Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE MAWU TSƆA ÐE LE EME NA WÒA?

Ðe Mawu Ðoa Ŋku Dziwòa?

Ðe Mawu Ðoa Ŋku Dziwòa?

“Ke nye la, wɔna vɔ le ŋunye eye hiã tum; Yehowa, ɖo ŋku dzinye.” *DAVID SI NƆ ISRAEL, ƑE ALAFA 11 LIA DO ŊGƆ NA MÍA ŊƆLI (D.M.Ŋ.)

“Dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene.”—YESAYA 40:15

Ðe wòsɔ be David nakpɔ mɔ be Mawu naɖo ŋku ye dzia? Ðe Mawu ɖoa ŋku dziwòa? Esesẽ na ame geɖe be woaxɔe ase be Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖe li si tsɔ ɖe le eme na yewo. Nu ka tae?

Susu ɖekae nye be Mawu kɔ boo wu amegbetɔwo. Mawu kpɔa dukɔwo tso eƒe nɔƒe kɔkɔ la ‘abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene, eye wòbua wo abe ʋuʋudedi le nudanu ŋu ene.’ (Yesaya 40:15) Agbalẽŋlɔla siwo li egbea dometɔ ɖeka si nye ɖeklemiɖela la ƒo nya ta kura gɔ̃ hã be, “mele be wòava susu me na ame gɔ̃ hã be Mawu aɖe li si tsɔ ɖe le eme na ye ʋuu kaka wòahayi ŋku lé ge ɖe yeƒe agbenɔnɔ ŋu o.”

Le go bubu me la, ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be yewoƒe agbenɔnɔ wɔe be yewomedze be Mawu natsɔ ɖe le eme na yewo o. Le kpɔɖeŋu me, Jim si nye ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe blaeneawo me la gblɔ be: “Medoa gbe ɖa zi geɖe biaa ŋutifafa kple ɖokuidziɖuɖu, gake medea ɣeyiɣi aɖeke hafi nye dzikua gahona abe tsã ene o. Mlɔeba, meva ƒo nya ta be mevɔ̃ɖi ale gbegbe be manya wɔ be Mawu nakpe ɖe ŋunye o.”

Ðe Mawu le adzɔge ʋĩi tso mía gbɔ ale gbegbe be meɖoa ŋku mía dzi gɔ̃ hã oa? Aleke Mawu sena le eɖokui me tso eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔ madeblibowo ŋu? Amegbetɔ aɖeke mate ŋu aɖo biabia sia ŋu ne Mawu ŋutɔ mekpe ɖe eŋu o. Ke hã gbedeasi si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, si nye Biblia, la ka ɖe edzi na mí be Mawu tsɔ mía gbɔ, eye wòtsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Biblia gblɔ be: “Le nyateƒe me la, mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Le nyati ene siwo kplɔe ɖo me la, míadzro nya si Mawu gblɔ na mí tso ale si wòtsɔ ɖe le eme na ame sia ame kple ale si wòɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na amewo abe wò ene la me.

^ mm. 3 Psalmo 40:17, NW; Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.