Dzo kpo yi emenuwo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ƒumebɔbɔ Ƒomevi Aɖe Ƒe Aɖu

Ƒumebɔbɔ Ƒomevi Aɖe Ƒe Aɖu

Ƒumebɔbɔ ƒomevi sia (limpet) si ƒe go ƒe dzedzeme le abe hlo ƒe tame ene la ƒe aɖuwo sẽ eteƒe mekɔ o. Eƒe aɖuwo ƒe wɔwɔme le abe tomenu sesẽ aɖe si woyɔna be goethite ene. Aɖuawo tome le abe ka siwo te kpe hemlɔ wo nɔewo ŋu goŋgoŋ ene. Gake eƒe aɖuŋulãwo ya bɔbɔ.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Nane le nu me nɛ abe aɖe ene si dzi aɖu suesuesue gbogbo aɖewo siwo xa gobaa la le. Aɖu mawo ƒe didime mede milimeta ɖeka gɔ̃ hã o. Nu sia si le abe aɖe ene si dzi aɖuawo le lae wòtsɔna haa adruwo ɖuna. Eya ta ele be ŋusẽ tɔxɛ aɖe nanɔ aɖuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu hafi wòate ŋu aha adruawo le agakpewo ŋu.

Numekulawo zã dɔwɔnu deŋgɔ aɖe tsɔ dzidze ŋusẽ si gbegbe le aɖuawo ŋu. Wova de dzesii be ƒumebɔbɔ ƒomevi sia ƒe aɖuwo sẽ wu nu bubu ɖe sia ɖe si wodo kpɔ va yi—esẽ wu yiyiɖɔ kura gɔ̃ hã. Ame si xɔ ŋgɔ na numekukua gblɔ be: “Anyo ŋutɔ ne míewɔ nu siwo míesrɔ̃ tso ale si [ƒumebɔbɔ sia ƒe aɖu] le ŋu la ŋu dɔ le míaƒe nutovɛwo me.”

Numekulawo xɔe se be anya wɔ be woasrɔ̃ nu tso ale si ƒumebɔbɔ sia ƒe aɖu le la ŋu atsɔ awɔ nu siwo woate ŋu azã le ʋuwo, tɔdziʋuwo kple yameʋuwo wɔwɔ me, eye woate ŋu azã wo atsɔ awɔ aɖuwɔwɔewo gɔ̃ hã.

Nu kae nèsusu? Ðe ƒumebɔbɔ ƒomevi sia ƒe aɖu dzɔ le eɖokui sia? Alo ɖe wowɔea?