Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀDI BE YEANƆ LÃMESẼ MEA?—NU ATƆ̃ SIWO NÀTE ŊU AWƆ

Nu Siwo Nàwɔ Be Nànɔ Lãmesẽ Me Wu

Nu Siwo Nàwɔ Be Nànɔ Lãmesẽ Me Wu

AME kae dina be yealé dɔ? Dɔléle doa nuxaxa na ame eye wògblẽa ga na ame hã. Ana be dzi madzɔ wò o, eye màte ŋu ayi suku alo awɔ dɔ akpɔ ga o, eye màte ŋu akpɔ wò ƒomea dzi hã o. Ahiã gɔ̃ hã be ame aɖe nakpɔ dziwò eye nàzã ga gbogbo aɖe ɖe atikewo kple dɔdada ŋu.

Màte ŋu aƒo asa na dɔléle aɖewo ya o. Gake nu geɖewo li nàte ŋu awɔ be dɔlélewo makpɔ ŋusẽ boo ɖe dziwò o alo aƒo asa na wo keŋkeŋ. Elabena dzeaʋaɖia, aʋa mesinɛ o. Kpɔ nu atɔ̃ siwo nàte ŋu awɔ tso egbea dzi be nànɔ lãmesẽ me la ɖa.

1 WƆ NU SI ANA NÀNƆ DZADZƐE

Kɔdzi si woyɔna be Mayo gblɔ be, “mɔ nyuitɔ siwo dzi ame ato aƒo asa na dɔlélewo kple dɔlékuiwo kaka la dometɔ ɖekae” nye asikɔklɔ. Mɔ siwo dzi ame tona xɔa kpeƒoame alo dzamezã ƒe dɔlékuiwo bɔbɔe ye nye be wòatsɔ asi si ŋu dɔlékuiwo le anɔ ŋɔtinu alo ŋku lilim. Mɔ nyuitɔ si dzi nàto aƒo asa na esia ye nye be nànɔ asi klɔm edziedzi. Beléle na ame ɖokui ahanɔ dzadzɛe ate ŋu axe mɔ ɖe dɔ vɔ̃ɖi aɖewo kaka nu, wo dometɔ aɖewoe nye axamedɔ kple mitsinyenyedɔwo, dɔ siawo wua ɖevi siwo mekpɔ xɔ ƒe atɔ̃ haɖe o la dometɔ miliɔn eve aɖewo ƒe sia ƒe. Asikɔklɔ ate ŋu aɖe dɔ vɔ̃ɖi si ŋkɔe nye Ebola gɔ̃ hã ƒe kaka dzi akpɔtɔ.

Asikɔklɔ le vevie le ɣeyiɣi aɖewo koŋ me be míakpɔ míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe lãmesẽ ta. Ele be nàklɔ asi:

  • Ne ède afɔdzi.

  • Ne èɖɔli godui na viwò alo ne ede afɔdzi nèkpɔ egbɔ.

  • Hafi nàkpɔ abi gbɔ, eye ne èkpɔ abia gbɔ vɔ hã.

  • Hafi nàyi dɔnɔ aɖe gbɔ, eye ne èdzo le egbɔ hã.

  • Hafi nàɖa nu, nàtsɔ nuɖuɖu aɖo kplɔ̃e alo aɖu nu.

  • Ne ènyè, èkpe kpe alo fi mitsi.

  • Ne èka asi lã aɖe ŋu alo lãmi aɖe ŋu.

  • Ne èbla gbeɖuɖɔ alo tsɔe ƒu gbe.

Mele be nàklɔ asi ɖewoɖewoe o. Numekukuwo ɖee fia be ame siwo yia dugazewo la dometɔ akpa gãtɔ meklɔa asi nyuie ne wode afɔdzi o eye ame aɖewo meklɔnɛ gɔ̃ hã o. Aleke wòle be nàklɔ asie?

  • Kɔ tsi dzadzɛ ɖe asi dzi eye nàwɔ adzalẽ ɖe asi me.

  • Nɔ asiawo klɔm, ɖo ŋku edzi nàɖe fetuwo kple degblefetsuwo me nyuie, klɔ wò asimegbewo kple asitomewo.

  • Wɔe sekɛnd 20 ya teti.

  • Azɔ kɔ tsi ɖe asi dzi nàkpalae.

  • Tsɔ asitutunu kɔkɔe alo pepatakuvi tutu asi.

Mɔnu siawo le bɔbɔe gake woate ŋu akpɔ tawò tso dɔléle si me eye wòakpɔ wò agbe ta.

