Dzo kpo yi emenuwo dzi

ÐE WOWƆEA?

Bosrã Ƒe Alɔ Wɔnukuawo

Bosrã Ƒe Alɔ Wɔnukuawo

Robɔt-wɔlawo le dɔwɔnuwo tom vɛ siwo akpe ɖe ɖɔktawo ŋu be woawɔ dɔ le teƒe siwo xaxa le ametia me eye woazã amekomɔnu siwo me womade abi ame ŋu fũu le o. Nu siwo wosrɔ̃ tso bosrã ƒe alɔ siwo bɔbɔ hetea ŋu xatsana bɔbɔe ŋu la le kpekpem ɖe wo ŋu be woato nu yeyewo vɛ le amekomɔnu sia ŋu dɔ wɔwɔ me.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Bosrã tea ŋu zãa eƒe alɔ enyi siwo bɔbɔ siwo me wòtea ŋu hena bɔbɔe la tsɔ hea nu, léa nu alo mianɛ, le teƒe siwo xaxa gɔ̃ hã. Menye ɖeko wòtea ŋu xatsana eƒe alɔwo yia go sia go me ko o, ke etea ŋu nana eƒe alɔwo ƒe akpa vovovowo liana hã ne ehiã be wòawɔe nenema.

Numekulawo xɔe se be robɔt ƒe alɔ siwo bɔbɔ hexana bɔbɔe abe bosrã tɔ ene la aɖe vi ŋutɔ le amekomɔnu siwo me womedea abi ame ŋu le fũu o la ŋu dɔ wɔwɔ me. Dɔwɔnu sia ƒomevi ate ŋu awɔe be woako dɔnɔwo evɔ womazã amekomɔnu siwo ŋu dɔ wɔwɔ sesẽ akpa o.

Kpɔ ale si bosrã ƒe alɔ siwo tea ŋu xana bɔbɔe la le ɖa

Wowɔ robɔt ƒe alɔ sia tɔgbi xoxo eye wole edom kpɔ hafi ava zãe le amewo koko me. Robɔt la ƒe alɔ ƒe akpa ɖeka si ƒe didime le milimeta 135 la tea ŋu léa dɔmenu siwo bɔbɔ eye wòkɔa wo yia dzi vie evɔ megblẽa nu le wo ŋu o, eye alɔa ƒe akpa bubu wɔa dɔ le dɔmenu si ŋu wòhiã be woawɔ dɔ le la ŋu. Agbalẽnyalagã Tommaso Ranzani, si nye ame siwo to dɔwɔnua vɛ dometɔ ɖeka, gblɔ be, “míexɔe se be dɔwɔnu sia aʋu mɔ na dɔwɔnu yeye siwo de ŋgɔ wu la wɔwɔ.”

Robɔt ƒe alɔ si bɔbɔ hexana bɔbɔe la aɖe vi ŋutɔ le amekoko me

Nu kae nèsusu? Ðe bosrã ƒe alɔwo dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?