Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me

Ðe wòdzɔ kpɔ be kuxi alo dɔdeasi aɖe si mènɔ mɔ kpɔm na o na nètɔtɔ eye mènya nu si yeawɔ oa? Ðe dagbadagba gbe sia gbe hena wò nu hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na be nèkpɔnɛ be ɖeɖi te ye ŋua? Ðewohĩ sitsoƒedila miliɔn geɖe siwo tɔtɔ eye vɔvɔ̃ ɖoa wo le esi wònɔ na wo be woaʋu le wo de aɖatsi du bubu me la dometɔ ɖekae nènye. Eye mía dometɔ kae mexa nu vevie hese le eɖokui me be viɖe aɖeke mele yeƒe agbe ŋu o le esi ame vevi aɖe ku nɛ ta kpɔ o?

ÈNYA be Maria, ame si nye Yesu dada, do go kuxi mawo katã? Gawu la, eto wo katã me dzidzedzetɔe! Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

Kakaɖedzitɔe la, ame geɖewo nya Maria le xexea me godoo. Eye esia mewɔ nuku o, elabena ewɔ akpa vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame miliɔn geɖewo dea subɔsubɔ ƒe bubu tɔxɛ Maria ŋu. Katolikoha la dea bubu gã aɖe eŋu abe wo Dada lɔlɔ̃a, kple xɔse, mɔkpɔkpɔ, kpakple dɔmenyonyo ƒe kpɔɖeŋuɖola ene. Wofia ame geɖewo be Maria xɔa nya ɖe amegbetɔwo nu le Mawu gbɔ.

Aleke nèbua Yesu dadae? Eye vevietɔ wu la, aleke Mawu bunɛ?

Dɔdeasi Tɔxɛ Aɖe

Israel to si nye Yuda mee Maria si nye Heli vi la tso. Zi gbãtɔ si woyɔ eŋkɔ le Biblia me la, edo ƒome kple nudzɔdzɔ masekpɔ aɖe. Mawudɔla aɖe va srãe kpɔ hegblɔ nɛ be: “Medo gbe na wò, wò ame si nu wove ŋutɔ, Yehowa li kpli wò.” Gbã la, Maria ɖi vo ŋutɔ le nya la ŋuti, eye “wòte eɖokui biabia be gbedoname ka ƒomevie esia anya nye hã.” Eya ta mawudɔla la gblɔ nɛ be wotiae hena dɔdeasi wɔnuku aɖe, si ganye ŋkubiãnya hã la wɔwɔ—eyae nye be wòafɔ Mawu ƒe Vi la ƒe fu, adzii ahakpɔ edzi.—Luka 1:26-33.

Dɔ gã ka gbegbee nye esi wode asi na ɖetugbui sia si mekpɔ ɖe srɔ̃ haɖe o! Aleke wòwɔ nui? Maria anya nɔ eɖokui biam be, ‘ame kae axɔ nye nya sia dzi ase mahã?’ Ðe fufɔfɔ sia ana be eƒe ŋugbetɔsrɔ̃ Yosef nagbee, alo ɖe wòana woado ŋukpee le dutoƒoa? (5 Mose 22:20-24) Elɔ̃ faa xɔ dɔdeasi vevi sia.

Xɔse sẽŋu si nɔ Maria si kpe ɖe eŋu wòbɔbɔ eɖokui ɖe eƒe Mawu, Yehowa, ƒe lɔlɔ̃nu te. Eka ɖe edzi be alé be na ye. Eya tae wògblɔ sesĩe be: “Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe kluvinyɔnuvi menye! Neva eme nam le wò nya la nu.” Maria lɔ̃ faa be yeakpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo katã nɔ eŋgɔ la, elabena ede asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si Mawu nae la ŋu.—Luka 1:38.

Esi Maria gblɔ na Yosef be yefɔ fu la, ŋutsu sia ɖo ɖe tame be yeatso ŋugbedodoa me. Esia anya na wo ame evea siaa xa nu vevie ɣemaɣi. Biblia megblɔ ɣeyiɣi didi si esia xɔ o. Ke hã, Maria kple Yosef siaa ƒe dzi anya dze eme ŋutɔ esime Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef. Mawudɔla sia si Mawu dɔ ɖa la gblɔ be Mawu gbɔe fu si wòfɔ la tso, eye wògblɔ na Yosef be wòakplɔe ava eƒe aƒe me wòazu srɔ̃a.—Mateo 1:19-24.

