Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Yesu Ƒe Dzedzeme Nɔ?

Aleke Yesu Ƒe Dzedzeme Nɔ?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Esi Biblia meɖɔ Yesu ƒe dzedzeme o ta la, ame aɖeke menya ale si tututu eƒe dzedzeme nɔ o. Esia fia be Yesu ƒe dzedzeme nyanya mele vevie o. Ke hã, Biblia kpe ɖe mía ŋu míenya ale si Yesu ƒe dzedzeme anya anɔ.

  •   Eƒe Dzedzeme: Yudatɔe Yesu nye eya ta eƒe dzedzeme anya nɔ abe nɔa si nye Sem ƒe dzidzimevi la tɔ ene. (Hebritɔwo 7:14) Anye be eƒe dzedzeme menɔ etɔxɛ o. Ɣeaɖeɣi la, ete ŋu zɔ mɔ le adzame tso Galilea yi Yerusalem eye ame aɖeke mekpɔe dze sii o. (Yohanes 7:10, 11) Eye edze abe ne Yesu le eƒe nusrɔ̃lawo dome kura gɔ̃ hã la, vovototo boo aɖeke menɔa eya kple woawo dome o. Àɖo ŋkui be, ɖe Yuda Iskariot wɔ nane tsɔ de dzesi Yesu hafi amehawo va lée.​—Mateo 26:47-49.

  •   Eƒe ɖa ƒe didime: Ða legbe menya nɔ ta na Yesu o elabe Biblia gblɔ be “ne ɖa legbe le ta na ŋutsu la, enye ŋukpe nɛ.”​—1 Korintotɔwo 11:14.

  •   Eƒe ge: Yesu ɖo ge. Ewɔ ɖe se si wode na Yuda ŋutsuwo be ‘woagafɔ woƒe ge dzi ɖewoɖewoe o’ la dzi. (3 Mose 19:27; Galatiatɔwo 4:4) Azɔ hã, Biblia ƒo nu tso Yesu ƒe ge ŋu le nyagblɔɖi aɖe si ku ɖe eƒe fukpekpewo ŋu me.​—Yesaya 50:6.

  •   Eƒe ametia: Nu sia nu ɖee fia be ŋusẽ nɔ Yesu ŋu. Esi wònɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm la, ezɔa mɔ kilometa gbogbo aɖewo. (Mateo 9:35) Ekɔ Yudatɔwo ƒe gbedoxɔa ŋu zi eve, esi wòtrɔ gaɖɔlilawo ƒe gawo ƒu gbe eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye gbe ɖeka etsɔ atam nya lãwo do goe le gbedoxɔa me. (Luka 19:45, 46; Yohanes 2:14, 15) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo katã ƒe nyawo ɖee fia be [Yesu] nɔ lãmesẽ me eye ŋusẽ nɔ eŋu.”​—McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia Babla IV, axa 884.

  •   Eƒe mo ƒe dzedzeme: Yesu doa vivi ɖe ame ŋu hekpɔa nublanui na ame, ɖikeke mele eme o be esia dzena le mo nɛ. (Mateo 11:28, 29) Ame ƒomevi vovovowo te ŋu tena ɖe eŋu hena akɔfafa kple kpekpeɖeŋu. (Luka 5:12, 13; 7:37, 38) Egbɔ nɔnɔ dzɔa dzi na ɖeviwo gɔ̃ hã.​—Mateo 19:13-15; Marko 9:35-37.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe Yesu ƒe dzedzeme ŋu

 Susu totro: Ame aɖewo gblɔna be anɔ eme be Afrikatɔe Yesu nye elabe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ tsɔ eƒe taɖa sɔ kple “alẽfu ɣi” eye wòtsɔ eƒe afɔ sɔ kple “akɔbli nyui si wode kpo me wòbiã hẽe.”​—Nyaɖeɖefia 1:14, 15.

 Nyateƒea: Nya siwo woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la nye nu siwo woɖe fia to “dzesiwo” me. (Nyaɖeɖefia 1:1) Ale si woɖɔ Yesu ƒe taɖa kple afɔwo la nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si wotsɔ fia Yesu ƒe nɔnɔmewo le eƒe tsitretsitsi megbe, ke menye ale si eƒe dzedzeme nɔ esi wònɔ anyigba dzi o. Esi Nyaɖeɖefia 1:14 gblɔ le Yesu ŋu be “eƒe ta kple taɖa fu tititi abe alẽfu ɣi alo sno ene” la, taɖaa ƒe amadede gblɔm wole ke menye eƒe wɔwɔme o. Esia tsi tre ɖi na nunya si gbegbe le esi le eƒe ƒexɔxɔ ta. (Nyaɖeɖefia 3:14) Mawunyakpukpui sia metsɔ Yesu ƒe taɖa le sɔsɔm kple alẽfu ƒe wɔwɔme o abe ale si ko metsɔe sɔ kple sno ƒe wɔwɔme o ene.

 Yesu ƒe afɔwo le “abe akɔbli nyui si wode kpo me wòbiã hẽe ene.” (Nyaɖeɖefia 1:15) Azɔ hã, eƒe mo nɔ “abe ɣe si le keklẽm sesĩe ene.” (Nyaɖeɖefia 1:16) Esi dukɔ aɖeke me tɔwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede mele nenema o ta la, ŋutegaa nye nane ƒe dzesi, si fia be Yesu si wofɔ ɖe tsitre la “le kekeli si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me.”​—1 Timoteo 6:16.

 Susu totro: Yesu nye ame beli.

 Nyateƒea: Yesu wɔa ŋutsu le eƒe nuwɔnawo me. Le kpɔɖeŋu me, Yesu zɔ va ameha siwo lé lãnu ɖe asi va elé ge la gbɔ hegblɔ dzinɔameƒotɔe be nyee nye esi. (Yohanes 18:4-8) Ŋusẽ anya nɔ Yesu ŋu be wòanye atikpala eye wòazã dɔwɔnu siwo abia be ame ŋutɔ nazã eƒe ŋusẽ.​—Marko 6:3.

 Ke nu ka tae wòhiã be ame aɖe nakpe ɖe Yesu ŋu be wòatsɔ eƒe fuwɔametia? Eye nu ka tae wòku do ŋgɔ na ame siwo wohe ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu la? (Luka 23:26; Yohanes 19:31-33) Do ŋgɔ teti hafi woahe Yesu ɖe ati ŋu la, ŋusẽ vɔ le eŋu vevie. Zã si do ŋgɔ la, nuxaxa vevie wɔe be mete ŋu mlɔ anyi dɔ alɔ̃ o. (Luka 22:42-44) Yudatɔwo sẽ ŋuta le eŋu le zã ma me, eye Romatɔwo wɔ funyafunyae le ŋufɔke. (Mateo 26:67, 68; Yohanes 19:1-3) Nu mawo katã anya na be Yesu ku kaba.

 Susu totro: Yesu nye blanuiléla makpɔdzidzɔ.

 Nyateƒea: Yesu ɖe Fofoa si le dziƒo, ame si Biblia yɔ be “Mawu dzidzɔtɔ la” ƒe nɔnɔmewo fia bliboe. (1Timoteo 1:11; Yohanes 14:9) Le nyateƒe me la, Yesu fia amewo ale si woawɔ anye dzidzɔtɔwo. (Mateo 5:3-9; Luka 11:28) Nya siawo ɖee fia be dzidzɔ dzena le mo na Yesu zi geɖe.