Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Lãwo

Lãwo

Lãwo wɔa akpa aɖe le mía dometɔ ɖe sia ɖe kloe ƒe agbe me. Ðe míabu akɔnta le ale si míewɔa nu ɖe lãwo ŋu la ŋua?

Aleke wòle be amegbetɔwo nawɔ nu ɖe lãwo ŋu?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo susui be amegbetɔwo ate ŋu awɔ nu ɖe lãwo ŋu ale si wolɔ̃. Ame bubuwo hã bunɛ be ele be woawɔ nu ɖe lãwo ŋu abe amegbetɔwo ene.

  • Lãwo ta ʋlila xɔŋkɔ aɖe gblɔ be ele be woana “gomenɔamesi lãwo hã eye masɔ be woabu wo be woli na zazã kple dzadzra ko o.” Egblɔ be: “Mele be míanɔ lãwo bum abe nunɔamesiwo ene o.”

  • Le nudzɔdzɔ aɖe si ame geɖe bu be egbɔ eme gome la, wogblɔ le gatɔ gã aɖe si ŋkɔe nye Leona Helmsley ŋu be egblẽ domenyinu si nye Amerika dɔlar miliɔn 12 ɖi na eƒe avu eye wòŋlɔ agbalẽ da ɖi be ne avua ku la, woaɖii ɖe ye xa.

Bu nya sia ŋu: Aleke nèsusu be woawɔ nu ɖe lãwo ŋui?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Nu gbagbewo Wɔla Yehowa Mawu gblɔ na amegbetɔwo be: “Mikpɔ ŋusẽ ɖe ƒumelãwo kple nuwɔwɔ siwo dzona le yame kpakple nu gbagbe siwo katã ʋãna le anyigba dzi la dzi.” (1 Mose 1:28) Eya ta esɔ be míaƒo nya ta be Mawu bua amegbetɔwo be wokɔ wu lãwo.

Nya vevi aɖe si dze le mawunyakpukpui si do ŋgɔ teti na esia me la ɖo kpe nyataƒoƒo sia dzi. Biblia gblɔ be: “Mawu wɔ ame ɖe eƒe nɔnɔme nu, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.”1 Mose 1:27.

Esi wowɔ mí amegbetɔwo ɖe “Mawu ƒe nɔnɔme” nu ta la, míawo koe tea ŋu ɖea Mawu ƒe nɔnɔmewo, abe nunya, dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ ene, fiana. Vovototodede nyui kple vɔ̃ dome kpakple mawusubɔsubɔ ƒe ŋutete hã le amegbetɔwo si. Ŋutete siawo mele lãwo ya si o, elabena womewɔ wo ɖe “Mawu ƒe nɔnɔme” nu o. Eya ta womesɔ kple amegbetɔwo o eye Mawu meɖoe hã be woawɔ nu ɖe wo ŋu abe amegbetɔwo ene o.

Ðe esia fia be esɔ be amegbetɔwo nanɔ ŋuta sẽm le lãwo ŋua? Ao.

  • Mawu gblɔ le Se si wòtsɔ na Israel-viwo me be woana lãwo naɖi ɖe eme, woana nuɖuɖu wo, woakpe ɖe wo ŋu ne woɖo xaxa me eye woakpɔ wo ta tso afɔkuwo me.2 Mose 23:4, 5; 5 Mose 22:10; 25:4.

“Ŋkeke ade nàwɔ wò dɔ; ke mègawɔ dɔ le ŋkeke adrelia dzi o, ale be wò nyi kple wò tedzi naɖi ɖe eme.”2 Mose 23:12.

Ðe wònye nu gbegblẽ be woawu lãwoa?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Adela kple tɔƒodela aɖewo wua lãwo ɖe modzakaɖeɖe, vivisese na adedada alo lãwo wuwu ko ta. Ame aɖewo hã ada asi ɖe nya si Russiatɔwo ƒe ŋutinyagbalẽŋlɔla Leo Tolstoy gblɔ be lãwo wuwu kple wo ɖuɖu “mesɔ kura o” la dzi.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu ɖe mɔ be woawu lãwo faa atsɔ akpɔ ame ɖokui ta alo atsɔ awɔ nudodowoe. (2 Mose 21:28; Marko 1:6) Biblia gblɔ hã be amegbetɔwo ate ŋu awu lãwo aɖu. Wogblɔ le 1 Mose 9:3 be: “Nu gbagbe siwo katã ʋãna la nanye nuɖuɖu na mi.” Yesu ŋutɔ hã kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu woɖe tɔmelãwo va ɖu.Yohanes 21:4-13.

Ke hã Biblia gblɔ be Mawu léa “fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.” (Psalmo 11:5) Eya ta eme kɔ be Mawu medi be míasẽ ŋuta le lãwo ŋu alo awu wo ɖe modzakaɖeɖe ta o.

Biblia ɖee fia be lãwo ƒe agbe xɔ asi le Mawu ŋkume ŋutɔ.

  • Biblia gblɔ be le nuwo wɔɣi la, “Mawu wɔ gbemelãwo le wo ƒomeviwo nu, kple aƒemelãwo le wo ƒomeviwo nu, kpakple lã siwo katã tana le anyigba dzi le wo ƒomeviwo nu. Eye Mawu kpɔ be enyo.”1 Mose 1:25.

  • Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Eyae naa nuɖuɖu lãwo.” (Psalmo 147:9) Mawu wɔ anyigbadzinu gbogbo aɖewo siwo nana lãwo kpɔa nuɖuɖu kple mlɔƒe.

  • Israel-fia David do gbe ɖa be: “Oo Yehowa, èxɔna na amegbetɔwo kple lãwo siaa.” (Psalmo 36:6) Le Tsiɖɔɖɔ si xɔ anyigba katã dzi me la, Yehowa kpɔ ame enyi kple lã ƒomevi vovovowo ta hafi tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo.1 Mose 6:19.

Edze kɔtɛe be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe lãwo ŋu eye wòdi be amegbetɔwo nawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie.

“Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe aƒemelãwo.”Lododowo 12:10.