Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nya Nyui Gblɔlawo Ðo Keke Ɣedzeƒenutowo Me Kea?

Ðe Nya Nyui Gblɔlawo Ðo Keke Ɣedzeƒenutowo Me Kea?

Ðe Nya Nyui Gblɔlawo Ðo Keke Ɣedzeƒenutowo Me Kea?

MEDE ƒe 30 le Yesu ƒe ku megbe hafi apostolo Paulo gblɔ be woɖe gbeƒã nya nyuia na “nuwɔwɔ siwo katã” le dziƒoa te o. (Kolosetɔwo 1:23) Mele be woase eƒe nyawo gɔme ɖe nyagbeawo nu o, abe ɖe eƒe nyawo fia be ame sia ame si nɔ agbe ɣemaɣi la se nya nyui la ene o. Togbɔ be ele nenema hã la, gɔmesese le Paulo ƒe nyawo ŋu: Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo ɖe gbeƒã de keke didiƒe ke le xexe si wonya ɣemaɣi la me.

Keke afi ka kee woanya yi? Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Paulo te ŋu ɖo asitsatɔdziʋuwo tsɔ keke eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu yi ɣetoɖoƒenutowo me va ɖo keke Italia ke. Dutanyanyuigblɔla dzinɔameƒotɔ sia ɖoe be yeayi aɖaɖe gbeƒã le Spania hã.—Dɔwɔwɔwo 27:1; 28:30, 31; Romatɔwo 15:28.

Ke ɣedzeƒe gome ya ɖe? Afi ka kee Kristotɔ nya nyui gblɔlawo anya ɖo le ɣedzeƒenutowo me? Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o, elabena Biblia megblɔ nya aɖeke tso eŋu o. Ke hã, ɖewohĩ awɔ nuku na wò ne èva nya afi si gbegbe asitsamɔ siwo tso Mediterranea nutowo me yi Ɣedzeƒenutowo me la didi va se ɖo le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me. Asitsamɔ mawo ƒe anyinɔnɔ ya teti ɖee fia be woate ŋu azɔ mɔ ayi ɣedzeƒenutowo me.

Akpa Si Aleksanda Wɔ

Aleksanda Gãtɔ xɔ duwo ɖo ta ɣedzeƒe gome to Babilonia kple Persia yi ɖe keke Punjab le India ƒe dziehe ke. Aʋadziɖuɖu siawo na Helatɔwo va nya ƒutanuto siwo keke tso afi si Frat tɔsisia de nu Persia Ƒua me le va se ɖe afi si Indus tɔsisia de nu Arabia Ƒua me le.

Eteƒe medidi o, wova nɔ nu ʋeʋĩwo kple lifi lɔm to India Ƒu Gã la kple Ƒu Dzĩa dzi tsɔ vaa Hela xexea me. Le gɔmedzedzea me la, India kple Arabiatɔwo ƒe asitsalawo koŋ ye nɔ asi sia tsam. Gake esi Ptolemy fiaƒome siwo nɔ Egipte dzi ɖum la va fɔ aye na ale si ya ƒonae le nuto mawo me la, woawo hã ƒo ta ɖe India ƒudzisitsatsaa me.

Le ƒu ma dzi la, ya ƒona madzudzɔmadzudzɔe tso anyieheɣetoɖoƒe le May me va se ɖe September me, si wɔnɛ be tɔdziʋuwo tea ŋu hona tso Ƒu Dzĩa nu toa Arabia ƒe anyieheƒuta alo zɔa mɔ tẽe ɖoa ta India ƒe anyiehe. Tso November me va se ɖe March me la, ya ƒona tso dzieheɣedzeƒe gome, eye esia wɔnɛ be mɔzɔzɔ atrɔ agbɔ nɔa bɔbɔe. Arabia kple India ƒudzidɔwɔlawo nɔ yaƒoƒo siawo ŋuti sidzedze si su wo si la ŋu dɔ wɔm ƒe alafa geɖe. Wotsɔa adzɔnu siwo ƒe ɖewoe nye kotoklobo, botsyo, nardomi, kple atadi zɔa mɔ tso Ƒu Dzĩa nu yia India gatrɔna gbɔna.

