Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wònyo Be Manɔ Elektronikfefewo Fema?

Ðe Wònyo Be Manɔ Elektronikfefewo Fema?

Sɔhɛwo Biana Be

Ðe Wònyo Be Manɔ Elektronikfefewo Fema?

MENYE mɔ̃ɖaŋunu deŋgɔwo zazã atsɔ aɖe modzaka koe elektronikfefewo nye o. Le nyateƒe me la, wodoa ame ƒe ŋutetewo kpɔna, eye wonaa ame ƒe mo medzakana o. Wogaɖea vi bubuwo hã. Elektronikfefewo naa ame ƒe susu ɖana, eye numekukuwo ɖee fia be, fefe siawo naa ame ƒe ŋku ƒe dɔwɔwɔ nyona ɖe edzi. Wo dometɔ aɖewo ate ŋu ana ame nabi ɖe akɔntabubu kple nuxexlẽ me nyuie wu. Gakpe ɖe eŋu la, elektronikfefe siwo le dodom fifia va zua dzeɖonya na sukuviwo. Ne èkpɔ gome le fefe siawo dometɔ aɖe me la, àte ŋu aɖo dze tso eŋu na hawòtiwo.

Gake dziwòlawoe atso nya me ne anyo be nàkpɔ gome le elektronikfefe mawo me. (Kolosetɔwo 3:20) Ne dziwòlawo lɔ̃ la, ahiã be nàtia fefe siawo dometɔ siwo, menye ɖeko woado dzidzɔ na wò ko o, ke woakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nɔnɔme nyuiwo hã. Azɔ, nu ka tae wòhiã be nàɖɔ ŋu ɖo vevie le wo tiatia me ɖo?

Nu Siwo Gblẽ Le Wo Ŋu!

Brian si xɔ ƒe 16 gblɔ be, “Kɔmpiutadzifefewo vivina ŋutɔ.” Gake abe ale si wòanya nɔ nyanya na wò xoxo ene la, menye fefeawo katãe nyo o. Brain lɔ̃ ɖe edzi be, “Àva nɔ nanewo siwo màlɔ̃ awɔ ŋutɔŋutɔ gbeɖe o—le esi woagblẽ nu le ŋuwò godoo ta—la wɔm.” Agbenɔnɔ kawo ƒomevie fefe siawo dona ɖe ŋgɔ?

Fefe siawo dometɔ geɖewo doa agbenɔnɔ maɖɔʋuwo, nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, kple ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖe ŋgɔ ŋumakpemakpetɔe, evɔ Biblia tsi tsitre ɖe nu siawo katã ŋu. (Psalmo 11:5; Galatiatɔwo 5:19-21; Kolosetɔwo 3:8) Fefe aɖewo doa gbɔgbɔyɔyɔ ɖe ŋgɔ. Adrian, si xɔ ƒe 18, gblɔ le fefe aɖe si de du ŋutɔ la ŋu be, eɖea “gbevuhawo dome ʋawɔwɔwo, atike muamewo zazã, gbɔdɔnuwɔnawo ɖeɖe fia gaglãa, nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, ŋutasẽnuwɔna nyɔŋuwo, ʋukɔkɔɖi, kple amewuwu nuwɔna vɔ̃ɖiwo” fiana. Eye fefe yeye ɖe sia ɖe si tona la ganyrana wu. James, si xɔ ƒe 19, gblɔ be, ame ate ŋu afe fefe siawo dometɔ siwo xɔ ŋkɔ wu la kple ame bubuwo tẽe le Internet dzi. Esia wɔe be kɔmpuitadzifefewo va deŋgɔ ŋutɔ. James gblɔ be, “Àte ŋu anɔ wò kɔmpiuta ŋgɔ le aƒe me aʋli ho kple amewo le xexea ƒe teƒe bubuwo.”

