Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Alẽkplɔla La

Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Alẽkplɔla La

“Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu.”—YESAYA 40:11.

WOƑO nu tso alẽkplɔlawo ŋu zi geɖe le Biblia me, tso Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzi va se ɖe agbalẽ mamlɛtɔ si nye Nyaɖeɖefia dzi. (1 Mose 4:2; Nyaɖeɖefia 12:5) Ame xɔŋkɔwo abe Abraham, Mose kple Fia David ene hã nye alẽkplɔlawo. Hakpala David ƒo nu tso alẽkplɔla nyui ƒe dɔwo kple nu siwo ŋu wòtsia dzi ɖo la ŋu le mɔ lédziname nu. Eye psalmo aɖe si anɔ eme be hakpala Asaf ŋlɔ la, gblɔ tso David ŋu be enye Mawu ƒe amewo kplɔla le blema.—Psalmo 78:70-72.

Emegbe le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, alẽwo kpɔkplɔ ganye dɔ vevi aɖe si amewo wɔna. Yesu gblɔ tso eɖokui ŋu be yee nye “alẽkplɔla nyui la,” eye ezã nɔnɔme nyui siwo le alẽkplɔlawo si la tsɔ he susu yi nufiame veviwo dzii zi geɖe. (Yohanes 10:2-4, 11) Wotsɔ Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, hã sɔ kple “alẽkplɔla.”—Yesaya 40:10, 11; Psalmo 23:1-4.

Lã kawo ƒomevie alẽkplɔlawo kplɔna? Dɔ ka tututue wowɔna? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso dɔ sesẽ wɔla mawo gbɔ?

Alẽwo Kple Gbɔ̃wo

Anɔ eme be alẽ siwo alẽkplɔla siwo nɔ anyi le blema Israel kplɔ la nye esiwo tɔgbi nɔ Siria nutowo me. Fu le wo ŋu kedzekedze, eye woƒe asikewo lolo heda ami. Alẽ siawo ƒe atsuawo toa dzo, ke nɔeawo ya metoa dzo o. Alẽ siawo fa, wo kpɔkplɔ le bɔbɔe, wometea ŋu ʋlia wo ɖokui ta tso lã bubuwo si me o, eye wohiã na beléle tɔxɛ.

Alẽkplɔlawo kplɔa gbɔ̃wo hã. Zi geɖe la, gbɔ̃ siawo ƒe fu nɔa dzĩe alo yibɔ. Esi gbɔ̃ siawo ƒe towo didi ta la, ne wole togbɛwo liam alo le gbe ɖum le atidzawo dome la, ŋuwo tea ŋu dea abi woƒe towo ŋu bɔbɔe.

Ehiã be alẽkplɔlaa nanɔ agbagba dzem ɣesiaɣi be wòana eƒe alẽwo kple gbɔ̃wo nawɔ ɖe eƒe gbe dzi. Ke hã, alẽkplɔla nyuiwo tsɔa beléle tɔxɛ na woƒe lãwo, wotsɔa ŋkɔ na lãawo gɔ̃ hã, eye lãawo hã tɔna na wo.—Yohanes 10:14, 16.

Dɔ Siwo Wòwɔna Le Ƒea Ƒe Ɣeyiɣi Vovovowo Me

Le adame la, alẽkplɔlawo ʋua woƒe lãkpowo hekplɔa woƒe lãwo be woaɖaɖu gbe damawo le kɔƒe siwo tsɔ aƒe gbɔ le nutoa me la me. Alẽawo dzia vi le ɣeyiɣi sia me, si wɔnɛ be lãhaa gadzina ɖe edzi. Le ɣeyiɣi sia me la, dɔwɔlawo koa fu kedzekedzea le alẽawo ŋu, eye dzidzɔɣi bliboe wònyena!

Alẽ ʋɛ aɖewo koe nɔ kɔƒemetɔ aɖewo si. Eya ta alẽtɔ siawo ate ŋu atsɔ woƒe lãwo akpe ɖe alẽha bubu ŋu be alẽkplɔla si wohaya la nakplɔ wo. Zi geɖe la, alẽkplɔla siwo wohaya la meléa be na ame bubuwo ƒe lãwo abe woawo ŋutɔwo tɔwo ene o.—Yohanes 10:12, 13.

Ne woxa nu le agble siwo te ɖe kɔƒea ŋu me vɔ la, alẽkplɔlawo naa woƒe lãwo ɖua gbe fẽ siwo miẽ kple nuku siwo tsi ahɔlitiwo domee. Eye ne dzomeŋɔli ɖo la, wokplɔa lãawo yia togbɛwo dzi le teƒe siwo fafa le be woaɖu gbe. Alẽkplɔlawo ƒe dɔa bia be woatsi xexe adɔ ŋkeke geɖe, bene alẽawo nate ŋu aɖu gbe damawo le togbɛawo dzi, eye wonɔa alẽha si le nuvo la ŋu dzɔm le zã me. Ɣeaɖewoɣi la, alẽkplɔlawo nana woƒe lãwo tsia agadowo me dɔna le zã me, be woatsɔ akpɔ wo ta tso amegãxiwo kple agbotoewo si me. Ne agbotoe aɖe ɖe gbe le vivitia me si wɔe be alẽawo vɔ̃ hã la, wo kplɔlaa ƒe gbe sese ɖeɖe dzaa nana woɖea dzi ɖi.

