Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Dɔ Si Dadi Ƒe Nufuwo Wɔna

Dɔ Si Dadi Ƒe Nufuwo Wɔna

ZÃ ME koŋ aƒemedadiwo dona. Anɔ eme be woƒe nufuwo (fu lɔbɔlɔbɔ siwo nɔa nugbɔ na wo) kpena ɖe wo ŋu wokpɔa nu siwo tsɔ ɖe wo gbɔ kple nu si wodi be yewoalé la dzea sii, vevietɔ le anyinufaɣiwo.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Lãmeka geɖewo le lãkusi siwo me dadi ƒe nufuwo mie tso la me. Ne ya vi aɖe teti gɔ̃ hã ƒo la, lãmekaawo nana dadia senɛ le eɖokui me. Esia wɔe be etea ŋu dea dzesi nu siwo tsɔ ɖe egbɔ ne mekpɔ wo o hã eye ɖikekemanɔmee la, esia kpena ɖe eŋu le zã me.

Esi wònye be ne ya vi aɖe teti ƒo lɔ dadi ƒe nufuwo la, dadia tea ŋu senɛ le eɖokui me ta la, ezãa eƒe nufuwo tsɔ dea dzesi afi si nu si wòdi be yealé la le kple eƒe zɔɖeɖe kpakple afi si nu bubuwo hã le. Nufuwo hã kpena ɖe dadi ŋu wònyaa nuwo ƒe nugbɔ ƒe lolome hafi nyana ne ate ŋu atoe alo mate ŋu atoe o. Numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) gblɔ be “nu ʋɛ aɖe ko wonya tso dɔ si nufuwo wɔna la ŋu, ke hã wode dzesii be ne wotso dadi aɖe ƒe nufuwo la, exɔa ŋusẽ le dadia si hena ɣeyiɣi aɖe.”

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le robot aɖewo wɔm siwo ŋu wodea nu siwo wɔa dɔ abe dadi ƒe nufuwo ene la le ale be wòakpe ɖe wo ŋu woaƒo asa na mɔxenuwo. Aƒetɔ Ali Javey si nye dzɔdzɔmeŋutinunyafiala le California Yunivɛsiti si le Berkeley gblɔ be woate ŋu azã nufu siwo tɔgbi wowɔ la na “robot deŋgɔwo, mɔ̃ɖaŋunuwo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe dɔ bubuwo.”

Nu kae nèsusu? Ðe ale si dadi ƒe nufuwo wɔa dɔe la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?