Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Keke Ame Siwo Nèdzea Xɔ̃e La Ðe Enu

Keke Ame Siwo Nèdzea Xɔ̃e La Ðe Enu

Kuxia

Ne míetea mía ɖokui ɖa tso ame siwo ŋu míebua susu manyomanyo ɖo gbɔ la, míagava nɔ nazã bum geɖe wu. Ne ame siwo le abe míawo ene koe míedea ha kpli la, míava nɔ esusum be ale si míebua nuwo ŋu, ale si míesena le mía ɖokui me kple ale si míewɔa nu koe nye nyuitɔ.

Nya Si Biblia Gblɔ

“Miʋu miaƒe dziwo me gbadzaa.”—2 KORINTOTƆWO 6:13.

Nu kae nya sia fia? Míaƒe “dzi” ate ŋu afia ale si míesena le mía ɖokui me. Ne ame siwo le abe míawo ene koe míelɔ̃na la, esia awɔe be míaʋu míaƒe dziwo me gbadzaa o. Be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o la, ele be míalɔ̃ faa adze xɔ̃ ame siwo mele abe míawo ene o la hã.

Vi Kae Wòaɖe Ne Míekekea Ame Siwo Míedzea Xɔ̃e La Ðe Enu?

Ne míete ɖe amewo ŋu eye míeva nya wo nyuie la, esia ana míava se nu si tae woƒe nuwɔna aɖewo to vovo na mía tɔ la gɔme. Eye ne míeva lɔ̃ wo la, míakpɔe be ɖeko wole abe míawo ke ene. Míeva dea asixɔxɔ wo ŋu geɖe wu, míekpɔa dzidzɔ kpli wo, eye míesea veve kpli wo.

Bu Nazaré ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Tsã la, ebua nazã ɖe ame siwo ʋu tso dukɔ bubu me va afi si wòle la ŋu. Eɖe nu si kpe ɖe eŋu la me, egblɔ be: “Mede ha kpli wo eye mewɔ dɔ kpli wo ɖekae. Esia na meva kpɔe be nya siwo amewo gblɔna tso wo ŋu la menye nyateƒe kura o. Ne èdze xɔ̃ ame siwo tso to bubu me la, àva kpɔe be wo katã mewɔa nu abe ale si amewo gblɔna tso wo ŋu ene o. Esia awɔe be àva de asixɔxɔ wo ŋu eye àlɔ̃ wo.”

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

Di mɔnukpɔkpɔa nàɖo dze kple ame siwo doa gbe bubu alo tso to alo dukɔ bubu me. Àte ŋu abia wo be

  • Woaƒo nu tso wo ɖokuiwo ŋu vie na wò.

  • Woava ɖu nu kpli wò.

  • Woagblɔ nanewo siwo dzɔ le woƒe agbe me la na wò, eye nàɖo to nyuie be nàde dzesi nu siwo le vevie na wo.

Ne èdze agbagba se nu siwo me woto gɔme la, ana nànya susu si ta wowɔa nanewo ɖo. Esia akpe ɖe ŋuwò be woawo kple ame bubu siwo tso to ma me la ƒe nu ava lé dzi na wò.