Dzo kpo yi emenuwo dzi

Vivimehae Yehowa Ðasefowo Nyea?

Vivimehae Yehowa Ðasefowo Nyea?

 Ao, menye vivimehae mí Yehowa Ðasefowo míenye o. Ke boŋ míenye Kristotɔ siwo doa vevie nu be míato Yesu ƒe afɔtoƒewo to agbenɔnɔ ɖe eƒe nufiafiawo nu me.

Nu kae nye vivimeha?

 Gɔmesese vovovowoe le amewo si ku ɖe nya “vivimeha” ŋu. Gake na míadzro gɔmesese eve siwo koŋ nɔa nya vivimeha ŋu na ame geɖe la me eye míakpɔ nu si tae mesɔ be woagblɔ be mí Yehowa Ðasefowo míenye vivimeha o ɖa.

  •   Ame aɖewo bua vivimeha be enye subɔsubɔha yeye alo subɔsubɔha si ƒe nufiafiawo to vovo na subɔsubɔha xoxowo tɔ. Mí Yehowa Ðasefo míeto mawusubɔsubɔ yeye vɛ o. Ke boŋ míesrɔ̃a ale si Kristotɔ gbãtɔwo subɔe. Woŋlɔ Kristotɔ gbãtɔ siawo ƒe kpɔɖeŋuwo kple nufiafiawo ɖe Biblia me. (2 Timoteo 3:​16, 17) Míexɔe se be Biblia koe afia nu si sɔ be woawɔ le mawusubɔsubɔ me kple nu si mesɔ be woawɔ o.

  •   Ame aɖewo bua vivimeha be enye subɔsubɔhawo ƒe kɔmama vɔ̃ɖi aɖe si ƒe kplɔla nye amegbetɔ. Mí Yehowa Ðasefowo míebua amegbetɔ aɖeke be eyae nye míaƒe kplɔla o. Ke boŋ míewɔna ɖe mɔfiame si Yesu na eyomedzelawo be “ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, Kristo la” dzi.​—Mateo 23:10.

 Menye vivimeha vɔ̃ɖi aɖee mí Yehowa Ðasefowo míenye kura o, ke boŋ míaƒe mawusubɔsubɔ ɖea vi na nuto siwo me míele la me tɔwo. Le kpɔɖeŋu me, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kpena ɖe ame geɖe ŋu woɖea asi le nuwɔna gbegblẽwo abe atike vɔ̃ɖiwo nono kple ahamumu ene ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míewɔa nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo. Ðoɖo sia kpe ɖe ame akpe geɖewo ŋu le xexea me godoo wova nya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Eye míenaa kpekpeɖeŋu ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la dometɔ geɖewo. Míedzea agbagba be míaƒe agbenɔnɔ nanye kpɔɖeŋu nyui na amewo abe ale si Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo ene.​—Mateo 5:​13-16.