Dzo kpo yi emenuwo dzi

Amegbetɔwo Ƒe Nunyae Le Biblia Mea?

Amegbetɔwo Ƒe Nunyae Le Biblia Mea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Nya siwo me nunya le dometɔ geɖe le Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me. Ke hã de dzesi nya si Biblia gblɔ tso eɖokui ŋu: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Timoteo 3:16) Kpeɖodzi geɖe le nya sia ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

  •   Amewo tee kpɔ be yewoake ɖi ale si ŋutinya si le Biblia me la de pɛpɛpɛ, gake wo katã wodo kpo nu.

  •   Ame siwo ŋlɔ Biblia la nye ŋutsu anukwaretɔ siwo ŋlɔ nuwo le nyateƒe me. Woƒe anukwareɖiɖi na wòdze ƒãa be woƒe nuŋlɔɖiawo nye nyateƒenyawo.

  •   Tanya vevi ɖekae le Biblia si. Eyae nye ale si Mawu koe dze aɖu amegbetɔƒomea dzi la ta ʋiʋli kple ale si wòato eƒe Dziƒofiaɖuƒea dzi ana eƒe tameɖoɖo nava eme.

  •   Togbɔ be woŋlɔ Biblia ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi hã la, susu totro siwo nɔ dzɔdzɔmeŋutinunyalawo si le blema siwo dzi ame geɖewo da asi ɖo la ƒe ɖeke mele Biblia me o.

  •   Blemanudzɔdzɔ siwo ŋu woku nu me le la ɖo kpe edzi be Biblia me nyagblɔɖiwo va eme pɛpɛpɛ.