Fiẽ sia fiẽ la, alẽkplɔlaa xlẽa alẽawo eye wòléa ŋku ɖe wo ŋu be yeakpɔe ɖa be wole lãmesẽ me hã. Le ŋdi me la, eyɔa wo eye wodzea eyome yia gbeɖuƒewo. (Yohanes 10:3, 4) Le ŋdɔkutsu me la, alẽkplɔlawo kplɔa lãawo vaa tsitawo to be lãawo nano tsi. Ne taawo mie la, alẽkplɔlaa kplɔa lãawo yia vudo to, eye wòdua tsi na wo wonona.

Ne kuɖiɣi nu va le yiyim la, alẽkplɔlaa ate ŋu atiae be yeakplɔ lãawo ayi ƒutanutowo kple baliwo me. Eye ne tsidzaɣi le ɖoɖom la, egakplɔa wo vaa aƒe mee be woanɔ kpo me le vuvɔŋɔlia. Ne mewɔe alea o la, tsidzadza sesẽwo, tsikpewo kple sno ate ŋu ana lãawo naku. Tso November me lɔƒo va se ɖe adame la, alẽkplɔlawo mekplɔa lãwo yia gbe dzi o.

Alẽkplɔlaa Ƒe Ŋudɔwɔnuwo

Alẽkplɔlaa ƒe nudodowo menɔa kpeɖii o, gake enyea esi sɔ nyuie na dɔa. Be tsi nagaƒo alẽkplɔlaa alo vuvɔ nawɔe o la, anɔ eme be edoa awu si wotsɔ alẽgbalẽ wɔ, eye wotrɔa teƒe si fua le la ɖe eme. Edoa awutewu si sea klo nu la ɖe alẽgbalẽwu sia te. Edoa afɔkpa kple susu be kpe ɖaɖɛwo alo ŋù aɖeke nagatɔ yeƒe afɔ o, eye wòtsɔa lãfuvɔ si wolɔ̃ la blaa ta.

Dɔwɔnu siwo alẽkplɔla tsɔna ɖe asi dometɔ aɖewoe nye: Lãgbalẽkplo si me nuɖuɖuwo, abe abolo, amititsetse, atikutsetse ƒuƒu kple notsi kpeke ene le (1); ati, si didi abe meta ɖeka ene, eye wònye ametakpɔnu vevitɔ si ƒe tagbɔ wowɔ nutɔnuwo ɖo (2); hɛ̃ (3); atizɔti, si alẽkplɔlaa tɔna ne ele azɔli zɔm alo le to liam (4); tsigoe si me wònoa tsi le (5); lãgbalẽgo si wòatsɔ adu tsi le vudo goglowo me (6); akafo, si wòatsɔ ada kpe gbɔ̃ alo alẽ siwo le mɔ tram bene woatrɔ, alo atsɔ anya lã wɔadãwo ɖa (7); kple kpẽ si wòanɔ kukum atsɔ anɔ modzaka ɖem, eye le ɣeyiɣi ma ke me la wòatsɔ ana lãawo hã naɖe dzi ɖi (8).

Nu si doa go tso alẽkplɔlaa ƒe dɔ sesẽ siawo katã wɔwɔ mee nye be ekpɔa agbemenuhiahiã veviwo, abe notsi kple nudonui ene. Wozãa lãawo ƒe fu kple agbalẽ tsɔ ɖɔa li nu bubuwo alo zãnɛ tsɔ wɔa nudodowo kple nugoewo. Wolɔ̃a gbɔ̃wo ƒe fu tsɔ wɔa avɔe, eye wotsɔa alẽwo kple gbɔ̃wo siaa saa vɔe.

Kpɔɖeŋu Si Wòle Be Míasrɔ̃

Alẽkplɔla nyuiwo léa fɔ ɖe dɔ ŋu, wonye ame siwo dzi woaka ɖo eye wowɔa kalẽ. Wodea woƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã be yewoakpɔ alẽawo ta.—1 Samuel 17:34-36.

Mewɔ nuku o be Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒo nu tso alẽkplɔlawo ŋu be wonye kpɔɖeŋu siwo wòle be dzikpɔla siwo le Kristo hamea me la nasrɔ̃. (Yohanes 21:15-17; Dɔwɔwɔwo 20:28) Abe ale si alẽkplɔla nyui si nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me wɔnɛ ene la, dzikpɔla siwo le hame vovovoawo me egbea hã kua kutri be ‘yewoakplɔ Mawu ƒe alẽha si le yewoƒe dzikpɔkpɔ te la, menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa; eye menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple didi vevi.’—1 Petro 5:2.