Ƒudzimɔ Si Yi Aleksandria Kple Roma

Esi Romatɔwo xɔ anyigba siwo dzi ɖum fia siwo va ɖe Aleksanda yome nɔ la, Roma va zu teƒe vevitɔ si wodzraa adzɔnu xɔasi siwo tso Ɣedzeƒenutowo me le. Adzɔnu siawo ƒe ɖewoe nye nyiɖu tso Afrika, lifi kple mire tso Arabia, nu ʋeʋĩwo kple kpe xɔasiwo tso India, kpakple seda gɔ̃ hã tso China. Tɔdziʋu siwo tsɔa agba siawo la dzena ɖe tɔdziʋudzeƒe gã eve siwo nɔ Berenice kple Myos Hormos le Egipte Ƒu Dzĩa ƒe Ƒuta. Wolɔa agba siawo tso tɔdziʋudzeƒe eve siawo toa anyigba ƒuƒui dzi yia Koptos si nɔ Nil tɔsisia to.

Wotsɔa adzɔnuwo tso Koptos toa Nil, si nye Egipte tɔsisi gãtɔ la, dzi yia Aleksandria, afi si wodea wo tɔdziʋuwo le tsɔ yina ɖe Italia kple teƒe bubuwo. Mɔ bubu si wogatea ŋu tona yia Aleksandria ye nye tsimɔ aɖe si woɖe tso Ƒu Dzĩa ƒe dzigbe gome—si te ɖe egbegbe Suez ŋu—yi ɖade nu Nil tɔsisia me. Le nyateƒe me la, Egipte kple eƒe tɔdziʋudzeƒewo medidi tso anyigba siwo dzi Yesu ɖe gbeƒã le gbɔ o, eya ta ele bɔbɔe be ame aɖe natso afi ma ava Egipte.

Le Helatɔwo ƒe anyigbaŋutinunyala Strabo si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒe nya nu la, le woƒe ŋkekea me la, Aleksandriatɔwo ƒe tɔdziʋu 120 hona tso Myos Hormos yina ɖatsaa asi kple India ƒe sia ƒe. Ƒe alafa gbãtɔ me mɔfiagbalẽ aɖe si ku ɖe ƒudzimɔzɔzɔ le nuto sia me ŋu la li va se ɖe egbe. Anɔ eme godoo be Egiptetɔ Helagbedola aɖe si nye asitsalae ŋlɔe be wòaɖe vi na asitsala bubuwo. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso blemagbalẽ sia me?

Wolɔ̃a mɔfiagbalẽ ma ƒe Latingbe me ŋkɔ si nye Periplus Maris Erythraei (Mɔzɔzɔ Le Eritrae Ƒua Ƒe Nutowo Me) yɔyɔ nɛ. Eƒo nu tso ƒudzimɔ si didi kilometa akpeakpewo tso Egipte ƒe anyiehe va se ɖe Zanzibar ke la ŋu. Esi mɔfiagbalẽa ŋlɔla trɔ ɖe ɣedzeƒe ŋu la, eyɔ teƒewo ƒe didimewo, tɔdziʋutɔɖoƒewo, asitsaƒewo, adzɔnuwo, kple nɔnɔme si nɔ ame siwo nɔ Arabia ƒe anyieheƒuta, India ƒe ɣetoɖoƒeƒuta va ɖo Sri Lanka, yi India ƒe ɣedzeƒeƒuta va se ɖe Ganges tɔsisia nu ke la si. Ale si agbalẽa ƒo nu tso teƒeawo ŋu tsitotsito wòde pɛpɛpɛ na míate ŋu aƒo nya ta be eŋlɔlaa ŋutɔ ɖi tsa yi teƒe siwo ŋu wòƒo nu tsoe.

