Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Babilon Gã La?

Nu Kae Nye Babilon Gã La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Babilon Gã si woɖɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la le tsitre ɖi na xexea me ƒe alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo, eye Mawu lé fui. a (Nyaɖeɖefia 14:8; 17:5; 18:21) Togbɔ be subɔsubɔha siawo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le mɔ geɖewo nu hã la, wo katã wokplɔa amewo tranae ale be womagasubɔ Yehowa, Mawu vavã la o.​—5 Mose 4:35.

Nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi Babilon Gã la

  1.   Babilon Gã la nye dzesi. Biblia ɖɔe be enye “nyɔnu” eye wònye “gbolo gã” eye ŋkɔ si nye “nya ɣaɣla” le esi, eyae nye “Babilon Gã la.” (Nyaɖeɖefia 17:1, 3, 5) Esi wònye be ɖe woɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nyawo fia to “dzesiwo me” ta la, esɔ be míaƒo nya ta be menye nyɔnu ŋutɔŋutɔe Babilon Gã la nye o, ke nane ƒe dzesi ko wònye. (Nyaɖeɖefia 1:1) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ‘ebɔbɔ nɔ tsi geɖewo dzi,’ si tsi tre ɖi na “amewo kple amehawo kple dukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo.” (Nyaɖeɖefia 17:1, 15) Nyɔnu ŋutɔŋutɔ mate ŋu awɔ nu sia o.

  2.   Babilon Gã la le tsitre ɖi na xexea me katã ƒe nuɖoanyi aɖe. Woyɔe be “du gã, si ƒe fiaɖuƒe kpɔ ŋusẽ ɖe anyigbadzifiawo dzi.” (Nyaɖeɖefia 17:18) Esia fia be ekeke ta eye eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi de du.

  3.   Babilon Gã la nye subɔsubɔhabɔbɔ, ke menye dunyaheha alo asitsaha o. Blema Babilon nye du si xɔ ŋkɔ le subɔsubɔnyawo me, wonyae ɖe eƒe “gbesawo” kple eƒe “dzosasa geɖeawo” ta. (Yesaya 47:1, 12, 13; Yeremiya 50:1, 2, 38) Alakpasubɔsubɔ si Mawu vavã, Yehowa, lé fui la yi edzi le du ma me. (1 Mose 10:8, 9; 11:2-4, 8) Babilon-fiawo do wo ɖokuiwo ɖe dzi ɖe Yehowa ŋu eye wotsi tre ɖe eƒe subɔsubɔ ŋu. (Yesaya 14:4, 13, 14; Daniel 5:2-4, 23) Nenema kee wonya Babilon Gã la hã ɖe eƒe “gbɔgbɔyɔnuwɔnawo” ta. Esia ɖee fia be enye subɔsubɔhabɔbɔ.​—Nyaɖeɖefia 18:23.

     Babilon Gã la menye dunyahehabɔbɔ o, elabena Biblia gblɔ be, “anyigbadzifiawo” xa nu esi wotsrɔ̃e. (Nyaɖeɖefia 17:1, 2; 18:9) Menye asitsahabɔbɔ hãe wònye o, elabena Biblia me nyawo ɖee fia be eto vovo na “anyigbadzisitsalawo.”​—Nyaɖeɖefia 18:11, 15.

  4. Babilon Fia Nabonido ƒe Kpetata si dzi mawuetɔ̃ƒokpli siwo nye Sin, Istar, kple Samas ƒe tata le

      Ale si woɖɔ Babilon Gã la sɔ kple alakpasubɔsubɔhawo pɛpɛpɛ. Le esi woafia amewo ale si woawɔ ate ɖe Mawu vavã, Yehowa, ŋu teƒe la, ɖe wonana amewo subɔa mawu bubuwo boŋ. Biblia yɔ nuwɔna sia be “gbɔgbɔmehasi.” (3 Mose 20:6; 2 Mose 34:15, 16) Mawuɖekaetɔ̃ alo Trinita Kɔkɔe kple luʋɔ makumaku ƒe nufiafiawo kpakple nuwɔnawo abe nɔnɔmewɔwɔwo zazã le subɔsubɔ me la dzɔ tso blema Babilon, eye woyi edzi xɔ aƒe ɖe alakpasubɔsubɔhawo me. Xexea me nuwo lɔlɔ̃ hã xɔ aƒe ɖe wo me. Biblia yɔ nuteƒemawɔmawɔ sia tɔgbi be gbɔgbɔmehasiwɔwɔ.​—Yakobo 4:4.

     Biblia ɖɔ Babilon Gã la be ‘edo aɖabɛwu kple awu dzĩ’ eye “wòtsɔ sika kple kpe xɔasiwo kple dzonuwo ɖo atsyɔ̃ na eɖokui,” si ɖe eƒe kesinɔtɔnyenye fia. Alea kee wòle le alakpasubɔsubɔhawo hã gome. (Nyaɖeɖefia 17:4) Babilon Gã la mee “anyigbadziŋunyɔnuwo” alo nufiafia kple nuwɔna siwo katã medea bubu Mawu ŋu o la dzɔ tso. (Nyaɖeɖefia 17:5) Ame siwo le alakpasubɔsubɔhawo me woe nye “amewo kple amehawo kple dukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo” siwo wɔ ɖeka kple Babilon Gã la.​—Nyaɖeɖefia 17:15.

 Babilon Gã lae le megbe na “ame siwo katã wowu le anyigba dzi la.” (Nyaɖeɖefia 18:24) Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la, alakpasubɔsubɔhawo da megbe na aʋawɔwɔ kple nu vlo wɔwɔwo, eye womefiaa woƒe hameviwo nyateƒe si ku ɖe Yehowa si nye lɔlɔ̃ Mawu la ŋu o. (1 Yohanes 4:8) Esia na wokɔ ʋu geɖe ɖi. Eya ta esɔ be ame siwo katã di be yewoadze Mawu ŋu la ‘nado go le’ Babilon Gã la me, si fia be woaɖe wo ɖokuiwo ɖa tso alakpasubɔsubɔhawo gbɔ.​—Nyaɖeɖefia 18:4; 2 Korintotɔwo 6:14-17.