuku be wòagagblẽ kaba o la wɔ ɖeka kloe kple nu siwo ŋu tomenukulawo va ke ɖo. Wogblɔ be nu gbogbo siwo wòŋlɔ tso Egiptetɔwo ŋu la “sɔ gbɔ sãsãsã eye viɖe le wo ŋu wu nu siwo blematɔwo ŋlɔ tso dukɔ ma ŋu.”

Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be Herodotus naxɔ nyatakakawo tso ame siwo ƒe ɖaseɖiɖi dzi womate ŋu aka ɖo o la gbɔ. Azɔ hã, eŋɔlimetɔwo xɔe se vevie be trɔ̃wo dea nu amegbetɔwo ƒe nyawo me. Le esia ta menye nu sia nu si wòŋlɔ lae ɖo egbegbe ŋutinyaŋlɔlawo ƒe dzidzenuwo gbɔ o. Ke hã, Herodotus dze agbagba vevie be yeade vovototo nyateƒenyawo kple xotutuwo dome. Egblɔ nunyatɔe be yemexɔ nu sia nu si wogblɔ na ye dzi se o. Nyatakaka vovovo siwo wòxɔ me dzodzro tsitotsitoe kpe ɖe eŋu wòkpɔ esiwo nye nyateƒea eye wòŋlɔ wo.

Ŋutinya siwo Herodotus ŋlɔ ɖe dɔ si gbegbe wòwɔ le eƒe agbe me la fia. Ne míebu dɔwɔnu ʋɛ siwo nɔ anyi ɣemaɣi ŋu la, míagblɔ be menye agbagba vie wòdze kura o.