Fefe siwo me wozãa ame wɔwɔe ɖe ame ɖokui teƒe le la va bɔ ale gbegbe. Gomekpɔlawo wɔa ame wɔwɔe aɖe—ɖe amegbetɔ alo lã aɖe ƒe nɔnɔme nu, alo nyea amegbetɔ kple lã ƒokpli—wònyea wo teƒenɔla si nɔa xexe aɖe si wotsɔ kɔmpiuta wɔe, si me gomekpɔla bubuwo ƒe ame wɔwɔe akpe geɖe bubuwo nɔna la me. Nu sia nu si le míaƒe xexea me, abe fiasewo, ʋuwo, aƒewo, ɣeɖuƒewo, kple gbolowɔƒewo ene, nɔa kɔmpiutadzixexe ma me. Gomekpɔlawo te ŋu ɖoa nyatakaka ɖe wo nɔewo enumake to kɔmpiuta dzi ne wona woƒe ame wɔwɔeawo, siwo woyɔna le yevugbe me be avatars la, le fefeawo fem.

Nu kawoe yia edzi le kɔmpiutadzixexe mawo me? Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be: “Zi geɖe la, nu siwo gomekpɔlaawo malɔ̃ awɔ, alo ate ŋu awɔ ŋutɔŋutɔ gbeɖe o, mee woƒoa wo ɖokui ɖo le fefeawo me.” Egblɔ kpee be: “Gbolowɔwɔ kple gbɔdɔnuwɔnawo xɔa aƒe ɖe wo me.” Ne gomekpɔlaawo nya te asi ɖe kɔmpiutanuŋlɔkpevi ʋɛ aɖewo dzi ko la, woƒe ame wɔwɔeawo nɔa gbɔdɔnuwo wɔm esime woawo ŋutɔwo nɔa nyatakakawo ɖom ɖe wo nɔewo tẽe tso gbɔdɔnuwɔnaa ŋu abe woawo ŋutɔe le ewɔm ene. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye New Scientist gblɔ be, “ame wɔwɔe siawo te ŋu nyea hlɔ̃nuwɔlawo, adzoglihawo, ŋutsu siwo dia ame na gbolowo hexɔa ga si ameawo xena na gboloawo ƒe ɖe, adzodalawo, nu fitifiti wɔlawo kple amewulawo.” Magazine aɖe hã ka nya ta be, “ame siwo tsia tsitre ɖe fefe siawo ŋu la tsia dzi ɖe nuwɔna siwo yia edzi le wo me ŋu, abe gbolowɔƒe siwo gomekpɔlawo ƒe ame wɔwɔeawo dɔa gbolowo gbɔ akpasesẽe le, alo ale si wozãa ame wɔwɔeawo tsɔ wɔa gbɔdɔnuwo ɖe ame wɔwɔe siwo ɖi ɖeviwo ŋu madzemadzee ene, siwo nye nuwɔna manɔsenuwo le míaƒe xexea me.”

Nu Si Ta Wòhiã Be Nàtia Wo Me

Ame siwo kpɔa gome le fefe siawo siwo me wowɔa gbɔdɔnuwo kple ŋutasẽnuwo le ate ŋu agblɔ be: “Megblẽa nu le ame aɖeke ŋu o. Menye nu ŋutɔŋutɔe o. Fefe koe ɖe?” Mègatsɔ nukpɔsusu masɔmasɔ mawo flu ɖokuiwò o!

Biblia gblɔ be: “Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔwo adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.” (Lododowo 20:11) Ne èkpɔa gome le elektronikfefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo kple nu gbegblẽwo le me la, ɖe woate ŋu agblɔ be ènye ame si ƒe dzi to mɔ ɖeka hedza le susu mea? Numekukuwo ɖee fia enuenu be modzakaɖeɖe siwo yɔ fũu kple ŋutasẽnuwo nana ame siwo kpɔa wo la va wɔa nu adãtɔe geɖe wu. New Scientist magazine la gblɔ nyitsɔ laa be: “Esi wònye be gomekpɔlawo ɖoa dze kple wo nɔewo to kɔmpiuta dzi ta la, fefe siawo gblẽa nu le ame ŋu wu television.”

