Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Axlɔ̃ Nu Amewo Geɖe Wua?

Àte Ŋu Axlɔ̃ Nu Amewo Geɖe Wua?

Sinima aɖe si ŋu gbeɖiɖi mekpe ɖo o, si ƒe tanyae nye A Trip Down Market Street (Tsaɖiɖi Le Mɔdodo Dzi Le Asitsaƒe) si ɖe ale si agbea nɔ le San Francisco, U.S.A., le ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze fia la kpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe amewo dzi ŋutɔ. Sinima sia wɔlawo da woƒe fotoɖemɔ̃ si wotrona kple asi la ɖe lɔri aɖe si toa ketekegakpo dzi la tame henɔ nu siwo le edzi yim le mɔdodo si dzi ame gbogbowo le la ɖem. Le sinimaa me la, àkpɔ tasiaɖamwo kple blema lɔri siwo va le yiyim, kple nuƒlelawo kpakple ŋutsuvi nyadzɔdzɔgbalẽdzrala siwo le woƒe gbe sia gbe dɔwo dzi.

Nu si na sinima sia kpɔkpɔ wɔa nublanui na ame wue nye be, anɔ eme be April 1906 mee wowɔe, si nye ŋkeke ʋɛ aɖewo ko do ŋgɔ na anyigbaʋuʋu sesẽ kple dzobibi gã si tsrɔ̃ ame akpe geɖe le April 18 lia dzi eye wòna dugã la ƒe akpa ma zu dudo kloe. Anɔ eme be agbenɔŋkeke ʋɛ aɖewo koe susɔ na dzidzɔme siwo dze le sinimaa me la dometɔ aɖewo. Scott Miles, si nye sinima sia wɔlawo dometɔ ɖeka ƒe tɔgbuiyɔvi, gblɔ be: “Ne mekpɔ ame siwo le afi ma, siwo menya nu si gbɔna wo tu ge o la, woƒe nu wɔa nublanui nam ŋutɔ.”

Ƒe 1906 ƒe anyigbaʋuʋu kple dzobibi gã si ame aɖeke mekpɔ do ŋgɔ o la tsrɔ̃ San Francisco dugã la ƒe akpa gãtɔ

Ŋkubiãnya ma tɔgbi dze ŋgɔ míawo hã egbea. Ele be míaƒe nutoa me tɔwo ƒe nu nawɔ nublanui na mí. Elabena ɖeko wole woƒe gbe sia gbe dɔwo dzi eye womenya afɔku gã si gbɔna wo tu ge kpuie la kura o—si nye tsɔtsrɔ̃ si gbɔna nuɖoanyi sia kple emenuwo katã dzi. Esia mele abe anyigbaʋuʋu si ame aɖeke mekpɔ do ŋgɔ o ene o, ke boŋ mɔnukpɔkpɔ vi aɖe kpɔtɔ li na mí be míatsɔ axlɔ̃ nu amewo tso Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe si míenya be etu aƒe ŋu. Anɔ eme be èɖo ɣiyiɣi ɖi na ɖaseɖiɖi tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu kwasiɖa sia kwasiɖa, gake ɖe nàgate ŋu axlɔ̃ nu amewo geɖe wua?

YESU NƆA KLALO ƔESIAƔI NA GBEƑÃÐEÐE

Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na mí le mɔ sia nu be enɔa klalo ɣesiaɣi na gbeƒãɖeɖe. Eɖe gbeƒã na ame sia ame si wòdo goe, eɖanye nudzɔla siwo wòkpɔ le mɔdodowo dzi loo alo nyɔnu si wòdo go le vudo to le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣi o. (Luka 19:1-5; Yoh. 4:5-10, 21-24) Esi Yesu ɖoe be yeaɖi ɖe eme gɔ̃ hã la, elɔ̃ faa te fli ɖe ɖoɖo ma me ale be wòate ŋu afia nu amewo. Vevesese ɖe ehaviwo nu ʋãe wòku kutri geɖe le ɖaseɖiɖidɔa me. (Marko 6:30-34) Aleke amewo le Yesu ƒe nuwɔwɔ kpata ƒe nɔnɔmea srɔ̃m egbea?

