Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA VA XƆ ÐE BIBLIA TEƑEA?

Ale Si Dzɔdzɔmeŋutinunya Ðea Vi Na Wòe

Ale Si Dzɔdzɔmeŋutinunya Ðea Vi Na Wòe

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya gɔme be, enye “nusɔsrɔ̃ tso dzɔdzɔmenuwo ƒe nɔnɔme kple ɣletinyigba siwo le yamenutowo me ƒe zɔɖeɖe ŋu tsitotsito to wo dodo kpɔ, ŋkuléle ɖe wo ŋu kple wo ŋuti kɔntabubuwo me.” Ebia kutrikuku geɖe hafi woawɔ esia, eye zi geɖe la, dɔa tea ɖeɖi ame ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kua kutri doa nuwo kpɔ heléa ŋku ɖe wo ŋu hena kwasiɖawo, ɣletiwo, alo ƒe geɖee gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi la, woƒe agbagbadzedzewo meɖea vi aɖeke o, ke hã woƒe dɔawo ɖe vi na ameƒomea le go geɖe me. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Asitsaha aɖe si le Europa la tsɔ aŋe sesẽwo kple sranui deŋgɔwo tsɔ wɔ tsitsyɔnu aɖe si tsyɔa tsi ƒoɖi wòzua tsi nyui, be amewo nagano tsi ƒoɖi o, ale be woaƒo asa na dɔlélewo. Wozãa tsitsyɔnu siawo ƒomevi ne dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le teƒe aɖewo, abe anyigbaʋuʋu si dzɔ le Haiti le ƒe 2010 me ene.

Woda mɔ̃ siwo woyɔna be satelait la ɖe yame ʋĩi woƒoa xlã anyigbaa hedoa ka kple wo nɔewo eye wozu mɔfianu si wona ŋkɔe be GPS. Togbɔ be le gɔmedzedzea me la, asrafowo koŋue wowɔ mɔfianu sia na hã, ekpena ɖe ʋukulawo, yameʋukulawo, melikulawo, adelawo kple mɔzɔla tsaɖilawo ŋu be woagabu o. Ame siwo to GPS-mɔfianua vɛ la na wòle bɔbɔe fifia be mɔzɔla naɖo afi si yim wòle dedie.

Ðe nèwɔa asitelefon, kɔmpiuta, alo Internet ŋu dɔa? Ðe nèkpɔe be wò dɔléle ka ɖe eme na ye alo yele lãmesẽ nyui me fifia le atike deŋgɔ si wowɔ na wò ta? Ðe nèɖoa yameʋua? Ne èɖo eŋu be ɛ̃ la, ekema wò hã èle gome kpɔm le viɖe gbogbo siwo dzɔdzɔmeŋutinunya he vɛ na ameƒomea la me. Ena agbea ka ɖe eme na wò le go geɖe me.

DZƆDZƆMEŊUTINUNYA ƑE SEÐOƑE

Esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi ta la, woyi edzi le numekuku wɔm le dzɔdzɔmenuwo ŋu le xexea me godoo egbea. Nukliaŋutinunyalawo léa ŋku ɖe ale si atɔm wɔa dɔe le etome ŋu, eye ɣletiviŋutinunyalawo hã srɔ̃a nu tso ale si ɣletiviwo nɔ le ƒe biliɔn geɖe siwo va yi me ŋu ale be yewoanya ale si xexe bliboa wɔ va dzɔ. Esi wole yamenutoa me tsam yi didiƒe ʋĩi hele nu siwo ŋku mate ŋu akpɔ o kple nu siwo asi mate ŋu alé o dim ta la, wo dometɔ aɖewo xɔe se be, ne Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la li la, ke ele be yewoake ɖe eŋu.

Menye nu ma koe ame mawo kple xexemenunyala xɔŋkɔwo susu o. Ke wolé nu si dzɔdzɔmeŋutinunyala agbalẽŋlɔla Amir D. Aczel yɔ be, “dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe kpeɖodzi siwo ɖee fia be Mawu meli o” hã me ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖe si wonya nyuie le xexea me godoo la gblɔ be, “esi womeke ɖe kpeɖodzi aɖeke ŋu be Mawu aɖe li si wɔ akpa vevi aɖe le xexe bliboa wɔwɔ me o ta la, esia ɖee fia ɖikekemanɔmee be mawu ma meli o.” Eye wo dometɔ aɖewo hã gblɔna be “akunyawɔwɔ” kple “amefuflu manyatalenu” ye Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe dɔwɔwɔwo nye. *

