Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ƒumefɔlĩ Ƒe Ade Si Wòtsɔ Wɔa Ðɔ

Ƒumefɔlĩ Ƒe Ade Si Wòtsɔ Wɔa Ðɔ

ABE adzawo ene la, ƒumefɔlĩwo hã léna ɖe agakpewo, atiwo alo tɔdziʋuwo ŋu. Gake fɔlĩwo meléna ɖe nuwo ŋu kpaɖii abe ale si adzawo wɔnɛ ene o, ɖe woawo ya wokuna ɖe nuwo ŋu segee to ɖɔ aɖe si woƒe ade si wotuna wɔ la dzi. Togbɔ be fɔlĩwo ƒe nuwɔwɔ alea wɔnɛ be wònɔa bɔbɔe na wo be woaɖu nu ahaku ɖe tɔdziʋuwo ŋu woatsɔ wo ayi teƒe bubuwo hã la, edze abe ŋusẽ mele woƒe ɖɔa ŋu be woanɔ te ɖe atsiaƒu ƒe ƒutsotsoewo nu o ene. Ke aleke woƒe ɖɔa nana wokuna ɖe tɔdziʋuwo ŋu be womegena ɖe atsiaƒua me o?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Fɔlĩ ƒe ɖɔa liana goŋgoŋ le akpa ɖeka gake bɔbɔ hedena le akpa kemɛa. Numekulawo va de dzesii be esi ɖɔa ƒe akpa 80 le alafa me liana goŋgoŋ eye akpa 20 mamlɛa le alafa me bɔbɔna tae wòtea ŋu wɔa dɔ nyuie nenema. Esia tae fɔlĩ tea ŋu nɔa te ɖe ƒutsotsoe siwo nɔa ehem ganɔa etutum la nu le tɔdziʋuwo ŋu.

Nufialagã Guy Genin yɔ nu si ŋu woke ɖo le numekuku sia me la be “nukunu” hegblɔ kpee be: “Fɔlĩ ƒe ɖɔ si adea wɔna ƒe akpa bɔbɔea kple akpa si liana goŋgoŋ ƒe dɔwɔwɔ aduadu la gbɔe wòtso be fɔlĩ wɔa nukunu sia.” Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo susu be woate ŋu azã fɔlĩ ƒe ɖɔa le mɔ vovovowo nu; woate ŋu azãe atsɔ aku nuwo ɖe xɔwo ŋu, aku nuwo ɖe tɔdziʋuwo ŋu le tsi me, woate ŋu azãe atsɔ alé lãkusi ɖe ƒuwo ŋu eye amekolawo ate ŋu atsɔe axe abidowo nu ne wole ame kom. Nufialagã J. Herbert Waite si le California Yunivɛsiti le Santa Barbara, Amerika la gblɔ be: “Nu wɔnuku gbogbo aɖewo siwo mele xexlẽme o la li míasrɔ̃ tso nuwɔwɔwo ŋu ku ɖe nulénuwo ŋu.”

Nu kae nèsusu? Ðe ƒumefɔlĩ ƒe ade si wòtsɔ wɔa ɖɔ la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?