Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Tɔmesisiblisi Ƒomevi Aɖe Ƒe Fu

Tɔmesisiblisi Ƒomevi Aɖe Ƒe Fu

AMI titri aɖe le tɔmelã siwo dzia vi siwo nɔa tsi fafɛwo me la dometɔ geɖe ƒe ŋutigbalẽ te si kpena ɖe wo ŋu be vuvɔ mewɔa wo o. Nu bubu aɖe si gakpena ɖe tɔmesisiblisi ƒomevi sia ya ŋue nye fu titri si le eŋu.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Fu si le ƒumelã sia ŋu mimi ɖe wo nɔewo ŋu wu lã bubuwo tɔ. Ne wodzidze eƒe ŋutigbalẽ sentimeta ɖeka ɖe dzogoe ene me la, fu siwo ade 155,000 ye le eme. Ne ƒumelã sia le tsi ƒum la, ya aɖe gena ɖe eƒe fuawo te si wɔnɛ be tsi fafɛa mekaa eƒe ŋutilã ŋu be vuvɔ nawɔe o.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔe be míate ŋu asrɔ̃ nane tso fu si le ƒumelã sia ŋu la ŋuti. Wotee kpɔ wɔ fuwu siwo ƒe fuwo ƒe didime le vovovo eye mɔ si le fuawo domee hã le vovovo. Numekulaawo kpɔe be “ne fuawo sɔ gbɔ eye wodidi la, womeɖoa tsi o.” Ne míagblɔe bubui la, ƒumelã siawo ate ŋu aƒo adegbe be yewo sie vuvɔmewu titri adodoea le.

Numekulawo le mɔ kpɔm be ale si wole ŋgɔ yim le mɔ̃ɖaŋununya me la awɔe be yewoawɔ avɔ ƒomevi aɖe si mate ŋu aɖo tsi o. Esia ate ŋu ana amewo naƒo nya ta be fuwu titri si sɔ kple ƒumelã sia ƒe fuwo la ate ŋu akpe ɖe ame siwo doa ɖi yia tɔ gɔme la ŋu ŋutɔ!

Nu kae nèsusu? Ðe ƒumelã sia ƒe fu siwo nana vuvɔ mewɔnɛ o la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?