Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa Le Philippines

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa Le Philippines

ANƆ abe ƒe ewoe nye esi va yi la, Gregorio kple srɔ̃anyɔnu Marilou, siwo le woƒe ƒe 30-awo me, nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Manila, eye le ɣiyiɣi ma ke me la, wodea dɔme gbe sia gbe. Esesẽ gake wonɔ edzi. Emegbe woɖo Marilou dɔmemegãe le gadzraɖoƒe si wònɔ dɔ wɔm le. Marilou gblɔ be: “Le dɔ nyui si wɔm míenɔ ta la, míenɔ agbe le dziɖeɖi me.” Le nyateƒe me la, nuwo nɔ edzi dzem na atsu kple asi sia le ŋutilã me ale gbegbe be woɖoe be yewoatso aƒe gã le teƒe nyui aɖe si didi tso Manila ƒe ɣedzeƒe gome kilometa 19 ko. Wowɔ ɖoɖo be xɔtudɔwɔƒe aɖe natso aƒea ne yewoaxe fea vivivi ɣleti sia ɣleti hena ƒe ewo.

“MESE LE ÐOKUINYE ME BE MELE ADZO DAM YEHOWA”

Marilou gblɔ be: “Ðoƒe si wonam le dɔme bia be mazã ɣiyiɣi kple ŋusẽ geɖe ɖe dɔ ŋu ale gbegbe be dzo si nɔ menye ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ɖiɖi. Mese le ɖokuinye me be mele adzo dam Yehowa.” Egblɔ be: “Nyemegatea ŋu zãa ɣiyiɣi si meɖe adzɔgbe be mazã le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la o.” Esi Gregorio kple Marilou menɔ dzidzɔ kpɔm  ɖe nɔnɔme sia ŋu o ta la, wonɔ anyi hede adaŋu le afi si woƒe agbe ɖo tae ŋu. Gregorio gblɔ be: “Míedi be míawɔ tɔtrɔ gake míenya nu si tututu míawɔ o. Míedzro nu si míawɔ be míate ŋu awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me la me, vevietɔ esi vi mele mía si o ta. Míedo gbe ɖa bia Yehowa ƒe mɔfiafia.”

Ɣemaɣiwo la, wose nuƒo geɖe ku ɖe subɔsubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu ŋu. Gregorio gblɔ be: “Míese le mía ɖokui me be nuƒo mawo nye mɔ si dzi Yehowa to ɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu.” Atsu kple asia do gbe ɖa bia xɔse geɖe wu be dzi nanɔ yewo ƒo yewoawɔ nyametsotso nyuitɔ. Kuxi gãtɔwo dometɔ ɖekae nye aƒe si tum wonɔ na wo. Woxe aƒea tuga ɣleti sia ɣleti ƒe etɔ̃ sɔŋ xoxo. Nu kae woawɔ azɔ? Marilou gblɔ be: “Ne míete fli ɖe xɔtuɖoɖoa me la, ga siwo katã míexe va se ɖe ɣemaɣi la afiã—ga gbogbo aɖe ŋutɔe nye ema. Gake míekpɔe be esia aɖee afia nenye be míedi be míatsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ loo alo míaƒe nudzodzrowo.” Esi nya si apostolo Paulo gblɔ be ‘yebua nuwo katã be wonye nu búbuwo’ la le susu me na wo ta la, wote fli ɖe xɔtuɖoɖoa me, woɖe asi le woƒe dɔwo ŋu, dzra woƒe nunɔamesi akpa gãtɔ, eye woʋu yi kɔƒe saɖeaga aɖe me le Palawan ƒukpoa dzi, afi si didi tso Manila ƒe anyiehe gome anɔ kilometa 480 sɔŋ.—Flp. 3:8.

WOSRƆ̃ “NU ƔAƔLA” LA

Hafi Gregorio kple Marilou naʋu adzo la, wodze agbagba be yewoadzra ɖo ɖe agbe tsɛ nɔnɔ ŋu. Gake womenya ale si tututu agbea anɔ o va se ɖe esime woɖo kɔƒea me. Marilou gblɔ be: “Míaƒe nu koe ku! Elektrikŋusẽ meli o; nu siwo katã nana agbea nɔa bɔbɔe la hã meli o. Le esi míasi elektrik-mɔliɖaze ko aɖa mɔli teƒe la, ehiãna be míadze nake ado dzo hafi aɖae. Tsaɖiɖi le fiase gãgãwo me, dodo aɖaɖu nu le nuɖuɖudzraƒewo kple nu bubu siwo le dugã me dzroam vevie.” Ke hã, atsu kple asia ɖoa ŋku susu si tae woʋu yi kɔƒea me ɖo dzi na wo ɖokuiwo, eye eteƒe medidi o wotrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Marilou gblɔ be: “Fifia Mawu ƒe nuwɔwɔwo, siwo dome ɣletivi gbogbo siwo klẽna nyuie le zã me le la, kpɔkpɔ doa dzidzɔ nam ale gbegbe. Ƒo wo katã ta la, edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne míekpɔ dzidzɔ si yɔa amewo me ne míeɖe gbeƒã na wo. Subɔsubɔ le afi sia na míesrɔ̃ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu si le ame si ŋu ƒe ‘nu ɣaɣla’ la.”—Flp. 4:12.

