Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mègatsi Dzimaɖi Ðe Etsɔ Ŋu O’

‘Mègatsi Dzimaɖi Ðe Etsɔ Ŋu O’

‘Mègatsi Dzimaɖi Ðe Etsɔ Ŋu O’

Eglo Akɔfa azɔ. Srɔ̃a, Agbaglo, mekpɔ dɔ gbagbe aɖeke le wɔwɔm o ƒe etɔ̃ kple edzivɔ sɔŋ ye nye esia. Akɔfa gblɔ be: “Ðeko mele ɖokuinye ɖum le lã me. Esi nyemenya nu kae gbɔna dzɔdzɔ ge o ta la, dzi ɖena le ƒonye.” Agbaglo dze agbagba be yeana ye srɔ̃ ƒe dzi nadze eme esi wòɖe eme nɛ be yewokpɔa yewoƒe nu hiahiãwo gbɔ gbe sia gbe. Akɔfa ɖo eŋu nɛ be: “Gake mèkpɔ dɔ le wɔwɔm o ɖe! Ga hiã míe!”

NE DƆ ge le ame si la, enana wotsia dzimaɖi godoo. Ame si mekpɔ dɔ le wɔwɔm o la biaa eɖokui be: ‘Ɣekaɣi hafi mava kpɔ dɔ? Aleke míele agbea nɔ gee fifia?’

Togbɔ be esɔ le dzɔdzɔme nu be míatsi dzi alea hã la, Yesu Kristo ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na mí, si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzimaɖitsitsia dzi akpɔtɔ. Egblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o . . . Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.”—Mateo 6:34.

Nya Nu Si Tae Nètsi Dzimaɖi

Menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm be míawɔ nu abe ɖe kuxi aɖeke meli o ene o. Gake ɖeko dzodzodzoetsitsi ɖe nu si mekpɔ dzɔ haɖe o ŋu la ana míagatsi dzimaɖi ɖe edzi, evɔ míele ta kpɔm na egbe tɔa haɖe o. Ne èbu eŋu kpɔ la, àkpɔe be míate ŋu awɔ nu boo aɖeke le nu nyui alo nu gbegblẽ siwo adzɔ le etsɔ me ŋu o. Gake míate ŋu awɔ nane le egbetɔwo ya ŋu.

Ðe nèbe: “Egbɔgblɔ ya le bɔbɔe, ewɔwɔe nye nyaa?” Nyateƒee! Akɔsiwa, si srɔ̃ wɔ dɔ ƒe 12, gake dɔa va ge le esi la, gblɔ be: “Ne ètɔtɔ vevie le ɖokuiwò me la, màgate ŋu abu nuwo ŋu nyuie kura o. Gake wo ŋu bubu hiã. Eya ta medzea agbagba be maɖu ɖokuinye dzi. Ne nu siwo ŋu metsi dzi ɖo la medzɔ o la, meva kpɔnɛ be dzitsitsi meɖea vi aɖeke o. Ne míaƒe susu nɔa egbe kple eƒe kuxiwo ko ŋu la, awɔe be míagatsɔ dzimaɖitsitsi geɖe ado agba na mía ɖokui o.”

Bia ɖokuiwò be: ‘Nu ka koŋ ŋue metsi dzi ɖo? Ðe nu si ŋu metsi dzi ɖo la ava dzɔ ŋutɔŋutɔa? Ðe metsia dzimaɖi ɖe nu si ava dzɔ alo mava dzɔ o la ŋu akpaa?’

Nu Siwo Le Asiwò La Nedze Ŋuwò

Ale si míebua nuwo ŋu la kpɔa ŋusẽ ɖe ale si míesena le mía ɖokui mee dzi. Eya ta Biblia xlɔ̃ nu mí be míabu nuwo ŋu ale: “Esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.” (1 Timoteo 6:8) Esia fia be míaɖe nu siwo dzroa mí la dzi akpɔtɔ, eye ne míekpɔ nu siwo hiã mí gbe sia gbe ko la, ema nasu na mí. Ne èkua kutri be yeakpɔ nu sia nu si dzroa ye la, ɖeko wòana wòasesẽ na wò be nànɔ agbe tsɛ.—Marko 4:19.

