Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃ Ana Makpɔ Kesinɔnuwo

Nusɔsrɔ̃ Ana Makpɔ Kesinɔnuwo

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Ne mexlẽ nu, ne mesrɔ̃ nu,

    Makpɔ kesinɔnuwo.

    Numekuku tsitotsito

    Kpakple ŋugbledede hiã.

    Ŋugbledede naa mekpɔa nu’o le susu me;

    Enaa mesea nya si gblɔm Biblia le gɔme.

    (HAXE)

    Ŋugblemeyiyi kple tamebubu;

    Nu siawoe akpe ɖe ŋunye

    Be madze nunya, awɔ nu dzɔdzɔe,

    Ale be mawɔ tiatia nyui’o;

    Be mawɔ tiatia nyui’o.

  2. 2. Medea ŋugble le ame’o ŋu;

    Ðe’o mewɔ nuteƒe o.

    Nu si wowɔ nana mekpɔa

    Ma’u ƒe susu le nu’o ŋu.

    Ɣeaɖe’oɣi ŋugbledede kpena ɖe ŋunye

    Be mawɔ nu si adze Yehowa Ma’u ŋu.

    (HAXE)

    Ŋugblemeyiyi kple tamebubu;

    Nu siawoe akpe ɖe mía ŋu

    Be míadze nunya, awɔ nu dzɔdzɔe,

    Ale be míawɔ tiatia nyui’o;

    Be míawɔ tiatia nyui’o.

    (HAXE)

    Ŋugblemeyiyi kple tamebubu.

    Ŋugblemeyiyi kple tamebubu.

    Ŋugblemeyiyi kple tamebubu.