Ɣetoɖoƒetɔwo Va Ðo India

Le India la, woyɔa asitsala siwo tso ɣetoɖoƒenutowo me be Yavanawo. Le agbalẽ si nye Periplus ƒe nya nu la, teƒe siwo ɣetoɖoƒetɔwo lɔ̃a yiyi le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me dometɔ ɖekae nye Muziris, du aɖe si nɔ India ƒe anyiehe kekeake. * Tamilgbe me hakpanya siwo woŋlɔ le Mía Ŋɔli ƒe ƒe alafa gbãtɔwo me ƒo nu tso asitsala siawo ŋu zi geɖe. Hakpanya ɖeka gblɔ be: “Yavanawo ƒe tɔdziʋu dzeaniwo tsɔa sika vanɛ hetsɔa atadi dzonɛ, eye ɣli nɔa ɖiɖim hoo le Muziris.” Le hakpanya bubu me la, wode dzi ƒo na anyiehe India ƒe fia aɖe be wòano wain si nɔ ʋeʋẽm lilili siwo Yavanawo tsɔ vae la. Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe adzɔnu siwo ŋu amewo doa vivi ɖo le India la dometɔ aɖewoe nye ahuhɔ̃enuwo, gawo, adzagba, kple avɔwo.

Tomenukulawo ke ɖe nu geɖewo ŋu siwo ɖo kpe edzi be Ɣetoɖoƒetɔwo tsɔa adzɔnuwo vaa India le blema. Le kpɔɖeŋu me, nu siwo ŋu woke ɖo le Arikamedu, si le India ƒe anyieheɣedzeƒeƒuta la, dometɔ aɖewoe nye Romatɔwo ƒe wainze kakɛwo kple agba siwo dzi zemela siwo mea ze siawo le Arezzo, si nye du aɖe si nɔ titina Italia la, ƒe asidenutedzesiwo nɔ. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Awɔ nuku na egbegbe tsaɖila aɖe be wòake ɖe anyinu kakɛ siwo dzi wo mela siwo ƒe kpowo le Arezzo ƒe gbɔtowo la ƒe ŋkɔwo le la ŋu le Bengal Ƒe Adɔ̃ ƒe bawo me.” Romatɔwo ƒe gaku gbogbo, siwo wotsɔ sika kple klosalo wɔ, siwo ŋu woke ɖo le India ƒe anyiehe la ganye kpeɖodzi bubu be asitsakadodo nɔ Mediterranea nutoa kple India dome. Wotso gaku siawo ƒe akpa gãtɔ le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me, eye Roma Fiagã siwo nye Augusto, Tiberio, kple Nero ƒe nɔnɔmetatawo le wo dzi.

Nane dze le anyigbatatagbalẽ xoxo aɖe ƒe kɔpi si wowɔ le Titinaɣeyiɣiwo me si gakpɔtɔ li dzi si na be ale si woxɔe se be Romatɔwo tso asitsaduwo koŋ ɖe India ƒe anyiehe la me gasẽ ɖe edzi. Wogblɔ be anyigbatata sia si woyɔna be Peutinger Ƒe Anyigbatatagbalẽ la ɖe ale si Roma xexea nɔ le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la fia. Wogblɔ be Augusto ƒe gbedoxɔ aɖe si nɔ Muziris la dze le anyigbatata ma dzi. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Roma Fiaɖuƒea teviwo koe anya tu gbedoxɔ ma, eye anɔ eme be wo dometɔ siwo nɔ Muziris alo esiwo va tsi afi ma ɣeyiɣi didi aɖe kokokoe tui.”—Rome’s Eastern Trade: International Commerce and Imperial Policy, 31 BC–AD 305.

Romatɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Indiatɔwo ɖo ame dɔdɔ etɔ̃ ya teti ɖe Roma le Augusto ƒe dziɖuɣi, le ƒe 27 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli va se ɖe ƒe 14 Mía Ŋɔli me. Numekuku aɖe si wowɔ tso nya sia ŋu la gblɔ be: “Dukɔwo dome nya vevi aɖewo gbɔ kpɔkpɔ tae ame dɔdɔ siawo va ɖo”—eyae nye be woalɔ̃ ɖe afi si dukɔ vovovo me tɔwo ate ŋu atsa asi le, nu siwo dzi woaxɔ adzɔ ɖo, afi siwo amedzrowo ate ŋu anɔ, kple bubuawo dzi.