Ɣeyiɣi Sesẽwo

Egbea la, funɔ geɖe dzrana ɖo ɣleti geɖe do ŋgɔ na vidzidzi, eye anɔ eme be Maria hã wɔe nenema. Vi siae anye eƒe ŋgɔgbevi. Ke hã, nudzɔdzɔ aɖewo siwo menɔ mɔ kpɔm na o la, va na nuwo sesẽ nɛ. Kaisaro Augusto de se be ame sia ame nayi wo de aɖaŋlɔ ŋkɔ. Eya ta Yosef kplɔ Maria, si ƒo dzinu asieke ƒe fu nɔ la, hena kilometa 150 ƒe mɔzɔzɔ. Eye anɔ eme be tedzi ye wotsɔ zɔ mɔ mae! Amewo yɔ Betlexem dua kpaŋkpaŋ, eye Maria hiã na teƒe si wòadzi vi le, gake teƒe si nɔ anyi koe nye lãkpɔ me. Vidzidzi le lãkpɔ me anya sesẽ na Maria ŋutɔ. Anɔ eme godoo be esia te ɖe edzi eye wòna wòvɔ̃ hã.

Anɔ eme godoo be le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, Maria gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa heka ɖe edzi be alé be na ye kple ye via siaa. Esi wòdzi via megbe teti la, alẽkplɔla aɖewo va hetsi dzi vevie be yewoakpɔ vidzĩ la. Woka nya ta be, mawudɔlawo yɔ vidzĩ sia be “Xɔla, si nye Kristo Aƒetɔ la.” Nuŋlɔɖia gblɔ yi edzi be: “Maria de asi nya siawo katã dzadzraɖo me, henɔ wo ŋu bum le eƒe dzi me.” Maria de ŋugble tso nya siawo ŋu, eye wòkpɔ ŋusẽdodo tso wo me.—Luka 2:11, 16-19.

Ke míawo ya ɖe? Anɔ eme godoo be míato vevesese geɖe me le agbe me. Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ na mí be “azãgbe kple nuɖiɖeame” ate ŋu ava mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye esia ahe nɔnɔme sesẽwo kple kuxiwo ava mía dzi. (Nyagblɔla 9:11) Ne edzɔ alea la, ɖe míebia dzi hebua fɔ Mawua? Ðe manyo wu be, míasrɔ̃ Maria ƒe nɔnɔme ahate ɖe Yehowa Mawu ŋu, to eƒe Nya, Biblia la sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede tso nu siwo míesrɔ̃ ŋu me oa? Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu godoo be míado dzi le dodokpɔwo me.

Enye Ame Dahe Kple Sitsoƒedila

Maria to nɔnɔme sesẽ bubuwo hã me—eƒe ɖewoe nye ahedada kple ale si wòva hiã be wòasi le wo de kpata. Èdo go nɔnɔme sesẽ mawo kpɔa? Woka nya ta be: “Ga si nu xexea me nɔlawo ƒe afã, si anɔ abe ame miliɔn akpe etɔ̃ ene, nɔa agbe ɖo gbe sia gbe la mede dɔlar eve o.” Ame miliɔn geɖe bubuwo hã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe bolo ko, togbɔ be wole dukɔ siwo me wobuna be ganyawo de ame dzi le me hã. Ke wò ya ɖe? Ðe hloloetsotso gbe sia gbe be nàkpɔ nuɖuɖu, nudodo, kple mlɔƒe na wò ƒomea nana be ɣeaɖewoɣi la, ɖeɖi tea ŋuwò, alo nèsena le ɖokuiwò me be nu glo ye gɔ̃ hã?

