Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Nàwɔ Anɔ Agbe Tegbee?

Aleke Nàwɔ Anɔ Agbe Tegbee?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia do ŋugbe be: “Ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (1 Yohanes 2:17) Nu kae Mawu di tso asiwò be nàwɔ?

  •   Srɔ̃ nu tso Mawu kple Via Yesu ŋu. Yesu do gbe ɖa na Mawu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Nu kae wòfia be “woanya” Mawu kple Yesu? Míate ŋu anya wo ne míesrɔ̃a Biblia eye míenɔa agbe ɖe emenyawo nu. a Biblia ɖe mía Wɔla, Yehowa Mawu, si nye míaƒe Agbenala la ƒe susuwo fia mí. (Dɔwɔwɔwo 17:24, 25) Biblia gaƒo nu tso Via, Yesu si fia “agbe mavɔ nyawo” amewo la ŋu.—Yohanes 6:67-69.

  •   Xɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se. Yesu va anyigba dzi “be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe.” (Mateo 20:28) Yesu ƒe tafevɔsaa ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. b (Psalmo 37:29) Yesu gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) De dzesii be ebia nu geɖe wu Yesu dzi xɔxɔ se dzro ko. Ele be ‘míaxɔ edzi ase,’ si fia be míatiae be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple eƒe nufiafiawo kple Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu.—Mateo 7:21; Yakobo 2:17.

  •   Tu xɔlɔ̃wɔwɔ sẽŋu ɖo le wò kple Mawu dome. Mawu di be míate ɖe ye ŋu eye míanye ye xɔlɔ̃wo. (Yakobo 2:23; 4:8) Mawu li tegbee. Maku akpɔ gbeɖe o, eye edi be ye xɔlɔ̃wo hã nanɔ agbe tegbee. Mawu to eƒe Nya dzi gblɔ nyui si wòdina na ame siwo katã dinɛ la be: “Mise vivi le agbe me tegbee.”—Psalmo 22:26.

Susu Totro Siwo Le Amewo Si Ku Ðe Agbe Tegbee Nɔnɔ Ŋu

 Susu totro: Amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo ahe agbe tegbee nɔnɔ vɛ.

 Nyateƒea: Togbɔ be ŋgɔyiyi siwo wɔm wole le atikewɔnyawo me la dzena abe ɖe woate ŋu adzi amegbetɔwo ƒe agbenɔƒewo ɖe edzi ene hã la, agbagbadzedze mawo mana amewo nanɔ agbe tegbee o. Mawu ɖeka koe ate ŋu ana míanɔ agbe tegbee elabe eya gbɔe “agbedzɔƒe le.” (Psalmo 36:9) Edo ŋugbe be ‘yeami ku tegbee,’ eye yeana agbe mavɔ amegbetɔ wɔnuteƒewo katã.—Yesaya 25:8; 1 Yohanes 2:25.

 Susu totro: Ame ƒomevi aɖewo koe anɔ agbe tegbee.

 Nyateƒea: Mawu mekpɔa ame ŋkume o. Ke boŋ “le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ame siwo tso teƒe vovovowo eye woƒe dekɔnuwo to vovo, siwo ɖoa to Mawu, ate ŋu anɔ agbe tegbee.

 Susu totro: Agbe tegbee nɔnɔ ati ame.

 Nyateƒea: Mawu, ame si lɔ̃ mí eye wòdi be míakpɔ dzidzɔ lae na mɔnukpɔkpɔa mí be míava nɔ agbe mavɔ. (Yakobo 1:17; 1 Yohanes 4:8) Enya be hafi míakpɔ dzidzɔ la, míehiã dɔ si ŋu taɖodzinu vavã le. (Nyagblɔla 3:12) Mawu do ŋugbe be ame siwo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi la awɔ dɔ si me dzidzeme vavã le, si aɖe vi na wo kple woƒe ame veviwo.—Yesaya 65:22, 23.

 Gawu la, ame siwo anɔ agbe tegbee la ayi edzi asrɔ̃ nu yeye geɖe tso wo Wɔla la kple eƒe nuwɔwɔ gbogboawo ŋu. Ewɔ amegbetɔwo kple didi be woanɔ agbe tegbee ahasrɔ̃ nu tso ye ŋu, togbɔ be ‘womanya mɔnu le dɔ siwo Mawu vavã la wɔ la ŋu tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu o’ hã. (Nyagblɔla 3:10, 11) Eya ta, mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo anɔ agbe tegbee la si be woasrɔ̃ nu dodzidzɔname geɖe ahase vivi na wo wɔwɔ.

a Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple amewo faa, eye womexɔa ga le wo si o. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ video si nye Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e?

b Kpɔ nyati si nye “Yesu Naa Xɔxɔ—Mɔ Ka Nu?