Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Dzo Mavɔ? Afi Si Wowɔa Funyafunya Amewo Le Tegbee Wònyea?

Nu Kae Nye Dzo Mavɔ? Afi Si Wowɔa Funyafunya Amewo Le Tegbee Wònyea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Woɖe Hebrigbe me nya “Sheol” kple eƒe Helagbe me tɔ si nye “Hades” si nye ameƒomea ƒe yɔdo gɔme le Biblia aɖewo me be “dzo mavɔ.” (Psalmo 16:10; Dɔwɔwɔwo 2:27) Ame geɖewo xɔ dzo mavɔ dzi se abe ale si wòdze le subɔsubɔhawo ƒe nutata si dze le nyati sia me la mee ene. Ke hã nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu to vovo sãa.

  1. Ame siwo le tsiẽƒe si gɔme woɖena be dzo mavɔ la meganyaa naneke o, eye womesea veve hã o. “Elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afi si yi ge nàla o.”—Nyagblɔla 9:10.

  2. Ame nyuiwo hã yia tsiẽƒe si gɔme woɖena be dzo mavɔ la. Nuteƒewɔla Yakob kple Hiob nɔ mɔ kpɔm be yewoayi afi ma.​—1 Mose 37:35; Hiob 14:13.

  3. Nu vɔ̃ ƒe tohehee nye ku, ke menye funyafunyawɔwɔ ame le tsiẽƒe si gɔme woɖena be dzo mavɔ me o. “Ame si ku la, woɖee tso eƒe nu vɔ̃ me.”—Romatɔwo 6:7.

  4. Funyafunyawɔwɔ amewo tegbee mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o. (5 Mose 32:4) Esi ŋutsu gbãtɔ Adam wɔ nu vɔ̃ la, Mawu gblɔ nɛ be to si yeahe nɛ lae nye be maganɔ agbe o. Egblɔ nɛ be: “Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!” (1 Mose 3:19) Ne ɖe Mawu tsɔ Adam de dzo aɖe si le bibim tegbee me la, ke efia be enye alakpatɔ.

  5. Meva susu me na Mawu kpɔ gɔ̃ hã be yeawɔ funyafunya amewo tegbee o. Nu si wofiaa amewo be Mawu awɔ funyafunya amewo le dzo mavɔ me tegbee la mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia si nye be “Mawu nye lɔlɔ̃” la o.—1 Yohanes 4:8; Yeremiya 7:31.