2 ZÃ TSI SI LE DZADZƐE

Le dukɔ aɖewo me la, avu kple kɔe wònyena na ƒome aɖewo be woakpɔ tsi nyui azã. Ke hã, tsi nyui kpɔkpɔ ate ŋu azu kuxi le xexemedukɔ ɖe sia ɖe me, elabena tɔɖɔɖɔ, ahom, pɔmpiwo ƒe gbagbã kple nu bubuwo ate ŋu ana tsi nyui siwo amewo nona la me naƒo ɖi. Ne afi si wokpɔa tsiawo tso alo nu siwo me wokɔa wo ɖo me mele dzadzɛe o la, ate ŋu ana amewo nalé dɔ siwo nye koléra, mitsinyenyedɔ siwo tea ŋu wua ame, asrã sesẽ, aklãdɔ kple dɔléle bubuwo. Wobu akɔnta be tsi nyui ƒe anyimanɔmanɔ nana ame miliɔn 1,700 xɔa mitsinyenyedɔwo ƒe sia ƒe.

Nu geɖewo li nàte ŋu awɔ be dɔlélewo makpɔ ŋusẽ boo ɖe dziwò o alo nàƒo asa na wo keŋkeŋ

Zi geɖe la, amewo xɔa koléra nenye be wono tsi siwo me ame siwo ŋuti dɔ sia le la de afɔdzi ɖo alo ɖu nu siwo tsi siawo ƒomevi ƒo ɖii. Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso dɔ sia kple bubuwo si me nenye be dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ teti gɔ̃ hã?

  • Kpɔ egbɔ be tsi siwo nèzãna na numekɔklɔ, nuɖuɖuwo kple agbawo kɔklɔ, nuɖaɖa alo tsikpewɔwɔ la le dzadzɛe, ate ŋu anye pɔmpitsi si woléa be na nyuie alo aŋetukpametsi siwo adzɔha siwo ŋu kakaɖedzi le la wɔ.

  • Ne ewɔ na wò be yewoƒe pɔmpitsia mele dzadzɛe o la, ke ɖa tsia alo de atike siwo wua dɔlékui le tsi me la tsia me hafi nàzãe.

  • Ne èbe yeazã atike siwo wotsɔ dzaa tsi me abe klorine kple esia tɔgbi ene la, wɔ ɖe atikeawo wɔlawo ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ.

  • Zã tsitsyɔnu adodoewo ne ɖe li alo ne womexɔ asi fũu akpa o.

  • Ne nu siwo wotsɔ dzaa tsi me meli o la, ke de ɖiɖetike (bleach alo l’eau de Javel) gege toŋtoŋ eve ɖe tsi lita ɖeka me, blu tsia me nyuie, eye nàda tsia ɖi miniti 30 hafi nàzãe.

  • Kɔ tsi nyuiwo alo tsi siwo nèɖa la ɖe nu siwo me kɔ me eye nàtu nu wo nu nyuie ale be dɔlékui aɖeke nagage ɖe wo me o.

  • Kpɔ egbɔ be nu sia nu si nàtsɔ aku tsi le tsigoa me la le dzadzɛe.

  • Asiwò nekɔ hafi nàlé nu siwo me tsi dzadzɛwo le eye mègade asi tsi nono me o.

3 LÉ ŊKU ÐE WÒ NUÐUÐUWO ŊU

Mímate ŋu anɔ lãmesẽ me ne mímeɖua nu nyuie o, eye nuɖuɖu nyuie bia be míaɖu nu siwo me nunyiame vovovowo le. Ele be nàlé ŋku ɖe dze, ami, sukli kple nuɖuɖu agbɔsɔsɔme si nèɖuna ŋu. Nɔ atikutsetsewo kple amagbewo ɖum, eye nɔ nu vovovowo ɖum. Ne èxlẽa nu siwo woŋlɔ ɖe nuɖuɖuwo abe yevubolo, nukuwo, makaroni alo mɔlu ene dzi hafi ƒlea wo la, akpe ɖe ŋuwò nàtia nuɖuɖu siwo wowɔ kple nuku blibowo. Nunyiame kple ŋutilãtuɖonu geɖe nɔa nuɖuɖu siwo wotsɔ nuku blibowo wɔ la me wu nuɖuɖu siwo wotsɔ nuku siwo ŋu wotrɔ asi le la wɔ. Ðu ʋulã alo koklolã ƒe akpa siwo ami menɔna o la ƒe sue aɖe eye nàdze agbagba aɖu tɔmelã zi eve le kwasiɖaa me ne anya wɔ. Le dukɔ aɖewo me la, woate ŋu akpɔ nunyiame siwo nɔa lãwo me le amagbewo hã me.

