Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI BIBLIA GBLƆ

Dzadzɛnyenye

Dzadzɛnyenye

Ðe míaƒe dzadzɛnyenye nɔa vevie na Mawua?

“Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.”—2 Korintotɔwo 7:1.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mía Wɔla la lɔ̃ mí eye wòdi be míanɔ lãmesẽ me ahanɔ agbe didi si ŋu viɖe le. Mawu gblɔ be: “Wò dzi nedzra nye sededewo ɖo; elabena woahe agbenɔnɔ didi, ƒe nyuiwo kple ŋutifafa vɛ na wò kpaŋkpaŋ.” (Lododowo 3:1, 2) Ale si Mawu lɔ̃ amegbetɔwo la dze le se siwo wòde na Israel-viwo me. Se mawo dometɔ aɖewo koŋ ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu. (5 Mose 23:12-14) Ne Israel-viwo wɔ ɖe sedede nyui mawo dzi la, wonɔa lãmesẽ me eye wokpɔa wo ta tso dɔléle vɔ̃ɖi siwo ɖea fu na Egiptetɔwo kple dukɔ bubu siwo si se deŋgɔ mawo mele o la si me.5 Mose 7:12, 15.

Nenema ke egbea ame siwo ‘kɔa wo ɖokui ŋu tso ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo’ si lɔ sigaretnono, ahamumu kple atike vɔ̃ɖi zazã ɖe eme me la ƒoa asa na ŋutilã me kple susu me dɔléle aɖewo kple kukpo siaa. Eye esi wònye be amegbetɔ menye ati ɖeka le dzogbe o ta la, ne míewɔ ɖe Mawu ƒe se siwo ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu dzi la, eɖenɛ fiana be míebua ame bubuwo hã ŋu.Marko 12:30, 31.

 Ðe míaƒe dzadzɛnɔnɔ le agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ gome nɔa vevie na Mawua?

‘Miwu miaƒe ŋutinuwo le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã, si nye trɔ̃subɔsubɔ, la gome. Nu mawo tae Mawu ƒe dziku gbɔna ɖo.’Kolosetɔwo 3:5, 6.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Biblia xlɔ̃ nu mí be “míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” Le Yesu Kristo ŋɔli la, ame geɖewo, siwo dometɔ aɖewoe nye Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo, léa se siwo ku ɖe ŋutilãmedzadzɛnyenye ŋu la me ɖe asi kpaɖii, gake wotua afɔkpo sedede siwo ku ɖe agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu ya. (Marko 7:1-5) Yesu da wo ɖe mɔ nyuitɔ dzi esi wògblɔ be: “Naneke metsoa gota yina ɖe ame me, si ate ŋu ana wòazu ame makɔmakɔ o, elabena . . . eƒe dɔkaviwo me wògena ɖo, eye wòdenɛ ɖe nugodo.” Egagblɔ be: “Nu si doa go tso ame me lae naa ame zua ame makɔmakɔ; elabena ememe, amegbetɔwo ƒe dzi me, ye susu vɔ̃wo doa go tso: agbe gbegblẽ nɔnɔwo, fififiwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ŋukpenanuwɔwɔ, ŋku si biãa ŋu, . . . movidzɔdzɔ. Nu vɔ̃ɖi siawo katã . . . wonaa ame zua ame makɔmakɔ.”Marko 7:18-23.

Yesu tsɔ ame siwo tsɔa ɖe le woƒe ŋutilãmedzadzɛnyenye me vevie gake tua afɔkpo se siwo Mawu de ku ɖe agbe nyui nɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu la sɔ kple kplu siwo ŋuti le dzadzɛe gake wo me yɔ fũu kple nu ƒoɖiwo.Mateo 23:25, 26.

Ðe Biblia ƒe sededewo sesẽ akpa?

“Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.”1 Yohanes 5:3.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mixa 6:8 gblɔ be: “Nu si ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nàwɔ nu si le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.” Ðe sedede sia mesɔ ŋutɔ oa? Gakpe ɖe eŋu la, mía Wɔlaa di be lɔlɔ̃ naʋã mí míaɖo to ye. Ne míeɖo toe la, míekpɔa dzidzɔ gã aɖe. (Psalmo 40:9) Eye ne míeda vo la, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpɔ nublanui na mí. “Ale si fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋui. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye” alo gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple ame madeblibowoe míenye.Psalmo 103:13, 14.

Kpuie ko la, se siwo Mawu de ku ɖe ŋutilã me, agbenɔnɔ me kple mawusubɔsubɔ me dzadzɛnyenye ŋu la ɖe eƒe nyuiwɔwɔ kple ale si wòlɔ̃ mí vevie la fia. Ne míelɔ̃na faa wɔna ɖe eƒe sedede mawo dzi la, eɖenɛ fiana be míenye ame nyanuwo eye míelɔ̃ Mawu.