Biblia ɖee fia be, Yosef kple Maria da ahe. Aleke míewɔ nya? Nyatakaka ʋɛ siwo Nya Nyui Gbalẽ siwo nye, Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes, na tso atsu kple asi sia ŋu dometɔ ɖekae nye be, ŋkeke 40 le Maria ƒe vidzidzi megbe la, eya kple Yosef woyi ɖe gbedoxɔa me be yewoana nu si wobia le sea nu, si nye “akpakpa eve alo ahɔnɛ eve.” * (Luka 2:22-24) Ame siwo da ahe ale gbegbe be womate ŋu ana alẽtsui o la si koe wobia vɔsa sia tsoe. Eya ta edze abe Yosef kple Maria dagbana hafi kpɔa woƒe gbe sia gbe nu hiahiãwo ene. Togbɔ be enɔ nenema hã la, wote ŋu na be dzidzɔ nɔ woƒe ƒomea me. Ðikeke mele eme o be, nu siwo do ƒome kple woƒe mawusubɔsubɔ ye nɔ vevie na wo wu.—5 Mose 6:6, 7.

Le Yesu dzidzi megbe kpuie la, nuwo gatrɔ kura le Maria ƒe agbe me ake. Mawudɔla aɖe gblɔ na Yosef be wòakplɔ eƒe ƒomea woasi ayi Egipte. (Mateo 2:13-15) Esiae nye zi evelia si wòhiã be Maria naʋu adzo le nuto si me wònɔ wòmae la me. Gake fifia ya la, ehiã be wòasi ayi ɖe dukɔ bubu me. Yudatɔ gbogbo aɖewo nɔ Egipte, eya ta anɔ eme be enɔ bɔbɔe na Maria kple Yosef be woanɔ woawo ŋutɔ detɔwo dome. Ke hã, dukɔ bubu me nɔnɔ ate ŋu asesẽ eye wòana ame natɔtɔ. Ðe mia kple wò ƒomea hã miele ame miliɔn geɖe siwo ʋu tso wo de, ɖewohĩ le wo viwo ƒe nyonyo ta alo be woasi le afɔku nu la, domea? Ne ele alea la, ke àte ŋu ase nɔnɔme sesẽ siwo me Maria anya to le Egipte la gɔme nyuie.

Enye Srɔ̃nyɔnu Kple Vidada Dovevienu

Le nuŋlɔɖi si ku ɖe Yesu dzidzi kple eƒe ɖevimenɔɣi ŋu megbe la, nya ʋɛ aɖewo koe Nya Nyui Gbalẽawo gagblɔ tso Maria ŋu. Ke hã, míenyae be ne mede ɖeke o la, vi ade bubu ya teti nɔ Maria kple Yosef si. Ðewohĩ esia awɔ nuku na wò. Gake kpɔ nya siwo Nya Nyui Gbalẽawo gblɔ ɖa.

Yosef de bubu gã aɖe mɔnukpɔkpɔ si su Maria si be wòadzi Mawu ƒe Vi la ŋu. Eya ta do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, Yosef medɔ kple Maria o. Mateo 1:25 gblɔ be Yosef “medɔ kplii o va se ɖe esime wòdzi ŋutsuvi.” Nya “va se ɖe” si wozã la ɖee fia be, le Yesu dzidzi megbe la, Yosef kple Maria dɔ abe srɔ̃tɔwo ene. Nya Nyuia me nuŋlɔɖiwo ɖee fia be, to esia dzi la, Maria dzi viwo na Yosef, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo siaa. Yakobo, Yosef, Simon, kple Yuda nye Yesu dadaviwo. Ne mede ɖeke o la, edzi nyɔnuvi eve ya teti. (Mateo 13:55, 56) Gake edzi via siawo abe ale si ko wodzia ɖevi bubu ɖe sia ɖe ene. *

Maria nye ame si doa vevie nu le mawusubɔsubɔ me. Togbɔ be Se la mebia tso nyɔnuwo si be woade Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe o hã la, Maria kplɔa Yosef ɖo ƒe sia ƒe yia Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu. (Luka 2:41) Ema abia be woazɔ mɔ kilometa 300 kloe yiyi kple gbɔgbɔ ƒe sia ƒe kple ƒome si nɔ dzidzim ɖe edzi la! Gake ɖikeke mele eme o be, mɔzɔzɔ siawo nyea dzidzɔɣiwo na ƒomea.