Ne èɖua suklinu alo aminu akpa la, ate ŋu ana nàlolo. Eya ta no tsi ɖe aha viviwo teƒe. Ðu atikutsetse geɖe wu numeɖenu viviwo. Ðe sausage (saucisse), ʋulã, nyinotsi babla kple akpɔnɔviviwo ɖuɖu dzi kpɔtɔ ale be ami magasɔ gbɔ ɖe lãme na wò o. Le esi nàzã ami kpekewo atsɔ aɖa nu teƒe la, zã ami siwo dea lãmesẽ dzi boŋ.

Dzeɖuɖu fũu ate ŋu ana nàxɔ ʋusɔgbɔdɔ. Eya ta ne èɖua dze fũu la, ke xlẽ nu si woŋlɔ ɖe nuɖuɖuawo ƒe akpa dzi ne nàkpɔ dze agbɔsɔsɔ si wode wo me ale be dze nagasɔ gbɔ fũu ɖe lãme na wò o. Eya ta zã amagbewo kple nu ʋeʋĩwo ɖe dze teƒe.

Nu agbɔsɔsɔ si nèɖuna hã le vevie ko abe nu siwo nèɖuna ke ene. Eya ta ne nuɖuɖua le nuwò vivim hã la, mègayi eɖuɖu dzi ne èɖi ƒo o.

Nu bubu si ŋu wòle be nàlé ŋku ɖo le wò nuɖunyawo gome hãe nye nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo le. Ne womeɖa nuwo nyuie alo lé be na wo nyuie o la, dɔlékuiwo ate ŋu anɔ wo me agblẽ nu le ŋuwò. Ƒe sia ƒe la, Amerikatɔ 1 le 6 me xɔa dɔlékuiwo le nu siwo woɖuna me. Wo dometɔ akpa gãtɔ hayana ya, gake wo dometɔ aɖewo hã kuna. Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe afɔku sia dzi akpɔtɔ?

  • Wotea ŋu tsɔa lãmiwo nyroa anyigba hafi doa amagbewo ɖe wo dzi, eya ta hafi nàɖu amagbewo la, klɔ wo nyuie.

  • Tsɔ tsi dzodzoe kple adzalẽ klɔ asi, nuɖanuwo kple agbawo nyuie eye nàklɔ kplɔ̃wo kple nu siwo dzi nètso nuɖuɖu aɖe le la dzi nyuie hafi nàgazãe na nu bubu le nua ɖaɣi.

  • Be nàƒo asa na dɔlékuiwo kaka la, mègada nuɖuɖu ɖe nu si dzi nèda nuɖuɖu siwo womeɖa o abe koklozi mumu, koklolã, ʋulã kple tɔmelãwo ene la dzi ne mèklɔ edzi o.

  • Ða nuwo woabi nyuie, eye nàde nuɖuɖu siwo gblẽna kaba siwo màɖu enumake o la nufamɔ̃ me.

  • Tsɔ nuɖuɖu siwo gblẽna kaba dometɔ ɖe sia ɖe si wogblẽ ɖe nuvo wòwu gaƒoƒo eve la ƒu gbe, eye ne wogblẽ nuɖuɖu aɖe ɖe nuvo ɖe afi si yame ƒe dzoxɔxɔ sɔ gbɔ wu Celsius 32 wòde gaƒoƒo ɖeka la, tsɔe ƒu gbe.

4 NƆ KAME DEM

Ƒe ka kee nèɖaxɔ o, ehiã be nànɔ kame dem be nànɔ lãmesẽ me. Egbea la, ame geɖewo medea kame fũu o. Nu ka tae kamedede le vevie? Kamedede ate ŋu:

  • Ana nàdɔ alɔ̃ nyuie.

  • Ana agbe nanɔ mewò.

  • Ana be ŋusẽ nanɔ wò ƒuwo kple lãkusiwo ŋu.

  • Ana be mànɔ lolom ɖe edzi o.

  • Aɖe blanuiléle dzi akpɔtɔ.

  • Aɖe kukpokuku dzi akpɔtɔ.

Ne mèdea kame o la, ate ŋu:

  • Ana be nàxɔ dzidɔ.

  • Ana nàxɔ suklidɔ alo aɖuɖɔvividɔ.

  • Ana nàxɔ ʋusɔgbɔdɔ.

  • Ana be ami nasɔ gbɔ ɖe lãme na wò.

  • Ana nàxɔ gbagbadɔ.