Eya ta le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, ame geɖe zɔa mɔ tso Mediterranea nutowo me yia India gagbɔna edziedzi. Anɔ bɔbɔe na Kristotɔ dutanyanyuigblɔla siwo nɔ Ƒu Dzĩa ƒe dziehekpa dzi be woaɖo tɔdziʋu ayi India.

Ðe Wogbɔ India Ŋua?

Míate ŋu agblɔ keke afi si Mediterranea sitsalawo kple mɔzɔla bubuwo te ŋu ɖo le ɣedzeƒenutowo me, kple ɣeyiɣi si tututu woɖo teƒe mawo la kple kakaɖedzi o. Gake wobunɛ be le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, ɣetoɖoƒetɔ aɖewo zɔ mɔ yi keke Thailand, Cambodia, Sumatra, kple Java ke.

Agbalẽ si woyɔna be Hou Han-Shou (Han Ƒiaƒome Mlamɛtɔ Ƒe Nuŋlɔɖigbalẽ) si ku ɖe nu siwo dzɔ tso ƒe 23 Mía Ŋɔli va se ɖe ƒe 220 Mía Ŋɔli me ŋu la ƒo nu tso ƒe si me ɣetoɖoƒetɔ aɖewo va ɖo afi ma la ŋu. Le ƒe 166 Mía Ŋɔli me la, Daqin fia ƒe ame dɔdɔ si ŋkɔe nye An-tun va ɖo Chinatɔwo ƒe fiasã la me, eye wòhe adzɔ vae na Fiagã Huan-ti. Daqin ye nye ŋkɔ si Chinatɔwo yɔna na Roma Fiaɖuƒea, eye edze abe An-tun nye ale si Chinatɔwo yɔa Antoninus, si nye Marcus Aurelius, ame si nye Roma Fiagã ɣemaɣi la, ƒe ƒomeŋkɔe ene. Blemaŋutinyaŋlɔlawo susui be menye Roma Fiaɖuƒea ŋutɔe dɔ ame dɔdɔ ma o, ke boŋ enye ɣetoɖoƒetɔwo ƒe adzɔhawo ƒe asitsalawo ŋutɔ ƒe agbagbadzedze be yewoaƒle seda tso Chinatɔwo si tẽe, ke menye to ƒlekaƒletɔ bubuwo si me o.

Míetrɔ va míaƒe nyabiasea gbɔ ake be, ɣedzeƒenutowo me ƒe afi ka kee blematɔdziʋuwo anya kɔ Kristotɔ dutanyanyuigblɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la yi? Ðe wote ŋu ɖo India hegbɔ eŋu yia? Ðewohĩ. Kakaɖedzitɔe la, woɖe gbeƒã Kristotɔwo ƒe gbedeasia yi teƒe didiwo ale gbegbe be apostolo Paulo te ŋu gblɔ be ele “ku tsem hele tsitsim le xexe blibo la katã me”—si fia be woɖe gbeƒã yi ɖe anyigba si wonya ɣemaɣi la ƒe mlɔenuwo ke.—Kolosetɔwo 1:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Togbɔ be ame aɖeke menya afi si tututu Muziris nɔ o hã la, agbalẽnyalawo gblɔ be enɔ teƒe aɖe si gogo Periyar Tɔsisi la ƒe nugbɔ le Kerala State.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Fiagã Aɖe Ƒe Konyifafa