Gomekpɔkpɔ le fefe maɖɔʋuwo me le ko abe aɖiɖuɖɔ tsɔtsɔ fe fefee ene—nu siwo wògblẽna le ame ŋu madze enumake o, ke hã, woava dze godoo. Le mɔ ka nu? Tete ɖe aɖinu wuamewo ŋu ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe dɔgbo ŋu, eye woana be dɔkavimedɔlẽkuiwo nage ɖe ame ƒe ʋukawo me, si ana wòadze dɔ. Nenema kee ɖokuiwò ƒoƒo ɖe fefe siwo me wowɔa gbɔdɔnuwo kple ŋutasẽnu vɔ̃ɖiwo le me atraɖii ate ŋu ana wò ‘dzitsinya naku atri,’ eye woana be dzodzro vɔ̃ siwo nyɔna ɖe mewò nakpɔ ŋusẽ ɖe wò tamebubu kple nuwɔnawo dzi.—Efesotɔwo 4:19; Galatiatɔwo 6:7, 8.

Fefe Kae Matia?

Ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò be nàkpɔ gome le elektronikfefewo me la, aleke nàwɔ anya esiwo nàtia kple ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nàzã ɖe wo ŋu? Bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò:

Ðe nye tiatia ana madze agɔ le Yehowa dzia? Fefe si ƒomevi nàtia ate ŋu ana Mawu nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò loo, alo makpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò o. Psalmo 11:5 gblɔ be: ‘Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.’ Mawu ƒe Nya la gblɔ le ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me ŋu be: ‘Ame sia ame, si le nu sia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.’ (5 Mose 18:10-12) Ne míedi be míanye Mawu xɔlɔ̃wo la, ehiã be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Psalmo 97:10 la dzi, be: ‘Mi ame siwo lɔ̃a Yehowa la, milé fu vɔ̃!’

Aleke fefea akpɔ ŋusẽ ɖe nye tamebubu dzi? Bia ɖokuiwò be, “Ðe fefe sia ana ‘sisi le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nu’ anɔ bɔbɔe nam loo, alo ana wòasesẽ nama?” (1 Korintotɔwo 6:18) Gomekpɔkpɔ le fefe siwo lɔ nɔnɔmetatawo kple dzeɖoɖo siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me me makpe ɖe ŋuwò be wò susu nanɔ nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, kple nu siwo dzea ame wɔwɔ, ŋu o. (Filipitɔwo 4:8) Amy, si xɔ ƒe 22, gblɔ be: “Fefeawo dometɔ geɖe naa ame ƒe dzitsinya kua atri le ŋutasẽnuwɔwɔ, nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, kple agbe maɖɔʋu nɔnɔ gome, si ate ŋu ana be màganɔ ŋudzɔ ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu le wò agbenɔnɔ me o. Ele be nàɖɔ ŋu ɖo ŋutɔ le fefe siwo nàtia me.”

Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae mazã ɖe fefea ŋu? Deborah, si xɔ ƒe 18, gblɔ be: “Nyemesusui be kɔmpiutadzifefewo katãe gblẽ o. Gake woate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe le ame si, eye woate ŋu ava zu nu mame na ame gɔ̃ hã.” Elektronikfefe si me nu gbegblẽ wɔwɔ aɖeke mele o gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe le ame si. Eya ta anyo be nànɔ ɣeyiɣi siwo nèzãna tsɔ fea fefeawo la ŋlɔm ɖi ahatsɔe asɔ kple esiwo nèzãna ɖe dɔwɔna siwo le vevie wu la ŋu. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ nu siwo le vivie wu la aɖo nɔƒe gbãtɔ.—Efesotɔwo 5:15, 16.

Biblia mebia tso mía si be míazã míaƒe ɣeyiɣiwo katã ɖe nusɔsrɔ̃ alo dɔwɔwɔ ŋu le agbe me o. Biblia na mí katã míenya be “nukoɣi li . . . eye ɣeɖuɣi li.” (Nyagblɔla 3:4) Edze ƒãa be “ɣeɖuɣi” mefia fefe ko o, ke efia hã be woaʋã ameti bliboa. Ekema ɖe manyo be nàzã wò vovoɣiwo ƒe akpa aɖe atsɔ aƒo ɖokuiwò ɖe kamedefefewo wɔwɔ me tsɔ wu be nàsi ka ɖokuiwò ɖe kɔmpiuta ŋgɔ ɣesiaɣi oa?

