Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

YURI LASHOV/AFP via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nawɔ Aʋa? Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nawɔ Aʋa? Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Abe ale si míekpɔe le aʋa si le edzi yim le Ukraine me enea, sɔlemeha geɖe ƒe ŋgɔnɔlawo le dzi dem ƒo na amewo be woawɔ aʋaa. De dzesi ale si subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo le akpa evea siaa dzi demee:

  •   “Mi aʋakalẽtɔ siwo katã le mía de Ukraine ta ʋlim tso futɔa si mea, miedze na bubu kple akpedada geɖe . . . Míelɔ̃ mi, míele megbe na mi ɣesiaɣi, eye míele gbe dom ɖa ɖe mia ta vevie.”—Kyiv ƒe Bisiɔp gã, Epiphanius I, The Jerusalem Post, March 16, 2022.

  •   “Russia Ortodoks Sɔlemehaa ƒe tatɔ wɔ tsɔtsi na Russia srafowo le Kwasiɖagbe eye wòde dzi ƒo na wo be woaʋli woƒe dukɔa ta esime dziɖuɖua kpɔtɔ le aʋa wɔm kple Ukraine, ‘elabe Russia vidzidziwo koe ate ŋu awɔe.’”—Reuters, April 3, 2022.

 Ðe wòle be Kristotɔwo nawɔ aʋa? Nya kae Biblia Gblɔ?

Nya si tututu Biblia gblɔ

 Biblia na míenya be Yesu Kristo yomedzela vavãwo mewɔa aʋa o.

  •   “Gbugbɔ wò yi la de eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi ɖe ame ŋu la, yi nue woatsi.”—Mateo 26:52.

     Ne ame aɖe da asi ɖe aʋawɔwɔ dzi alo kpɔa gome le emea, ɖe wòle Yesu ƒe nyaa dzi wɔm vavã?

  •   “Mele se yeye nam mi be mialɔ̃ mia nɔewo; ale si melɔ̃ mi la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:34, 35.

     Ne ame aɖe kpea asi ɖe aʋawɔwɔ ŋua, ɖe wòle lɔlɔ̃ si tɔgbi Yesu gblɔ be woakpɔ le yeƒe nusrɔ̃lawo alo ye yomedzelawo domea ɖem fia?

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nya sia ŋua, xlẽ nyati si nye “Ðe Wòsɔ Be Kristotɔwo Nayi Aʋa?

Ðe wòle be Kristotɔwo nawɔ aʋa egbea?

 Ðe susu le eme be míakpɔ mɔ be Kristotɔwo nagawɔ aʋa egbea oa? Ɛ̃. Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ŋkekea, si woyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” mea, ame siwo atso dukɔwo katã mea “magasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o,” abe ale si Yesu fia nui ene.—Yesaya 2:2, 4.

 Eteƒe madidi o, Yehowa a si nye “ŋutifafa ƒe Mawu la,” ato eƒe dziɖuɖu si le dziƒoa dzi aɖe amewo “tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Filipitɔwo 4:9; Psalmo 72:14.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.