Le ƒe 22 Mía Ŋɔli me la, Roma Fiagã Tiberio fa konyi ɖe eƒe dumeviwo ƒe gazazã si gbɔ eme ta. Ale si dzidzɔdonamenuwo meɖia kɔ na wo o kple ale si Roma nyɔnu bubumewo tsia dzi ɖe atsyɔ̃ɖonuwo ŋu vevie la nɔ fiaɖuƒea ƒe kesinɔnuwo dome gblẽm hetrɔ mɔ na woƒe gawo nɔ ɖoɖom ɖe “dukɔ tutɔwo alo dukɔ siwo nye futɔwo” la gbɔ. Romatɔwo ƒe blemaŋutinyaŋlɔla Pliny Tsitsitɔ (ƒe 23-79 Mía Ŋɔli) hã fa konyi le gazazã alea ŋu. Eŋlɔ bena: “Le akɔntabubu nu la, ne mede ɖeke o la, ga si India, Seres, kple Arabia Ƒukpo Afã la, lɔna tso míaƒe Fiaɖuƒea me ƒe sia ƒe la ade sesterces miliɔn alafa ɖeka—eya ta ga gbogbo aɖe ŋutɔe míezãna ɖe nunɔamesiwo ƒeƒle kple míaƒe nyɔnuwo ŋu.” *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 28 Gaŋutinunyalawo bu akɔnta be sesterces miliɔn 100 anɔ abe ga siwo katã Roma Fiaɖuƒea kpɔna tso adzɔdodo me ƒe sia ƒe la ƒe akpa eve le alafa me ene.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Museo della Civiltà Romana, Roma; Todd Bolen/Bible Places.com

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

Afi Kawoe Asitsalawo Dia Woƒe Adzɔnuwo Le?

Yesu ƒo nu tso “asitsala mɔzɔla aɖe si le dzonu nyuiwo dim” ŋu. (Mateo 13:45) Nenema kee Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa hã ƒo nu tso ‘asitsala mɔzɔla’ siwo ƒe adzɔnuwo dometɔ aɖewoe nye kpe xɔasiwo, seda, ati ʋeʋĩ, nyiɖu, nu ʋeʋĩ si woyɔna be sinamɔn, lifi, kple ataku la ŋu. (Nyaɖeɖefia 18:11-13) Wokpɔa adzɔnu siawo le teƒe vovovo siwo nɔ asitsamɔ, siwo nɔ Palestina ƒe ɣedzeƒe la, dzi. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa ati ʋeʋĩwo, abe sandalwood (Santal) ene, tso India. Woate ŋu akpɔ dzonu xɔasiwo le Persia Ƒukɔme kple Ƒu Dzĩa ƒe nutowo me. Eye le agbalẽ si nye Periplus Maris Erythraei ŋlɔlaa ƒe nya nu la, woate ŋu akpɔ wo le Muziris kple Sri Lanka ƒe nutowo hã me. Anɔ eme be dzonu siwo tso India Ƒu Gã la ƒe nutowo mee nye nyuitɔwo kekeake kple esiwo xɔ asi wu.

[Anyigbatata si le axa 20, 21]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Asitsamɔ aɖewo siwo nɔ Roma kple Asia dome le ƒe alafa gbãtɔ me

Arezzo

Roma

MEDITERRANEA ƑU

AFRIKA

Aleksandria

EGIPTE

Koptos

Nil Tɔsisi

Myos Hormos

Berenice

Zanzibar

Ƒu Dzĩa

Yerusalem

ARABIA

Frat Tɔsisi

BABILONIA

Persia Ƒukɔme

PERSIA

Ya si ƒona tso dzieheɣedzeƒe

Ya si ƒona tso anyieheɣetoɖoƒe

Indus Tɔsisi

PUNJAB

Ganges Tɔsisi

Bengal Ƒe Adɔ̃

INDIA

Arikamedu

Muziris

SRI LANKA

INDIA ƑU GÃ (ERITRAE ƑU)

CHINA

HAN ƑIAÐUƑE

THAILAND

CAMBODIA

VIETNAM

Sumatra

Java

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Romatɔwo ƒe agbatsɔtɔdziʋu aɖe ƒe nɔnɔmetata

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Tɔdziʋu: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.