Dzo kpo yi emenuwo dzi

Yesu Naa Ðeɖe—Le Mɔ Ka Nu?

Yesu Naa Ðeɖe—Le Mɔ Ka Nu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Yesu na ɖeɖe amegbetɔ wɔnuteƒewo esi wòtsɔ eƒe agbe na wònye tafe ɖe wo ta. (Mateo 20:28) Eya ta Biblia yɔ Yesu be “xexea ɖela.” (1 Yohanes 4:14) Egagblɔ be: “Xɔxɔ la megale ame bubu aɖeke me o, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, si dzi míato akpɔ xɔxɔ o.”—Dɔwɔwɔwo 4:12.

 Yesu ‘ɖɔ ku kpɔ ɖe ame siwo katã’ xɔa edzi sena la ta. (Hebritɔwo 2:9; Yohanes 3:16) Esia megbe la, “Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome,” eye Yesu zu gbɔgbɔmenuwɔwɔ trɔ yi dziƒo. (Dɔwɔwɔwo 3:15) Le afi ma la, Yesu “ate ŋu aɖe ame siwo le tetem ɖe Mawu ŋu to eya amea dzi la bliboe hã, elabena ele agbe ɣesiaɣi, be wòaxɔ woƒe nya ɖe akɔ.”—Hebritɔwo 7:25.

Nu ka tae wòle be Yesu naxɔ míaƒe nya ɖe akɔ?

 Mí katã míenye nu vɔ̃ wɔlawo. (Romatɔwo 3:23) Nu vɔ̃ nye mɔxenu le mí kple Mawu dome, eye wòkplɔa mí yia ku me. (Romatɔwo 6:23) Ke hã Yesu nyea “ametaʋlila” na ame siwo xɔa eƒe tafevɔsaa dzi sena. (1 Yohanes 2:1, etenuŋɔŋlɔ) Yesu xɔa nya ɖe akɔ ɖe wo ta, eye wòbiaa Mawu be wòase woƒe gbedodoɖawo eye wòanɔ te ɖe yeƒe vɔsakua dzi atsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. (Mateo 1:21; Romatɔwo 8:34) Mawu wɔna ɖe Yesu ƒe biabia mawo dzi elabe wowɔ ɖeka kple Eƒe lɔlɔ̃nu. Mawu dɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi “be woaɖe xexea to edzi.”—Yohanes 3:17.

Yesu dzi xɔxɔ se koe hiã be míakpɔ ɖeɖea?

 Ao. Togbɔ be ele be míaxɔ Yesu dzi se hafi akpɔ ɖeɖe hã la, egabia nu bubu geɖewo hã. (Dɔwɔwɔwo 16:30, 31) Biblia gblɔ be: “Ale si ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema kee xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.” (Yakobo 2:26) Be míakpɔ ɖeɖe la, ele be:

  •   Míasrɔ̃ nu tso Yesu kple Fofoa, Yehowa ŋu.—Yohanes 17:3.

  •   Míaxɔ wo dzi ase.—Yohanes 12:44; 14:1.

  •   Míaɖe míaƒe xɔse afia to woƒe sewo dzi wɔwɔ me. (Luka 6:46; 1 Yohanes 2:17) Yesu fia nu be menye ame sia ame si le ye yɔm be “Aƒetɔ” lae akpɔ ɖeɖe o, negbe ‘ame siwo le ye Fofo si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm’ la ɖeɖe ko.—Mateo 7:21.

  •   Míayi edzi aɖe xɔse afia ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã. Yesu na esia me kɔ ƒãa esi wògblɔ be: “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.”—Mateo 24:13.