Egbea la, nyɔnu geɖe srɔ̃a Maria ƒe kpɔɖeŋu nyui la. Wokua kutri ɖokuitɔmadimaditɔe le nu siwo Ŋɔŋlɔawo di tso wo si la wɔwɔ me. Srɔ̃nyɔnu dovevienu siawo ɖea dzigbɔɖi, dzidodo, kple ɖokuibɔbɔ fiana enuenu. Esia nyo loo! Ŋugbledede tso nɔnɔme si Maria ɖe fia ŋu kpena ɖe wo ŋu be wotsɔa nu siwo do ƒome kple woƒe Mawu subɔsubɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ ke menye woawo ŋutɔ ƒe dzidzemekpɔkpɔ kple vivisese o. Abe Maria ene la, wonyae be Mawu subɔsubɔ ɖekae kple yewo srɔ̃wo kple yewo viwo doa ŋusẽ yewoƒe ƒomewo henana wowɔa ɖeka.

Gbe ɖeka la, esime Maria kple Yosef trɔ tso ŋkekenyui aɖe ɖuƒe le Yerusalem la, wode dzesii be Yesu si xɔ ƒe 12 ɣemaɣi la mekplɔ yewo ɖo o. Wo viawo anya sɔ gbɔ ɖe edzi ɣemaɣi. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe Maria anya tsi dzodzodzoe esime wotsɔ dzitsitsi nɔ wo via dim ŋkeke etɔ̃ sɔŋ la le susu mea? Esi Maria kple Yosef ke ɖe eŋu mlɔeba le gbedoxɔa me la, Yesu bia wo be: “Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe aƒe me oa?” Nuŋlɔɖia gagblɔ be, Maria “dzra nya siawo katã ɖo nyuie ɖe eƒe dzi me.” Esia gaɖe ale si gbegbe Maria tsia dzi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu vevie la fia. Ede ŋugble tso nu siwo katã dzɔ ku ɖe Yesu ŋuti la ŋu vevie. Le ƒe aɖewo megbe la, anɔ eme be eɖo ŋku nudzɔdzɔ sia kple bubu siwo ku ɖe Yesu ƒe ɖevimenɔɣi ŋu dzi eye wògblɔ wo na Nya Nyui Gbalẽawo ŋlɔlawo.—Luka 2:41-52.

Enɔ Te Ðe Fukpekpe Kple Eƒe Ame Vevi Aɖe Ƒe Ku Nu

Nu kae va dzɔ ɖe Yosef ame si xɔ Yesu nyi la dzi? Esi woƒo nu tso Yosef ŋu kpuie le nudzɔdzɔ ma si ku ɖe Yesu ƒe ɖevimenɔɣi ŋu me megbe la, womegaƒo nu tso eŋu le Nya Nyui Gbalẽawo me o. Le esia ta ame aɖewo susui be Yosef ku do ŋgɔ na Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze. * Aleke kee wòɖale o, edze abe kaka Yesu nawu eƒe subɔsubɔdɔa nu la, Maria zu ahosi xoxo ene. Hafi Yesu naku la, etsɔ dadaa dzi kpɔkpɔ de apostolo Yohanes si. (Yohanes 19:26, 27) Anye ne Yesu mawɔ esia o nenye ɖe Yosef ganɔ agbe.

Maria kple Yosef kpɔ nu geɖe teƒe le agbe me! Mawudɔlawo va wo gbɔ, wosi le ŋutasẽdziɖula aɖe nu, woʋu tso teƒe yi teƒe, eye wohe vi geɖewo. Kpɔ fiẽ geɖe siwo woanya nɔ anyi ɖekae ahanɔ dze ɖom tso Yesu ŋui la ɖa! Woanya nɔ nu siwo me Yesu ava to emegbe la ŋu bum. Eye woanya nɔ wo ɖokuiwo biam be ɖe yewole Yesu hem le mɔ nyuitɔ nu hele edzram ɖo ɖe dɔ si wòava wɔ ŋu mahã. Gake kasia Maria zu ahosi.