Gake biabia lae nye be: Ðe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo srɔ̃ nu tso dzɔdzɔmenuwo ŋu ale si dze be woaƒo nya keŋkeŋ azɔa? Ŋuɖoɖoae nye ao. Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖe hã la, wo dometɔ geɖe lɔ̃ ɖe edzi be nu gbogbo aɖewo gali siwo yewomenya haɖe o, siwo ɖewohĩ yewomate ŋu anya gbeɖe o. Dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ, Steven Weinberg, si xɔ Nobel nunana le dzɔdzɔmenuwo gɔmesese ŋu la gblɔ be: “Míate ŋu anya nu tso dzɔdzɔmenuwo ŋu keŋkeŋ gbeɖe o.” Nufialagã, Martin Rees, si nye Britain Fiaƒometɔ Ɣletiviŋutinunyala la, ŋlɔ bena: “Nanewo li siwo gɔme amegbetɔwo mate ŋu ase gbeɖe o.” Nyateƒea ye nye be dzɔdzɔmenu geɖewo gakpɔtɔ li siwo gɔme dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo li egbea mekpɔ se o—tso lãmenugbagbevi suetɔ kekeake dzi yi ɖe nu siwo le xexe gbahooa me dzi. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu siawo ɖa:

  • Nugbagbeŋutinunyalawo mekpɔ se lãmenugbagbeviwo ƒe dɔwɔwɔ gɔme bliboe o. Eye nu siwo gɔme womekpɔ se o ye nye ale si lãmenugbagbeviwo nyia wo ɖokuiwoe, ale si wowɔa nunyiame siwo nye protein-wo kple ale si wowɔna dzina ɖe edzii.

  • Nuheŋusẽ kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi gbe sia gbe le aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe me. Ke hã, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo metea ŋu sea egɔme o. Womenya ale si tututu nuheŋusẽ hea wò ɖe anyi ne èti kpo alo ale si wòwɔna be ɣletia ƒoa xlã anyigbaa pɛpɛpɛ evɔ metena ɖa le eƒe mɔ dzi gbeɖe o.

  • Yamenutomeŋutinunyalawo bu akɔnta be nu siwo wotsɔ wɔ xexe gbahooa la ƒe akpa si ade 95 le alafa me la nye nu makpɔmakpɔwo kple nu siwo woƒe mɔ̃wo mate ŋu ade dzesii o. Woma nu wɔnuku sia ɖe akpa eve me heyɔ wo be nu makpɔmakpɔ kple ŋusẽ makpɔmakpɔ. Womenya ale si tututu nu siawo ƒe nɔnɔme le va de asi na egbea o.

Nu bubu aɖewo hã li siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo menya o, siwo nana wotɔtɔna. Nu ka tae nya sia le vevie ɖo? Dzɔdzɔmeŋutinunyala agbalẽŋlɔla xɔŋkɔ aɖe ŋlɔ bena: “Nu siwo míenya o la sɔ gbɔ sãsãsã wu nu siwo míenya. Nye ya mekpɔe be ele be nu siwo nàsrɔ̃ le dzɔdzɔmeŋutinunya me la nàwɔ nuku na wò eye wòaʋã wò be nàgasrɔ̃ nu geɖee tsɔ wu be nàde ga wò susu.”

Ne ewɔ na wò be esusɔ vie dzɔdzɔmeŋutinunya nava xɔ ɖe Biblia teƒe ahaɖe Mawu dzi xɔse ɖa kura la, ke bu nya sia ŋu kpɔ: Ne dzɔdzɔmeŋutinunyala bibiwo wɔ woƒe dɔwɔnu sesẽwo ŋu dɔ le numekukuwɔwɔ me evɔ nu sue aɖe koe wote ŋu nya le dzɔdzɔmenuwo ŋu la, ɖe wòasɔ be woaŋe aɖaba aƒu nu siwo womenya haɖe o la dzia? Numekugbalẽ deŋgɔ aɖe yi nyaa gbɔ tẽe le nyati legbee aɖe si woŋlɔ ku ɖe ɣletiviŋutinunya ƒe ŋutinya kple eƒe ŋgɔyiyi ŋu la me esi wòƒo nya ta be: “Esi amegbetɔwo srɔ̃ nu tso ɣletiviwo ŋu ƒe 4,000 sɔŋ vɔ la, edze abe womenya nu boo aɖeke le xexe gbahoo sia ŋu o abe ale si ko wòanya nɔ le blema Babilontɔwo gome ene.”—Encyclopedia Britannica.

Yehowa Ðasefowo dea bubu gome si le ame ɖe sia ɖe si be wòatso nya me le nya sia ŋu la ŋu. Míedzea agbagba be míazɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye, “Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye” la dzi. (Filipitɔwo 4:5) Esi nya sia le susu me na mí la, míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ nu tso ale si Biblia kple dzɔdzɔmeŋutinunya wɔ ɖeka hede nu wo nɔewo me la ŋu.

^ mm. 9 Nu siwo subɔsubɔhawo fia le blema kple nu siwo fiam wole egbea la tae ame aɖewo gbe Biblia ɖo. Le kpɔɖeŋu me, wofia nu be anyigba la le xexe gbahoo la titina, eye ŋkeke ade siwo dometɔ ɖe sia ɖe nye gaƒoƒo 24 lae Mawu tsɔ wɔ xexea.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “ Biblia La Kple Nyateƒenya Siwo Dzi Dzɔdzɔmeŋutinunya Ðo Kpee.”