“Naneke mesɔ kple dzidzɔ si wònyena ne míekpɔ ale si hamea le dzidzim ɖe edzi teƒe o. Míekpɔe be viɖe le míaƒe agbe ŋu fifia wu tsã.”—Gregorio and Marilou

Gregorio hã gblɔ be: “Esi míeva ɖo afi sia la, Ðasefo ene koe nɔ anyi. Dzi dzɔ wo ŋutɔ esi medze dutoƒonuƒo ƒoƒo kwasiɖa sia kwasiɖa eye meƒoa dzitaa ɖe Fiaɖuƒeha siwo míedzina dzi.” Le ƒe ɖeka pɛ ko me la, atsu kple asia kpɔ eteƒe ƒuƒoƒo sue ma dzi ɖe edzi zu hame kpɔdzidzɔ si me gbeƒãɖela 24 le. Gregorio gblɔ be: “Lɔlɔ̃ si hame sia ɖena fiaa mí la  wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ.” Egbea, le ɖaseɖiɖi le nuto saɖeaga sia me ƒe ade sɔŋ megbe la, wogblɔ be: “Naneke mesɔ kple dzidzɔ si wònyena ne míekpɔ ale si hamea le dzidzim ɖe edzi teƒe o. Míekpɔe be viɖe le míaƒe agbe ŋu fifia wu tsã.”

“‘MEÐƆE KPƆ, EYE MEKPƆE BE YEHOWA ƑE DƆME NYO’!”

Le Philippines la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ade 3,000 sɔŋ ʋu yi nuto siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu me. Wo dometɔ 500 sɔŋ nye nɔvinyɔnu trewo. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Karen.

Karen

Karen, si xɔ ƒe 25 la, tsi le Baggao, Cagayan. Tso keke esime wònye ƒewuivi la, ebua ale si wòakeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu ŋu. Egblɔ be: “Esi menyae be ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ eye ehiã be ame ƒomevi ɖe sia ɖe nase Fiaɖuƒegbedeasia ta la, medi be masubɔ le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu.” Togbɔ be Karen ƒe ƒometɔ ʋɛ aɖewo ƒoe ɖe enu be wòade suku kɔkɔ tsɔ wu be wòaʋu aɖaɖe gbeƒã le nuto saɖeaga aɖe me hã la, edo gbe ɖa bia Yehowa ƒe mɔfiafia. Eɖo dze kple nɔvi siwo subɔ le saɖeaganutowo me kpɔ la hã. Esi wòxɔ ƒe 18 la, eʋu yi saɖeaganuto aɖe si didi tso wo de kilometa 64 sɔŋ me.

Hame sue si ŋu Karen yi ɖakpe ɖo la wɔa dɔ le tonuto aɖe me, le Pasifik Ƒua ŋu. Karen gblɔ be: “Esi míetso Baggao yina hame yeyea me la, míeto afɔ ŋkeke etɔ̃, to towo kple baliwo me, eye míetso tɔsisi siwo wu 30 sɔŋ hafi ɖo afi ma.” Egblɔ kpee be: “Metoa afɔ gaƒoƒo ade sɔŋ hafi dea Biblia nusrɔ̃vi aɖewo gbɔ; metsia nusrɔ̃via gbɔ dɔna, eye le ŋufɔke la, metoa afɔ gaƒoƒo ade gbugbɔna yia aƒeme.” Ðe agbagbadzedze mawo ɖe via? Karen gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, afɔ veam.” Gake egblɔ kple nukoko be, “Mesrɔ̃ Biblia kple ame 18 sɔŋ. ‘Meɖɔe kpɔ, eye mekpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo’!”—Ps. 34:9.

“MESRƆ̃ ALE SI MAÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU”

Sukhi

Nu kae ʋã Sukhi, si nye nɔvinyɔnu tre si xɔ ƒe 40 to eŋu vie, si le United States la, wòʋu yi Philippines? Le ƒe 2011 me la, ede nutome sue takpekpe si me wobia gbe atsu kple asi aɖe le. Atsu kple asia gblɔ ale si wodzra woƒe nunɔamesi akpa gãtɔ heʋu yi Mexico be yewoakpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le afi ma. Sukhi gblɔ be: “Gbebiame ma na mete taɖodzinu siwo ŋu nyemebu kpɔ o la ŋu bubu.” Esi Sukhi, si dzilawo nye Indiatɔwo, see be wohiã na kpekpeɖeŋu geɖe be woaɖe gbeƒã na Punjabitɔ siwo le Philippines la, etso nya me be yeayi aɖana kpekpeɖeŋu. Ðe wòdo go kuxiwoa?