Nu siwo le Akɔfa si la va dze eŋu esi wògbugbɔ ŋku lé ɖe eƒe nɔnɔmea ŋu nyuie. Egblɔ be: “Akaɖi kple gaz mehiã mí kpɔ o, eye míetsi kpɔdomee hã o. Nu si ŋutɔŋutɔ gbɔ kuxia tsoe nye be, menye alea míenɔa agbee tsã o, eye ale si medi be míaganɔ agbea abe tsã ene, evɔ manya wɔ o la, ye na metsi dzi ɖe edzi.”

Akɔfa va kpɔe be ale si yebua nuwo ŋu ye gblẽ nyaa ɖe edzi, ke menye nɔnɔme si me yele ye o. Egblɔ be: “Ele be malɔ̃ ɖe edzi be nɔnɔmeawo trɔ, eye nye susu naganɔ ale si medi be nuwo nayi ŋu o. Esi medze agbagba be nu siwo Mawu naa mí gbe sia gbe la nadze ŋunye ko la, meva kpɔe be mele dzidzɔ kpɔm fifia wu.”

Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mekpɔ nu siwo katã hiãm egbea? Ne mekpɔe la, ekema ɖe wòanya wɔ be mabu egbe ɖeɖe ko ŋu ahaka ɖe edzi be makpɔ nu siwo ahiãm etsɔ si gbɔna hã?’

Nuwo ŋu bubu nyuie ye nye nu gbãtɔ si akpe ɖe ame ŋu ne ga megasɔ gbɔ ɖe esi o. * Gake nu ŋutɔŋutɔ kawoe nàwɔ ne dɔmakpɔwɔe na ganyawo le sesẽm na wò?—g10-E 07.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Àte ŋu akpɔ nyatakaka bubu siwo ku ɖe dɔdidi kple nu si nàwɔ be wòakpɔtɔ anɔ asiwò la ŋu le yevugbe me Nyɔ! July 8, 2005, axa 3-11 tɔ me.

[Aɖaka si le axa 5]

Nɔ Edidi Dzi!

Esi Dɔnyo di dɔ kwasiɖa geɖe, gake mekpɔ ɖeke o ta la, esusui be yemegale ɖeke kpɔ ge o. Egblɔ be: “Ele ko abe ale si nànɔ ame aɖe lalam le ʋutɔɖoƒe be wòava kplɔ ye, gake amea mava o ene.” Eya ta Dɔnyo ɖoe be yeawɔ nane le yeƒe nuwɔnawo ŋu, elabena yeate ŋu awɔ nane le woawo ya ŋu. Ne ese be dɔwɔƒe aɖe le ame dim ko la, eŋlɔa agbalẽ yina, ne meganye dɔ ma tututu wònya o hã. Etrɔna yia dɔwɔƒe mawo katã kpɔ ɖa be aleke hã, eye wòdzrana ɖo nyuie ɖe nya siwo woabiae ŋu, elabena eka ɖe edzi be “veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” (Lododowo 21:5) Dɔnyo gblɔ be: “Le dɔwɔƒeawo dometɔ ɖeka la, amegã amegãwo bia gbem tso nya geɖe ŋu zi eve sɔŋ.” Gake Dɔnyo meku kutri dzodzro o. Egblɔ be: “Wova xɔm mlɔeba!”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Enyo Wu Ga

Kae le vevie wu—nɔnɔme nyui si le asiwò ye loo alo ga si nèkpɔna yea? Bu Biblia me lododo eve ŋu kpɔ.

“Ame dahe, si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, nyo wu kesinɔtɔ, si zɔa mɔ gɔglɔ̃ dzi.”—Lododowo 28:6.

“Ama agba ɖeka, si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu nyitsu dami, si ŋu fuléle kpe ɖo.”—Lododowo 15:17.

Eme kɔ be ne ga megale asiwò o hã la, mefia be mègale ɖeke me o. Eya tae esi dɔ ge le Akɔfa srɔ̃ si la, Akɔfa gblɔ na viawo be: “Vifofo geɖe gblẽ woƒe ƒomewo ɖi. Gake mia fofo ya kpɔtɔ le mia gbɔ. Mienyae nyuie be elɔ̃ mi ŋutɔ, eye wòkpena ɖe mia ŋu le miaƒe kuxiwo katã me. Ame aɖeke magate ŋu alé be na mi ade mia fofo nu o!”