Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔ Si Míekpɔna Le Takpekpewo Me

Dzidzɔ Si Míekpɔna Le Takpekpewo Me

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Esusɔ vie takpekpea nadze ’gɔme.

    Nu nyuiwo le ŋgɔ; nu nyuiwo le ŋgɔ.

    Xexea tɔ zi gake míekpɔa dzidzɔ.

    Dzidzɔ geɖe li, míakpɔ le ’tsɔme.

    (HAXE)

    Nɔviŋutsu, nɔvinyɔnu, kple xɔlɔ̃wo míenye.

    Míedo go kpɔ o gake melɔ̃ mi katã vevie.

  2. 2. Míesɔ gbɔ’abe ƒutake ene; míede ha kpaŋkpaŋ.

    Mel’ame si’o nyemekpɔ kpɔ o la dome.

    Gake menya wo; nɔvinyewoe.

    Woʋuʋu’asi nam tso afi mɛ ke.

    Enya kpɔ ŋutɔ loo!

    Nye dzi katã koe dze eme bɔkɔɔ.

    Mefa dzidzɔvi, gbɔgblɔ bu ɖem.

    (HAXE)

    Nɔviŋutsu, nɔvinyɔnu, kple xɔlɔ̃wo míenye.

    Míedo go kpɔ o gake melɔ̃ mi katã vevie.

    Nɔviŋutsu, nɔvinyɔnu, kple xɔlɔ̃wo míenye.

    Míedo go kpɔ o gake melɔ̃ mi katã vevie.

    (DOMETSOHA)

    Kpe ɖe ŋunye.

    Míele aʋa la dzi.

    Èdoa ŋusẽm

    Be nye kpli wò míanɔ agbemɔa dzi.