Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Mawudɔlawo

Mawudɔlawo

Woƒoa nu tso mawudɔlawo ŋu le agbalẽwo kple filmwo me eye wodzena le nutatawo hã me. Gake ame kawoe mawudɔlawo nye eye dɔ kae wowɔna?

Ame kawoe nye mawudɔlawo?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

 

Hafi Mawu nawɔ xexea kple ame gbãtɔwo la, edo ŋgɔ wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ nyanu gbogbo aɖewo. Wosẽ ŋu wu amegbetɔwo eye wole teƒe si Mawu ŋutɔ le—amegbetɔwo mate ŋu ayi teƒe ma alo akpɔ teƒe si wole kple ŋku o. (Hiob 38:4, 7) Biblia yɔ nuwɔwɔ deŋgɔ siawo be “gbɔgbɔwo” kple “mawudɔlawo.”—Psalmo 104:4. *

Mawudɔla nenie li? Wosɔ gbɔ ŋutɔ. Mawudɔla siwo ƒo xlã Mawu ƒe fiazikpuia ƒe xexlẽme nye “akpe ewo teƒe akpe ewowo” alo “akpe teƒe akpewo.” (Nyaɖeɖefia 5:11) Ne míabu xexlẽme sia be enye xexlẽme ŋutɔŋutɔ la, ke efia be mawudɔla miliɔn alafa gbogbo aɖewoe li!

“Mekpɔ mawudɔla gbogbo aɖewo ƒo xlã fiazikpui la . . . , eye woƒe xexlẽme nye akpe ewo teƒe akpe ewowo kpakple akpe teƒe akpewo.”—Nyaɖeɖefia 5:11.

Dɔ kae mawudɔlawo wɔ le blema?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

 

Zi geɖe la, mawudɔlawoe Mawu dɔna wogblɔa eƒe gbedeasiwo na amewo. * Wogblɔ tso wo ŋu le Biblia me be Mawu dɔa wo wowɔa nukunuwo. Mawu dɔ mawudɔla aɖe be woayra Abraham eye wòaxe mɔ nɛ be wòagatsɔ via Isak asa vɔe o. (1 Mose 22:11-18) Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le ŋuve aɖe me eye wògblɔ gbedeasi aɖe si ana nɔnɔmea natrɔ na amewo la nɛ. (2 Mose 3:1, 2) Esi wotsɔ nyagblɔɖila Daniel ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe dome la, “Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva mia nu na dzatawo.”—Daniel 6:22.

“Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui [fia Mose] le dzoƒaɖe me le ŋuve aɖe me.”—2 Mose 3:2.

Dɔ ka wɔmee mawudɔlawo le fifia?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

 

Míate ŋu anya dɔ siwo katã wɔm mawudɔlawo le egbea o. Ke hã Biblia na eme kɔ be wole asi kpem ɖe mawuvɔ̃lawo ŋu be woava srɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu.—Dɔwɔwɔwo 8:26-35; 10:1-22; Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

Yehowa na blemafofo Yakob ku drɔ̃e eye wòkpɔ mawudɔlawo wonɔ “atrakpui” aɖe si ɖatɔ dziƒo la liam nɔ dzi yim ganɔ ɖiɖim. (1 Mose 28:10-12) Ðewohĩ drɔ̃e ma na Yakob ƒo nya ta be Yehowa Mawu dɔa eƒe dɔlawo ɖe anyigba dzi be woakpe ɖe esubɔla wɔnuteƒe siwo hiã eƒe kpekpeɖeŋu la ŋu, eye míawo hã míate ŋu aƒo nya ta alea.—1 Mose 24:40; 2 Mose 14:19; Psalmo 34:7.

“Woda atrakpui aɖe ɖe anyigba, si ƒe tame ɖatɔ dziƒo; eye Mawu ƒe dɔlawo le eliam le dzi yim gale ɖiɖim.”—1 Mose 28:12.

^ mm. 6 Biblia gblɔ be gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖewo dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu, eye Biblia yɔ mawudɔla dzeaglã siawo be “gbɔgbɔ vɔ̃wo.”—Luka 10:17-20.

^ mm. 11 Le nyateƒe me la, Hebrigbe kple Helagbe me nya si Biblia zã na “mawudɔla” la fia “ame dɔdɔ.”