Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Kple Kristo Ŋu

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Kple Kristo Ŋu

Togbɔ be amewo subɔa mawu geɖewo hã la, Mawu vavã ɖeka koe li. (Yohanes 17:3) Eyae nye “Nuwokatãtaƒola,” nuwo katã Wɔla, eye eya gbɔe nu gbagbewo katã ƒe agbe dzɔ tso. Eya ɖeka koe dze, wòle be míasubɔ.—Daniel 7:18; Nyaɖeɖefia 4:11.

Ame Kae Nye Mawu?

Mawu ƒe ŋkɔ dze le nuŋlɔɖi gbãtɔwo me ABE ZI 7,000 SƆŊ ENE

YEHOWA Ye nye Mawu ƒe ŋkɔ

AƑETƆ, MAWU, FOFO Nye Yehowa ƒe bubuŋkɔ aɖewo

Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe? Mawu ŋutɔ gblɔ be: “Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee.” (Yesaya 42:8) Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze le Biblia me abe zi 7,000 sɔŋ ene. Ke hã, le Biblia geɖe me la, wotsɔ bubuŋkɔ abe “Aƒetɔ” ene ɖɔli eƒe ŋkɔ. Mawu di be nànye ye xɔlɔ̃, eya ta ede dzi ƒo na wò be ‘nàyɔ yeƒe ŋkɔ.’—Psalmo 105:1.

Bubuŋkɔ Siwo Le Yehowa Si. Biblia yɔa bubuŋkɔwo abe “Mawu,” “Ŋusẽkatãtɔ,” “Wɔla,” “Fofo,” “Aƒetɔ” kple “Dziɖulagã” ene na Yehowa. Woŋlɔ gbedodoɖa geɖe ɖe Biblia me siwo me ame siwo nɔ gbea dom ɖa na Yehowa la, zã bubuŋkɔwo kple eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si nye Yehowa la siaa le.—Daniel 9:4.

Ale Si Mawu Le. Mawu nye gbɔgbɔ si ŋku mate ŋu akpɔ o. (Yohanes 4:24) Biblia ɖo kpe edzi be “ame aɖeke mekpɔ Mawu . . . kpɔ o.” (Yohanes 1:18) Biblia ɖe ale si Mawu sena le eɖokui me fia. Amewo ƒe nuwɔnawo ate ŋu ado nuxaxa nɛ loo alo woƒe nuwɔna ‘nanyo eŋu.’—Lododowo 11:20; Psalmo 78:40, 41.

Mawu Ƒe Nɔnɔme Wɔnukuwo. Dukɔ ka ke mee ame aɖe tso alo nɔnɔme ka ke mee woɖale o, Mawu mekpɔa ame ŋkume o. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Azɔ hã, enye “nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” (2 Mose 34:6, 7) Gawu la, Mawu ƒe nɔnɔme ene aɖewo léa dzi na mí wu.

Ŋusẽ. Esi wònye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ” ta la, ŋusẽ si seɖoƒe melina o le esi wòatsɔ awɔ nu siwo katã ƒe ŋugbe wòdo.—1 Mose 17:1.

Nunya. Mawu ƒe nunya ƒo ame sia ame tɔ ta. Le susu ma ta la, Biblia gblɔ be eya koe nye “nunyala ɖeka hɔ̃.”—Romatɔwo 16:27.

Dzɔdzɔenyenye. Mawu wɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi. Eƒe nuwɔnawo “de blibo,” eye “mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o.”—5 Mose 32:4.

Lɔlɔ̃. Biblia gblɔ be “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Menye ɖeko Mawu ɖea lɔlɔ̃ fiana o, eya ame bliboa nye lɔlɔ̃. Eƒe lɔlɔ̃ si ƒo ɖe sia ɖe ta lae ʋãnɛ le nu sia nu si wòwɔna me, eye esia ɖea vi na mí le mɔ geɖewo nu.

Mawu Di Be Amegbetɔwo Nadze Xɔ̃ Ye. Mawue nye mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒowo. (Mateo 6:9) Ne míexɔ edzi se la, míate ŋu anye exɔlɔ̃wo. (Psalmo 25:14) Le nyateƒe me la, Mawu le kpewòm be nàte ɖe ye ŋu le gbedodoɖa me eye ‘nàdro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe ye dzi, elabena eléa be na wò.’—1 Petro 5:7; Yakobo 4:8.

Vovototo Kae Le Mawu Kple Kristo Dome?

Menye Yesue Nye Mawu O. Yesu le etɔxɛ elabena eya ɖeka koe Mawu ŋutɔ wɔ. Ema tae Biblia yɔe be Mawu ƒe Vi. (Yohanes 1:14) Esi Mawu wɔ Yesu vɔ megbe la, Yehowa zã eƒe ŋgɔgbevi la wònye “dɔwɔla bibi” si dzi wòto wɔ nu sia nu kple ame sia ame.—Lododowo 8:30, 31; Kolosetɔwo 1:15, 16.

Yesu Kristo megblɔ kpɔ be yenye Mawu o. Ke boŋ eɖe eme be: “Eteƒenɔlae menye, eye [Mawu ye] dɔm ɖa.” (Yohanes 7:29) Esi Yesu nɔ nu ƒom kple eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la, eyɔ Yehowa be “Fofonye kple mia Fofo, nye Mawu kple mia Mawu.” (Yohanes 20:17) Esi Yesu ku la, Yehowa gbɔ agbee wòyi dziƒo, eye wòna ŋusẽ gã aɖee le Eƒe ɖusime.—Mateo 28:18; Dɔwɔwɔwo 2:32, 33.

Yesu Kristo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàte Ðe Mawu Ŋu

Yesu va anyigba dzi va fia nu mí tso Fofoa ŋu. Yehowa ŋutɔ gblɔ tso Yesu ŋu be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o. Miɖo toe.” (Marko 9:7) Yesu nya Mawu nyuie wu ame bubu ɖe sia ɖe. Egblɔ be: “Ame aɖeke menya ame si Fofo la nye o, negbe Vi la, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia la ko.”—Luka 10:22.

Yesu ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fia le mɔ deblibo nu. Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe nɔnɔmewo pɛpɛpɛ ale gbegbe be wòte ŋu gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yohanes 14:9) Esi Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe lɔlɔ̃ eye wòɖee fia le nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo me ta la, eto edzi he amewo ɖe Mawu ŋu. Egblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Egblɔ hã be: “Nyateƒetadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena le nyateƒe me la, ame siawo tɔgbi dimee Fofo la le be woade ta agu na ye.” (Yohanes 4:23) Bu nya ma ŋu kpɔ! Yehowa le ame siwo le abe wò ene, siwo di be yewoanya nyateƒe si ku ɖe ye ŋu la dim.