Ðe srɔ̃wò ku le gbɔwòa? Ðe nègasea veve hesena le ɖokuiwò me kokoko be viɖe aɖeke megale yeƒe agbe ŋu o togbɔ be ƒe gbogbo aɖewoe nye esia si wòku hã? Ðikeke mele eme o be Maria ƒe xɔse kple enyanya be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la fa akɔ nɛ. * (Yohanes 5:28, 29) Togbɔ be esiawo anya fa akɔ na Maria hã la, meɖe eƒe kuxiawo ɖa o. Abe ale si wòle le dzilaɖekɛ gbogbo siwo li egbea gome ene la, Maria kpe akɔ kple agba si nye ɖeviwo dzi kpɔkpɔ srɔ̃ŋutsu manɔmee.

Susu le eme be míaƒo nya ta be Yesue nye ame si koŋ wɔ dɔ kpɔ woƒe ƒomea dzi le Yosef ƒe ku megbe. Esime Yesu nɔviwo nɔ tsitsim la, anɔ eme be wolɔ̃ tsɔ ƒomea ƒe agbanɔamedzi aɖewo. Esime Yesu ‘xɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene’ la, eʋu le aƒe me, eye wòdze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme. (Luka 3:23) Dzila geɖe kpɔa dzidzɔ eye wogaléa blanui hã ne wo vi ŋutsu alo nyɔnu tsitsi aɖe ʋu le aƒe me. Dzilawo zãa ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe ɖe wo viwo ŋu, eye wova lɔ̃a wo viwo ale gbegbe be etena ɖe wo dzi vevie ne wo viwo tsi heʋu le aƒe me. Ðe viwò aɖe ʋu le aƒe me heti eƒe taɖodzinu aɖe yomea? Ðe wònyea dada na wò, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be, ɖe wòanyo be woanɔ ye gbɔ hafia? Ekema àte ŋu ase ale si Maria se le eɖokui me esime Yesu dzo le aƒe me la gɔme.

Dodokpɔ Siwo Menɔ Mɔ Kpɔm Na O

Dodokpɔ siwo me Maria to la dometɔ ɖeka nye nane si manya nɔ mɔ kpɔm na kura o. Esime Yesu nɔ gbeƒã ɖem la, ame geɖewo dze eyome, gake ye ŋutɔ nɔviawo ya mede nu eme nɛ o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nɔviawo menɔ eɖem nɔ fiafiam be yewoxɔ edzi se o.” (Yohanes 7:5) Anɔ eme godoo be, Maria gblɔ nya si mawudɔlaa gblɔ nɛ be, “Mawu ƒe Vi” ye Yesu nye la, na wo. (Luka 1:35) Ke hã, ɖeko Yakobo, Yosef, Simon, kple Yuda ya bunɛ be yewo nɔviŋutsu tsitsitɔ koe Yesu nye. Aleae wòdzɔe be Maria va kpɔ eɖokui le ƒome aɖe si ma le subɔsubɔnyawo gome la me.

Ðe esia na dzi ɖe le Maria ƒo, eye wòna taa? Gbeɖe! Gbe ɖeka esime Yesu nɔ gbeƒã ɖem le Galilea la, eyi aƒe aɖe me hena nuɖuɖu, eye amehawo va ƒo ƒu nɔ to ɖomee. Ame kawoe va tɔ ɖe gota nɔ edim? Maria kple Yesu nɔviwoe. Esia fia be, esi Yesu nɔ gbeƒã ɖem le teƒe aɖe si te ɖe woƒe ƒomea ƒe aƒe ŋu la, Maria dze eyome, eye edze ƒãa be ekplɔ via susɔeawo ɖe asi yi kple susu be ɖewohĩ woatrɔ woƒe nɔnɔme ɖe wo foa ŋu.—Mateo 12:46, 47.

Ðewohĩ wò hã èle agbagba dzem vevie be yeadze Yesu yome, evɔa wò ƒomea me tɔ bubuwo ya gbe. Dzi megaɖe le ƒowò o, eye mègana ta o! Abe ale si wònɔ le Maria gome ene la, ame geɖewo tsɔ dzigbɔɖi nɔ dzi dem ƒo na woƒe ƒomea me tɔwo ƒe geɖe hafi wova te tɔtrɔ ŋutɔŋutɔwo wɔwɔ. Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe dzigbɔgbɔɖi alea ŋu, nenye be amewo lɔ̃ wɔ tɔtrɔ alo womewɔe o hã.—1 Petro 3:1, 2.

