Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔ̃ Amewo

Lɔ̃ Amewo

Kuxia

Nazãbubu nu meyina le ame me enumake o. Abe ale si ko wòbiaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze hafi ame aɖe nate ŋu ahaya tso dɔvɔ̃ aɖe si me ene la, nenema kee wòbiaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze hafi míate ŋu aɖu nazãbubu dzi keŋkeŋ. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàdzudzɔ nazãbubu?

Nya Si Biblia Gblɔ

“Mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”—KOLOSETƆWO 3:14.

Nu kae nya sia fia? Ne míenyoa dɔme na amewo la, ana míawɔ ɖeka. Zi ale si nèɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo la, zi nenemae susu nyui ava nɔ asiwò ɖe wo ŋu. Ne wò lɔlɔ̃ na wo nu va le sesẽm ɖe edzi la, esia awɔe be màgabu nazã ɖe wo ŋu alo alé fu wo o.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

Bu mɔ siwo koŋ nu nàte ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia ame ƒomevi aɖewo siwo ŋu nèbua susu manyomanyo ɖo tsã la ŋu. Esia mefia be nàwɔ nu gã aɖe kokoko o. Dze agbagba nàwɔ nu siwo gbɔna la dometɔ aɖewo:

Nu suetɔ kekeake si nàwɔ atsɔ aɖe lɔlɔ̃ afia la, ana nàɖu nazãbubu dzi

  • Wɔ nu ɖe ame ƒomevi mawo ŋu nyuie; le kpɔɖeŋu me, ne èdo go wo dometɔ aɖe le ʋɔtru aɖe nu la, àte ŋu aʋu ʋɔa nɛ alo ne èɖo ʋu kple wo dometɔ aɖe eye zikpuiawo dzi yɔ la, àte ŋu atsi tre be eya nanɔ anyi.

  • Dze agbagba nàɖo dze kple wo vie, ne womedoa gbe si nèdona la nyuie o gɔ̃ hã.

  • Ne wowɔ nane si gɔme mèse o la, gbɔ dzi ɖi na wo.

  • Ne woƒo nu tso kuxi aɖe si me tom wole ŋu na wò la, se veve ɖe wo nu.