Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒoa Wo Ðokui Ðe Xɔsetsakatsaka Nuwɔnawo Mea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒoa Wo Ðokui Ðe Xɔsetsakatsaka Nuwɔnawo Mea?

 Mí Yehowa Ðasefowo míelɔ̃a dzeɖoɖo kple subɔsubɔha bubu me tɔwo tso xɔse ŋu, gake mímeƒoa mía ɖokui ɖe xɔsetsakatsaka nuwɔnawo me le mɔ sia nu be míasubɔ ɖekae kple ame siwo ƒe dzixɔsewo to vovo tso mía tɔ gbɔ o. Biblia ɖee fia be woxlɔ̃ nu Kristotɔ vavãwo be ‘woawɔ ɖeka bliboe,’ eye ɖekawɔwɔ sia ƒe akpa vevi aɖee nye ale si míaƒe dzixɔsewo nawɔ ɖeka. (1 Korintotɔwo 1:10; Efesotɔwo 4:16; Filipitɔwo 2:2) Esia bia nu geɖe wu be míalɔ̃ ɖe viɖe siwo le nɔnɔme nyuiwo abe lɔlɔ̃, dɔmetɔtrɔ, tsɔtsɔke ene la ko dzi. Míetu míaƒe subɔsubɔ dzixɔsewo ɖe Biblia me sidzedze vavã si su mía si la dzi, eye sidzedze sia manɔmee la, míaƒe xɔse azu dzodzro.​—Romatɔwo 10:2, 3.

 Biblia tsɔ subɔsubɔ ɖekae kple ame siwo ƒe dzixɔsewo to vovo sɔ kple kɔkuti ɖeka te nɔnɔ kple dzimaxɔsetɔwo, nuwɔna sia ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ ƒe xɔse ŋu vevie. (2 Korintotɔwo 6:14-17) Eya ta Yesu meɖe mɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaƒo wo ɖokui ɖe xɔsetsakatsaka nuwɔnawo me o. (Mateo 12:30; Yohanes 14:6) Nenema kee, le Se si Mawu na Israel viwo to Mose dzi me la, Yehowa de se na wo be womegawɔ ɖeka kple dukɔ bubu me tɔwo le subɔsubɔ me o. (2 Mose 34:11-14) Eya ta Israel-vi wɔnuteƒewo gbe kpekpeɖeŋu si ana be subɔsubɔ ƒe kadodo nava nɔ wo kple ame siwo ƒe subɔsubɔ to vovo na wo tɔ dome la xɔxɔ.​—Ezra 4:1-3.

Ðe Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple ame siwo ƒe dzixɔsewo to vovo la?

 Ɛ̃. Le nyateƒe me la, míezã gaƒoƒo 1,791,490,713 le ƒe 2023 me tsɔ ɖo dze kple ame siwo ƒe xɔse to vovo tso mía tɔ gbɔ. Abe apostolo Paulo ene la, míedina vevie be míase amewo ƒe nuŋububu kple dzixɔsewo gɔme ‘geɖe ale si mate ŋui’ le míaƒe subɔsubɔdɔa me. (1 Korintotɔwo 9:19-22) Ne míele dze ɖom kpli wo la míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo be míade “bubu deto” amewo ŋu la dzi.—1 Petro 3:15.