Dodokpɔ Sesẽtɔ

Ðikeke mele eme o be, dodokpɔ mamlɛtɔ si me Maria to si dze le Ŋɔŋlɔawo me la nye esi gbã dzi nɛ wu. Ekpɔ eteƒe esime via lɔlɔ̃a ku vevesesetɔe, esi wo detɔwo gbe nu le egbɔ megbe. Wogblɔ be vikuname nye “ku si vena wu,” enye “ku si gbãa dzi na ame wu,” eɖanye ɖevi alo ame tsitsie o. Abe ale si ko wogblɔe ɖi ƒe aɖewo do ŋgɔ ene la, Maria se le eɖokui me abe ɖe woƒo yi legbee aɖe ɖe eya amea me ene!—Luka 2:34, 35.

Ðe Maria ɖe mɔ dodokpɔ mamlɛtɔ sia ɖe dzi le eƒo keŋkeŋ alo na ale si wòxɔ Yehowa dzi se la me gbɔdzɔa? Kura o. Ɣebubuɣi si wogaƒo nu tso Maria ŋu le Biblia me nuŋlɔɖiwo me la, wogblɔ be woa kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo “nɔ gbedodoɖa dzi.” Eye menye eya ɖeka koe o. Viaŋutsu bubu siwo te eɖeɖe fia azɔ be yewoxɔ yewo foa dzi se la hã kpe ɖe eŋu. Aleke gbegbe esia anya fa akɔ na Maria ye nye esi! *Dɔwɔwɔwo 1:14.

Maria kpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me abe nyɔnu, srɔ̃nyɔnu, kple vidada wɔnuteƒe ene. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖe su esi le mawusubɔsubɔ me. Eto dodokpɔ geɖe me do dzidzedzetɔe. Ne nɔnɔme sesẽwo va mía dzi le vo me, alo ƒomekuxiwo na míetsi dzimaɖi la, míate ŋu asrɔ̃ ale si Maria do dzi nuteƒewɔwɔtɔe.—Hebritɔwo 10:36.

Ekema nu kae míate ŋu agblɔ tso subɔsubɔ ƒe bubu tɔxɛ si amewo tsɔna naa Maria la ŋu? Ðe Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe akpa vevi si Maria wɔ ŋu na be wòsɔ be woade ta agu nɛa?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 17 Wotsɔ xeawo dometɔ ɖeka sa nuvɔ̃vɔsae. (3 Mose 12:6, 8) Vɔ sia sasa ɖee fia be, Maria lɔ̃ ɖe edzi be yenyi nu vɔ̃ si ame gbãtɔ, Adam, wɔ la me tsonuwo ƒe dome, abe amegbetɔ madeblibo bubuwo ke ene.—Romatɔwo 5:12.

^ mm. 21 Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Ðe Nɔviŋutsuwo Kple Nɔvinyɔnuwo Nɔ Yesu Sia?”

^ mm. 26 Wogblɔ be, ale si womegaƒo nu tso Yosef ŋu le nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu me o la ɖe dzesi ŋutɔ, elabena woƒo nu tso Yesu ƒe ƒomea me tɔ bubuwo—dadaa, nɔviaŋutsuwo, kple nɔvianyɔnuwo—ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖe le Kana la, Maria kpɔ gome le wɔnawo me, eye wòwɔ nanewo tsɔ kpe asi ɖe wɔnawo ŋu gɔ̃ hã, gake womeƒo nu tso Yosef ya ŋu o. (Yohanes 2:1-11) Le nudzɔdzɔ bubu me la, Kristo detɔwo yɔe be “Maria ƒe vi” ke menye Yosef ƒe vi o.—Marko 6:3.

^ mm. 28 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 7 lia hena nyatakaka bubuwo ku ɖe tsitretsitsi ƒe ŋugbedodo si le Biblia me ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ðe Nɔviŋutsuwo Kple Nɔvinyɔnuwo Nɔ Yesu Sia?

