Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afi Si Wòle Be Manɔ

Afi Si Wòle Be Manɔ

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Menya nyuie be ame sia ’me

    Ŋutɔe atia nu si wòawɔ.

    Menya nu nyui, menya nu vɔ̃.

    Menya nu si nyo be mawɔ;

    Menya ’fi si nyo be manɔ.

    Xɔlɔ̃ vavã’o domee manɔ.

    Woakpɔ tanye, alé be nam.

    Woana manɔ agbemɔa dzi.

    (HAXE)

    Mekpɔa dzidzɔ be

    Metia mɔ nyuitɔ.

    Yehowa Mawu,

    Wòe kpe ɖe ŋunye

    Èfiam afi si nyo nam.

  2. 2. Meka ɖe ’dzi, eme kɔ nam;

    Afi siae wòle be manɔ.

    Mexlẽa Biblia, mewɔa edzi.

    Etrɔa ny’agbe, eʋãa nye dzi.

    Menyae azɔ, mekpɔe azɔ;

    Mawu xɔlɔ̃’o domee manɔ.

    Esiae ana makpɔ dzidzɔ.

    Yehowa ƒe dɔmenyo loo.

    (HAXE)

    Mekpɔa dzidzɔ be

    Metia mɔ nyuitɔ.

    Yehowa Mawu,

    Wòe kpe ɖe ŋunye

    Èfiam afi si nyo nam.