WOWƆ MƆNUKPƆKPƆ ÐE SIA ÐE ŊU DƆ

Xɔ si me Melika le la le aƒe gã siwo ŋu wodzɔna vevie la me. Eƒe aƒelika geɖewo nye ame siwo tso  duta va le suku dem, siwo ƒe telefonxexlẽdzesi medze le telefon xexlẽdzesifiagbalẽ me o eye woƒe ŋkɔwo hã medze le nɔƒefiagbalẽ si le afi si amedzrowo lalana le me o. Ekpɔa dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ siwo ʋuna ɖi nɛ be wòaɖi ɖase na xɔhayalawo le xɔdomemɔwo dzi alo dziƒoxɔliamɔ̃ me la ŋu. Egblɔ be, “Le mɔ aɖe nu la, mebui be emae nye nye anyigbamama.” Agbalẽ siwo le gbe vovovowo me nɔa Melika ŋu ɣesiaɣi, eye ame geɖe lɔ̃na xɔa trakt kple magazinewo. Ehea amewo ƒe susu yia míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org hã dzi. Edze Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme.

Sonia hã nɔa ŋudzɔ be yeaɖe gbeƒã na ame sia ame si yeate ŋui. Ewɔa dɔ le dɔnɔkɔdzi, eye wòɖoe eƒe taɖodzinu be yeaɖi ɖase tsitotsito na yeƒe dɔwɔhatiwo kwasiɖa sia kwasiɖa. Gbã la, egbɔ dzi ɖi lé ŋku ɖe wo ŋu be yeanya wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuhiahiãwo kple nu siwo me wotsɔ ɖe le. Eyome ezãa eƒe ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia tsɔ tena ɖe wo ŋu ɖekaɖeka ɖia ɖase na wo. Esia wɔe be Sonia te ŋu dze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame eve. Ele ɖoɖo wɔm be yeazã yeƒe ɖiɖiɖemeɣia ƒe akpa aɖe atsɔ aɖi ɖase na ame siwo le ɖɔkta dzɔm le afi si amewo lalana le.

WƆ MƆNUKPƆKPƆWO ŊU DƆ

Ŋutsu aɖe si tsi agbe le ƒe 1906 ƒe anyigbaʋuʋua me la gblɔ be enye “afɔku vɔ̃ɖitɔ kekeake si dzɔ ɖe dugã aɖe dzi kpɔ.” Eteƒe madidi o, afɔku siwo katã dzɔ kpɔ la maɖi naneke ne wotsɔ wo sɔ kple hlɔ̃biagbe si ava “ame siwo menya Mawu o” dzi o. (2 Tes. 1:8) Yehowa di vevie be amewo natrɔ woƒe dzi kple susu eye woawɔ ɖe nuxlɔ̃amegbedasi si eƒe Ðasefowo le gbeƒã ɖem la dzi.—2 Pet. 3:9; Nyaɖ. 14:6, 7.

Ce nàte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ aɖi ɖase na ame siwo nèdoa goe le wò gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ mea?

Mɔnukpɔkpɔ su wò hã asiwò be nàʋu amewo ƒe ŋku woade dzesi ɣeyiɣi vevi si me míele, eye nàkpe ɖe wo ŋu woaɖe asi le ɖokuitɔdidi ƒe agbenɔnɔ ŋu ne woadi Yehowa. (Zef. 2:2, 3) Ðe nàte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ aɖi ɖase na wò dɔwɔhatiwo, aƒelikawo kple ame siwo nèdoa goe le wò gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ mea? Àte ŋu axlɔ̃ nu amewo geɖe wua?