Wɔ Tiatia Nunyatɔe

Ðikeke mele eme o be elektronikfefewo vivia ame nu ŋutɔ, vevietɔ ne èbi ɖe wo me nyuie. Susu sia koŋ tae wòle be nàtia fefeawo me nunyatɔe ɖo. Bia ɖokuiwò be, ‘Nu kawo mee mebi ɖo wu le suku?’ Ðe menye nu siwo doa dzidzɔ na wò wue oa? Le nyateƒe me la, ele dzɔdzɔme nu be ale si gbegbe suku nusɔsrɔ̃ aɖe doa dzidzɔ na wò la, nenema kee wòakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò vevie. Azɔ bia ɖokuiwò be: ‘Elektronikfefe kae doa dzidzɔ nam wu? Agbe ɖɔʋu nɔnɔ ŋuti nufiame kawoe le eme nam?’

Be nàte ŋu atia fefeawo nunyatɔe la, ɖe manyo be nàwɔ nuŋlɔɖi kpui tso nu siwo fefe ɖe sia ɖe lɔ ɖe eme la ŋu, be nàde dzesi taɖodzinu vevi si ta wowɔ fefea ɖo kple mɔ siwo dzi ame ato aɖo taɖodzinu ma gbɔ la nyuie oa? Tsɔ nuŋlɔɖia me nyawo sɔ kple Biblia me gɔmeɖose siwo ŋu míeƒo nu tso le nyati sia me, be nàkpɔe ɖa be fefe nyui wònye hã.

Le esi nàƒo ɖokuiwò ɖe fefe aɖe me le esi hawòtiwo kpɔa gome le eme ta ko teƒe la, ɖoe kplikpaa be wò ŋutɔ nàbu nuwo ŋu nyuie ahatia esi sɔ. Vevietɔ wu la, wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye, “Miyi edzi mianɔ nuwo dom kpɔ, be wodze Aƒetɔ la ŋu hã” la dzi.—Efesotɔwo 5:10.—g08-E 01.

Gomekpɔkpɔ le fefe maɖɔʋuwo me le ko abe aɖiɖuɖɔ tsɔtsɔ fe fefee ene—nu siwo wògblẽna le ame ŋu madze enumake o, ke hã, woava dze godoo

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Nya kae nàgblɔ ne xɔ̃wò aɖe bia tso asiwò be yewoakpɔ gome le elektronikfefe aɖe si me ŋutasẽnuwo kple nu gbegblẽ wɔwɔ le me?

▪ Aleke nàte ŋu akpɔ egbɔ be elektronikfefewo nagado kplamatse wò dɔwɔna siwo le vevie wu o?

[Aɖaka si le axa 28]

Zi nenie nèkpɔa gome le elektronikfefewo me?

□ Ƒãa hafi

□ Zi ɖeka le kwasiɖa me

□ Gbe sia gbe

Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae nèzãna ɣesiaɣi si nèkpɔ gome le eme?

□ Miniti ʋɛ aɖewo

□ Abe gaƒoƒo ɖeka ene

□ Gaƒoƒo eve kple edzivɔ

Fefe kawo ƒomevie doa dzidzɔ na wò wu?

□ Ʋuwo ƒe duɖimekeke

□ Kamedefefewo

□ Ame si atre tudada nɔvia gbã ƒe fefe

□ Bubuwo

Ŋlɔ elektronikfefe aɖe si me nènya be masɔ be yeakpɔ gome le o ƒe ŋkɔ ɖe afi sia.

․․․․․

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20, 21]

Na Dzilawo

Abe ale si nànya de dzesii le nyati si me dzrom míele me ene la, elektronikfefewo va de ŋgɔ fifia ŋutɔ wu esime nènye sɔhɛ. Abe dzila ene la, nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe viwò ŋu wòakpɔ afɔku siwo ate ŋu anɔ wo me adze sii ahaƒo asa na wo?

Ne ètsri elektronikfefe ɖe sia ɖe na ɖeviawo kura, alo tea tɔ ɖe edzi be ɣeyiɣi ko wogblẽna na ame la, maɖe vi boo aɖeke o. Ðo ŋku edzi be menye fefeawo katãe gblẽ o. Ke hã, woate ŋu ava zu nu mame na ame, alo axɔ ɣeyiɣi geɖe le ame si. Eya ta gbɔ dzi ɖi nàlé ŋku ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si viwòa zãna ɖe fefe siawo ŋu la ŋu nyuie. Azɔ hã, kpɔe ɖa be fefeawo dometɔ kawoe dzɔa dzi na viwòa hã. Àte ŋu abia nya siawo tɔgbi viwòa be:

Fefeawo dometɔ ka ŋue wò sukuxɔmehatiwo ɖoa dze le wu?