Ɛ̃, nɔviwo nɔ esi. Mawunyaŋununyala aɖewo dze agbagba be yewoatsi tsitre ɖe nyateƒenya sia ŋu, togbɔ be Nya Nyui Gbalẽawo gblɔe enuenu wòdze ƒãa be nɔviwo nɔ esi hã. (Mateo 12:46, 47; 13:54-56; Marko 6:3) Ke hã, Biblia ŋuti nunyalawo de dzesi nu eve ku ɖe nufiafia si nye be Maria megadzi vi bubu aɖeke o la ŋu. Gbãtɔe nye be, taɖodzinu aɖe tae wofiaa nu ma ɖo—eyae nye be woatsɔe ade dzixɔse aɖe si va su amewo si le ɣeyiɣi aɖe megbe, si nye sɔlemeha la ƒe nufiafia be, Maria yi edzi nye ɖetugbui nɔaƒe le eƒe agbemeŋkekeawo katã me, la dzi. Evelia, ne wolé ŋku ɖe nufiafia la ŋutɔ ŋu nyuie la, kpeɖodzi boo aɖeke mele eŋu o.

Le kpɔɖeŋu me, nufiafia mawo dometɔ ɖeka gblɔ be Yesu “nɔvi,” siwo ŋu wonɔ nu ƒom tsoe la nye Yesu fofo ƒe viwo—vi siwo nyɔnu bubu aɖe dzi na Yosef hafi wòva ɖe Maria. Nukpɔsusu ma menye nyateƒe o, elabena esia ana nya naku ɖe Yesu ƒe ŋgɔgbevinyenye si ana be wòadze anyi David ƒe fiazikpuia dome la ŋu.—2 Samuel 7:12, 13.

Nufiafia bubue nye be, le nyateƒe me la, Yesu nɔvi siawo anya nye nɔɖia alo tɔɖia ƒe viwo. Wofiaa nu sia togbɔ be Hela Ŋɔŋlɔawo zã nya vovovo na “nɔvi,” “nɔɖi alo tɔɖi ƒe viwo” kple “ƒometɔ” hã. Eya tae Frank E. Gaebelein gblɔ tso mawuŋutinufiafia siawo ŋu be womate ŋu anye nyateƒe o. Eƒo nya ta be: “Mɔ si nu míase nya ‘nɔviwo’ gɔme le wòasɔ wue nye be, nya sia fia Maria kple Yosef ƒe viwo, eye le esia ta wonye Yesu dada [Maria] ƒe viwo.”

[Aɖaka si le axa 7]

 Dzi Nɔ Eƒo Wòwɔ Tɔtrɔ

Yudatɔwo ƒe ƒome aɖe mee wodzi Maria ɖo, eye wònɔ Yuda subɔsubɔ me. Edea ƒuƒoƒe, si nye Yudatɔwo ƒe tadeaguƒe, si nɔ woƒe dua me, eye wòyia gbedoxɔ si nɔ Yerusalem hã me ɖasubɔna. Gake esi Mawu ŋuti sidzedze si nɔ Maria si nɔ dzidzim ɖe edzi la, eva de dzesii be Mawu meganɔ ŋudzedze kpɔm ɖe ye tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔ ŋu o. Yuda subɔsubɔhakplɔlawo na wowu Via, si nye Mesia la. Hafi ema nadzɔ la, Yesu gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa! Wogblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.” (Mateo 23:38) Mawu ƒe yayra meganɔ subɔsubɔ si me wonyi Maria le la dzi o.—Galatiatɔwo 2:15, 16.

Esime woɖo Kristo hamea anyi la, Maria anya xɔ ƒe 50 alo esi wu nenema. Nu kae wòwɔ? Ðe wògblɔ be, Yuda subɔsubɔ mee wodzi ye ɖo, eya ta ele be yeayi edzi alé ye tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔ me ɖe asia? Ðe wògblɔ be yetsi gbɔ tɔtrɔwɔwɔ ŋua? Kura o! Maria kpɔe dze sii be Kristo hamea ŋue Mawu va nɔ ŋudzedze kpɔm ɖo azɔ, eya ta xɔse kple dzideƒo nɔ esi wòtrɔ eƒe subɔsubɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Wosi yina Egipte abe sitsoƒedilawo ene

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Nu si ate ŋu ana vidada nase veve wu