Sukhi gblɔ be: “Tiatiawɔwɔ le nye nunɔamesi siwo madzra kple esiwo makpɔtɔ ɖi ŋu sesẽ nam wu ale si mesusui. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi nye ŋutɔ mehaya aƒe nɔ eme dziɖeɖitɔe ƒe 13 sɔŋ megbe la, meʋu yi ɖanɔ nye ƒometɔwo gbɔ, si na nyemegavo abe tsã ene o. Menɔ bɔbɔe nam o, gake enye mɔ nyui si dzi  meto srɔ̃ agbe tsɛ nɔnɔ.” Kuxi kawoe wòdo goe esi wòʋu yi Philippines? Egblɔ be: “Nye kuxi sesẽtɔwoe nye vɔvɔ̃ na nugbagbevi suesuewo kple aƒedzroame. Mesrɔ̃ ale si maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu vevie wu tsã!” Ðe eƒe agbagbadzedzea ɖe via? Sukhi ko alɔgbɔnu hegblɔ be: “Yehowa gblɔ na mí be, ‘Midom kpɔ be nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi o hã.’ (Mal. 3:10) Meva kpɔ nya siawo ƒe nyateƒenyenye esi aƒemenɔla aɖe biam be ‘Ɣekaɣie nàtrɔ ava? Nyabiase bubu geɖewo le asinye.’ Edoa dzidzɔ nam ŋutɔ be makpe ɖe ame siwo gbɔgbɔmedɔ le wuwum la ŋu!” Sukhi gblɔ kpee be: “Le nyateƒe me la, nu si sesẽ nam koŋ ye nye nyametsotsowɔwɔ be maʋu. Gake esi meɖe afɔ sia vɔ la, ale si Yehowa na nu sia nu si mehiã lam la wɔ nuku ŋutɔ.”

‘METE ŊU ÐU VƆVƆ̃ DZI’

Sime, si nye nɔviŋutsu srɔ̃tɔ aɖe si gogo ƒe 40 fifia la, ʋu tso Philippines yi ɖatsi dukɔ aɖe me le Asia ƒe anyieheɣetoɖoƒe be yeawɔ dɔ si ƒe fetu lolo wu. Gake esi Sime le afi ma la, nutome sue dzikpɔla ƒe dzideƒoname kple nuƒo si Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ aɖe ƒo la ʋãe be wòtsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Sime gblɔ be: “Togbɔ be mewɔ esia hã la, asiɖeɖe le nye dɔa ŋu ŋuti bubu na metsia zãdomadɔlɔ̃e.” Ke hã, eɖe asi le dɔa ŋu hetrɔ gbɔ va Philippines. Egbea, Sime kple srɔ̃a, Haidee, le subɔsubɔm le Davao del Sur, si le dukɔa ƒe anyiehekpa dzi, afi si wohiã Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu le be woakpe anyigbamama gã la ɖo. Sime gblɔ be: “Ne metrɔ kpɔ megbe la, edzɔa dzi nam ŋutɔ be mete ŋu ɖu asiɖeɖe le dɔ ŋu ƒe vɔvɔ̃ si nɔ menye la dzi hetsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. Naneke meli si naa dzidzeme ame le agbe me wu be nàtsɔ wò nu nyuitɔ kekeake ana Yehowa o!”

Sime kple Haidee

“ENANA MÍAƑE DZI DZEA EME ŊUTƆ!”

Esi Ramilo kple Juliet, siwo nye atsu kple asi mɔɖela siwo xɔ ƒe 30 to eŋu vie la see be hame aɖe si didi tso wo gbɔ kilometa 30 la hiã kpekpeɖeŋu la, wotsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoana kpekpeɖeŋu. Eya ta kwasiɖa sia kwasiɖa la, tsi le dzadzam o, ŋdɔ le ʋuʋum o, Ramilo kple Juliet doa dzokeke agbadroƒe geɖe dea hamea ƒe kpekpewo kple gbeadzi. Togbɔ be mɔzɔzɔ to mɔ glidzaglidzawo kple tɔdzisasrã siwo tea ŋu ʋuʋuna dzi menɔa bɔbɔe o hã, edoa dzidzɔ na wo be yewokeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Ramilo gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míesrɔ̃a Biblia kple ame 11 sɔŋ! Subɔsubɔ le afi si hiahiã lolo wu le bia be míatsɔ nu geɖe asa vɔe ya, ke hã enana míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ!”—1 Kor. 15:58.

Juliet kple Ramilo

Àdi be yeanya ale si yeawɔ asubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu le miaƒe dukɔa alo dukɔ bubu mea? Ekema gblɔe na miaƒe nutome sue dzikpɔla eye nàxlẽ nyati si nye, “Àte Ŋu ‘Atso Ƒu Ayi Makedonia’?” le August 2011 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.