Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NƆ ŊUDZƆ!

Ame Akpeakpewo Le Sisim Le Ukraine

Ame Akpeakpewo Le Sisim Le Ukraine

 Le February 24, 2022 dzia, Russia va dze Ukraine dzi, esia wɔe be ame miliɔn gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖo afɔku me eye wote sisi yi dukɔ bubuwo me enumake. a

 “Tukpewo nɔ ɖiɖim le afi sia afi. Wonɔ bɔmbwo dam. Menɔ vɔvɔm ale gbegbe be nye dzi katã koe tsi ya me. Esi míese be ketekewo le amewo kɔm yi dukɔ bubuwo mea, míetiae be míawo hã míasi. Màte ŋu atsɔ nu boo aɖeke o, akplo sue aɖe koe woɖe mɔ be ame sia ame natsɔ. Nu siwo míete ŋu tsɔ koe nye míaƒe agbalẽ vevi aɖewo, atikewo, tsinono kple numeɖenu aɖewo. Míegblẽ nu sia nu ɖi, eye míesi yi ketekeɖoƒea esime bɔmbwo nɔ wòwóm.”—Nataliia, etso Ukraine du si nye Kharkiv me.

 “Esime nu siawo katã nɔ dzɔdzɔma, mímesusui be ahe aʋa vɛ o. Menɔ bɔmb ƒe wòwó sem le dua ƒe akpa aɖewo, eye fesrewo nɔ ʋuʋum. Eya ta mesi, eye nu vevi aɖewo koe mete ŋu tsɔ. Medzo le aƒe me ŋdi ga 8 vae ɖo keteke yi Lviv eye meva ɖo ʋu yi Poland.”—Nadija, etso Ukraine du si nye Kharkiv me.

Nyati sia aɖo biabia siawo ŋu

 Nu kawo koŋ tae wòva hiã be amewo nasi le Ukraine adi sitsoƒe?

 Amewo te sisi le Ukraine elabe Russia srafowo va dze Ukraine dukɔa dzi. Ke hã, Biblia na míenya nu siwo koŋ tae amewo va zua sitsoƒedilawo; esia ƒe ɖewoe nye:

  •   Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo le xexea me do kpo nu; womete ŋu le ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔm o. Dziɖuɖuwo zãa woƒe ŋusẽwo le mɔ gbegblẽ nu tsɔ tea amewo ɖe to.—Nyagblɔla 4:1; 8:9.

  •   Satana Abosam, si nye “xexea dzi ɖula” kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ameƒomea dzi ale gbegbe be Biblia gblɔ be: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.”—Yohanes 14:30; 1 Yohanes 5:19.

  •   Tsɔ kpe ɖe kuxi gbogbo siwo me tom ameƒomea le ƒe alafa geɖee nye esia ŋu la, fifiaa, míele ɣeyiɣi si ŋu nya wogblɔ ɖi le Biblia me be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava.” (2 Timoteo 3:1) Gawu la, nu siwo anɔ dzɔdzɔm le ŋkeke mamlɛawo me ƒe ɖewoe nye aʋawɔwɔwo, dzɔdzɔmefɔkuwo, nuɖuɖu ƒe veve kple dɔvɔ̃wo. Nu siawo ate ŋu awɔe be amewo nasi le woƒe aƒewo me.—Luka 21:10, 11.

 Afi kae sitsoƒedilawo ate ŋu akpɔ akɔfafa le?

 Biblia ɖee fia be mía Wɔla, Yehowa b nye Mawu lɔ̃ame, eye eƒe dɔme trɔna ɖe ame siwo si le woƒe aƒewo me vae le sitsoƒe dim la ŋu. (5 Mose 10:18) Edo ŋugbe be yeava kpɔ ame siwo nye sitsoƒedilawo ƒe kuxiwo gbɔ na wo, to eƒe dziɖuɖu si le dziƒo, si woyɔna be Mawu Fiaɖuƒe la dzi. Fiaɖuƒe sia ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. (Daniel 2:44; Mateo 6:10) Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒea dzi atsrɔ̃ Satana Abosam. (Romatɔwo 16:20) Fiaɖuƒe sia aɖu anyigba bliboa dzi, eye aɖe dukɔwo ƒe liƒowo siwo de mama dukɔwo dome la ɖa. Amegbetɔwo katã azu ƒome ɖeka le anyigba bliboa dzi. Magadzɔ gbeɖe be ame aɖe nasi le eƒe me o, elabe Biblia do ŋugbe be: “Wo dometɔ ɖe sia ɖe abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o, elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe nue gblɔe.”—Mika 4:4.

 Mawu Fiaɖuƒea koe akpɔ sitsoƒe didi ƒe nya siawo katã gbɔ tegbee. Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe nu siwo katã wɔnɛ be amewo va zua sitsoƒedilawoa ɖa. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa:

 Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe sitsoƒedilawo ŋu egbea?

 Ɛ̃. Biblia do etsɔme nyui aɖe ƒe ŋugbe na sitsoƒedilawo, gake menye ema koe o. Biblia na mɔfiame nyui aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe kuxi siwo me tom wole la nu egbea gɔ̃ hã.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.

 Efia be: Bu afɔku siwo ate ŋu adzɔ kple nu siwo nàwɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta la ŋu. Nɔ ŋudzɔ ɖe nu gbegblẽ wɔlawo kple fiafiwo ŋu. Woadi be yewoawɔ nɔnɔmea ŋu dɔ ada dzo mi, esi mienye sitsoƒedilawo ta.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.”—1 Timoteo 6:8.

 Efia be: Mègatsɔ susu ɖo ŋutilãmenuwo ŋu o. Ne nu siwo ŋu nànɔ agbe ɖo siwo le asiwò dze ŋuwòa, àkpɔ dzidzɔ geɖe.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Eya ta nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.

 Efia be: Gbɔ dzi ɖi eye nànyo dɔme. Nɔnɔme siawo ana ame siwo dome nèle la nade bubu ŋuwò eye mi kpli wo dome nanyo.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.”—Romatɔwo 12:17.

 Efia be: Mègaɖe mɔ dziku nana nàwɔ wɔɖenui ne womewɔ nu ɖe ŋuwò nyui o. Ðeko esia ana nuwo nagagblẽ ɖe edzi.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.”—Filipitɔwo 4:13.

 Efia be: Na Mawu nanye ame vevitɔ na wò le agbe me eye nànɔ gbe dom ɖa nɛ. Ado ŋusẽ wò eye akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe nɔnɔmea nu.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

 Efia be: Bia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò be wò dzi kple susu me nadze akɔ anyi le nɔnɔme si me nèle la me. Kpɔ nyati si nye “Philippians 4:6, 7—‘Do Not Be Anxious About Anything’” (“Philippiens 4:6, 7: ‘Ne vous inquiétez de rien.’”)

a Esi Russia dze Ukraine dzia, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔdzikpɔhagã Na Sitsoƒedilawo (UNHCR) gblɔ be, nɔnɔme sia bia be amewo nawɔ nu kpata asi ɖe woƒe agbe ta. Le ŋkeke 12 pɛ ko mea, ame miliɔn eve kple edzivɔe si tso Ukraine yi dukɔ bubuwo me. Eye ame miliɔn ɖeka aɖewo hã si le woƒe aƒewo me yi Ukraine dukɔa ƒe akpa bubuwo be yewoavae di sitsoƒe.

b Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?