▪ Nu kawoe yia edzi le fefea me?

▪ Le wò susu nu la, nu ka tae wòdzɔa dzi na ame geɖe nenema ɖo?

Ðewohĩ àkpɔe be viwòa nya nu geɖe tso elektronikfefewo ŋu wu ale si nèsusui gɔ̃ hã! Ðewohĩ anya kpɔ gome le fefe aɖe si nèkpɔ be mesɔ o me gɔ̃ hã. Ne nenemae la, mègawɔ nu wòagbɔ eme o. Esia nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na wò be nàkpe ɖe viwòa ŋu wòatu eƒe nugɔmesese ŋutetewo ɖo.—Hebritɔwo 5:14.

Bia nya siwo ate ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòase nu si tae fefe siwo mesɔ o la dzroa ame ɖo la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abiae nya sia tɔgbi, be:

Ðe nèsena le ɖokuiwò me be yetsi akogo le hawòtiwo dome le esi míeɖe mɔ na wò be nàkpɔ gome le fefe ma koŋ me o ta?

Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, ɖeviwo ate ŋu anɔ gome kpɔm le fefe aɖe me kple susu be yewoate ŋu aɖo dze tso eŋu na yewo hatiwo. Ne nenemae wòle le viwòa gome la, anɔ eme be màwɔ nu abe ale si nàwɔ nui ne ède dzesii be viwòa ŋutɔ ɖonɛ kpɔa gome le fefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo kple gbɔdɔnu nyɔŋuwo le me ene o.—Kolosetɔwo 4:6.

Ke ne ède dzesii be nu gbegblẽ siwo le fefe aɖe mee doa dzidzɔ na viwòa ɖe? Ðevi aɖewo ate ŋu asẽ nu be, kɔmpiutadzifefewo me nu maɖɔʋuwo megblẽa naneke le yewo ŋu o. Woate ŋu agblɔ be, “Ewɔwɔ le kɔmpiuta dzi mefia be màva wɔ nu mawo ŋutɔŋutɔ kokoko o.” Ne nenemae viwòa sena le eɖokui me la, he eƒe susu yi Psalmo 11:5 dzi, abe ale si wòdze le axa 30 lia ene. Abe ale si mawunyakpukpui ma ɖee fia kɔte ene la, menye ŋutasẽnuwɔlawo ko ŋue Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖo o, ke ame siwo kpɔa dzidzɔ ɖe ŋutasẽnuwo ŋu hãe. Gɔmeɖose ma kee ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ alo agbe maɖɔʋu ƒomevi bubuwo nɔnɔ, siwo ŋu Mawu ƒe Nya la tsi tsitre ɖo la ŋu.—Psalmo 97:10.

Eŋutinunyala aɖewo ɖo aɖaŋu siwo gbɔna:

Mègaɖe mɔ ɖeviawo nanɔ teƒe siwo ɖe ɖe aga, abe xɔdɔmewo ene, anɔ elektronikfefewo fem o.

▪ De se siwo dzi woazɔ ɖo (le kpɔɖeŋu me, ame aɖeke makpɔ gome le fefe aɖeke me do ŋgɔ na sukudɔdeasiwo wɔwɔ, alo fiẽnuɖuɖu, alo dɔ vevi bubuwo o).

▪ He susu yi kamedefefe siwo woate ŋu awɔ ɖe elektronikfefewo teƒe la dzi.

▪ Nɔ eteƒe ne viwòwo le elektronikfefewo fem—alo, kpɔ gome le eme kpli wo ɣeaɖewoɣi.

Gake be nàte ŋu afia mɔ viwòwo le modzakaɖenyawo gome la, ele be wò ŋutɔ nànye kpɔɖeŋu nyui ɖola. Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Television alo video dzi nuwɔna kawoe mekpɔna?’ Mègable ɖokuiwò o, ne ègblɔnɛ gake wò ŋutɔ mewɔnɛ o la, viwòwo anya godoo!