Kamedefefe si asɔ na wò la anɔ te ɖe ƒe si nèxɔ kple wò lãmesẽ dzi. Eya ta anyo be nàdzro eme kple wò ɖɔkta hafi nàte kamedefefe yeyewo kpɔ. Atikeŋutinunyala geɖewo ɖo aɖaŋu be ele be ɖeviwo kple sɔhɛwo nakpɔ gome le kamedefefe bɔbɔewo kple sesẽwo siaa me miniti 60 ya teti gbe sia gbe. Eye ame tsitsiwo ya nakpɔ gome le kamedefefe bɔbɔewo me miniti 150 alo kamedefefe sesẽwo me miniti 75 kwasiɖa sia kwasiɖa.

Tia kamedefefe si doa dzidzɔ na wò. Wo dometɔ aɖewoe nye baskɛtbɔlƒoƒo, tenis-ƒoƒo, afɔbɔlƒoƒo, azɔlizɔzɔ sesĩe, gasɔdodo, abɔdɔwɔwɔ, nakedzedze, tsiƒuƒu, tɔdziʋukuku, duƒuƒu kple bubuwo. Aleke nàwɔ ade vovototo kamedefefe bɔbɔewo kple kamedefefe sesẽwo dome? Kamedefefe bɔbɔewo nana ame tea fifia, gake ne wole gome kpɔm le kamedefefe sesẽwo ya me la, dzeɖoɖo sesẽna.

5 DƆ ALƆ̃ NYUIE

AME sia ame kple alɔ̃ agbɔsɔsɔme si wòhiã. Gbe sia gbe la, vidzĩ akpa gãtɔ dɔa alɔ̃ gaƒoƒo 16 va se ɖe 18, ɖevi dzeazɔliwo dometɔ akpa gãtɔ dɔa alɔ̃ gaƒoƒo 14, ɖevi siwo mekpɔ dze suku gɔme o dɔa alɔ̃ gaƒoƒo 11 alo 12. Zi geɖe la, ɖevi siwo dze suku gɔme la dɔa alɔ̃ gaƒoƒo 10, sɔhɛwo tea ŋu dɔa alɔ̃ gaƒoƒo 9 alo 10, eye ame tsitsiwo dɔa alɔ̃ gaƒoƒo 7 va se ɖe 8.

Alɔ̃ agbɔsɔsɔ si hiã dɔdɔ le vevie. Numekulawo gblɔ be alɔ̃ agbɔsɔsɔme si hiã dɔdɔ le vevie hena:

  • Ðeviwo kple sɔhɛwo ƒe tsitsi nyuie.

  • Nusɔsrɔ̃ kple nyatakaka yeyewo léle ɖe susu me.

  • Lãmetsi siwo kpɔa ŋusẽ ɖe nuɖuɖu ƒe dɔwɔwɔ nyuie kple míaƒe kpekpeme dzi la ƒe dɔwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu.

  • Dzi ƒe dɔwɔwɔ nyuie.

  • Mɔxexe ɖe dɔlélewo nu.

Wogblɔna be alɔ̃madɔmadɔ nyuie tea ŋu hea lolo fũu akpa, blanuiléledɔ, dzidɔ, suklidɔ kple afɔku dziŋɔwo vɛ. Esiawo katã na míekpɔe be ele vevie be míadɔ alɔ̃ wòasu mí.

Eya ta nu kae nàte ŋu awɔ ne èkpɔe be yemetea ŋu dɔa alɔ̃ nyuie o?

  • Dze agbagba nànɔ anyi mlɔm ɖe game ɖeka aɖe koŋ dzi ahanɔ fɔfɔm ɖe game ɖeka aɖe koŋ dzi gbe sia gbe.

  • Mègana toɣliɖeɖe aɖeke nanɔ wò xɔ me o, tsi akaɖiwo, xɔa me nanɔ ɖoɖo nu, eye eme megafa akpa alo axɔ dzo akpa o.

  • Mèganɔ aba dzi le anyimlɔɣi hafi anɔ television kpɔm alo elektrɔnik-nuwo zãm o.

  • Na wò aba nanye esi dzi nàmlɔ aɖe dzi ɖi.

  • Mègaɖu nu kpekpe alo ano aha sesẽ alo nu siwo me kafein le le anyimlɔɣi o.

  • Ne èzɔ ɖe mɔfiame siawo katã dzi tso gake mègate ŋu le alɔ̃ dɔm nyuie o alo alɔ̃dɔkuxiwo, abe alɔ̃tsɔame vevie le ŋkeke me alo gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me ene gakpɔtɔ le fu ɖem na wò la, anyo be nàkpɔ atikewɔla bibi aɖe.