Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ekpena Ðe Amewo Ŋu Togbɔ Be Lãmesẽnyawo Ðea Fu Nɛ Hã

Ekpena Ðe Amewo Ŋu Togbɔ Be Lãmesẽnyawo Ðea Fu Nɛ Hã

 Maria Lúcia tso Brazil, eye dɔléle aɖe si woyɔna be Usher’s syndrome, si wodzina kple ame, le eŋu. Zi geɖea, dɔléle sia nana ame zua tokunɔ eye vivivia, eƒe ŋkuwo hã va tsina. Tokunɔe Maria Lúcia nye hafi wodzii eye esrɔ̃ tokunɔgbe le eƒe ɖevime. Esi wòxɔ abe ƒe 30 enea, eƒe ŋkuwo va nɔ tsitsim. Togbɔ be Maria Lúcia nɔ kuxi sesẽ siawo me tom hãa, meɖe eɖokui ɖe aga o. Fifia, exɔ ƒe 70 kple edzivɔ gake egakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm.

 Maria Lúcia do go Yehowa Ðasefowo zi gbãtɔ le ƒe 1977 me esime eƒe ŋkuwo mekpɔ tsi o. Egblɔ be: “Medo go Adriano, si nye kplii míede suku kpɔ va yi, si zu Ðasefo eteƒe medidi o. Ena menya be Mawu do ŋugbe be anyigba ava zu paradiso eye ame sia ame anɔ lãmesẽ deblibo me. Nya siwo wògblɔ nam la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be melɔ̃ be masrɔ̃ Biblia. Eteƒe medidi o, meva te hame ƒe kpekpewo dede le Rio de Janeiro, eye woɖea kpekpea ƒe akpa aɖewo gɔme ɖe tokunɔgbe me. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, meyi edzi srɔ̃ Biblia heva te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli eye mexɔ nyɔnyrɔ le July 1978 me.”

 Emegbe Maria Lúcia ʋu yi hame bubu me, gake Ðasefo siwo nɔ afi ma la dometɔ aɖeke mese tokunɔgbea o. Le gɔmedzedzea mea, esia nye kuxi, elabena mesea nya si wogblɔna le kpekpeawo mea gɔme o. Eya ta nɔvinyɔnu eve aɖewo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi be yewoakpe ɖe eŋu. Le kpekpeawo mea, wova nɔa anyi ɖe egbɔ eye wowɔa nuŋlɔɖiwo nɛ siwo kpena ɖe eŋu wònyana nya si gblɔm wole le kpekpeawo me. Maria Lúcia gblɔ be: “Ne megbɔ va aƒe mea, metoa nuŋlɔɖiawo me zi gbɔ zi geɖe be mase nyaawo gɔme. Emegbe nɔvinyɔnu eve siawo va srɔ̃ tokunɔgbe eye wonɔ nyawo gɔme ɖem nam.”

 Esi Maria Lúcia ƒe ŋkuwo va nɔ tsitsima, megatea ŋu kpɔa dzesi siwo wɔm nɔvinyɔnuawo le be yewoatsɔ aɖe gbea gɔme nɛ o. Eya ta woto mɔ bubu aɖe dzi nɔ nyawo gɔme ɖem nɛ ɖe tokunɔgbea me. Aleke wowɔnɛ? Maria Lúcia ɖe eme be: “Metsɔa nye asi ɖoa ame si le dzesiawo wɔm nam la ƒe asiwo dzi. Esia wɔnɛ be metea ŋu sea dzesi siwo wɔm wòlea gɔme.”

 Maria Lúcia kpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si nɔvinyɔnu eve mawo nanɛa ŋu ŋutɔ. Egblɔ be: “Wonye nunana tɔxɛ tso Yehowa gbɔ nam. Woƒe kpekpeɖeŋu wɔe be metea ŋu sea nya siwo wogblɔna le kpekpewo kple takpekpewo mea gɔme.”

 Maria Lúcia wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me. Ezãa tokunɔgbe tsɔ ɖia ɖase na tokunɔwo, eye ne wokpɔ agbagba siwo dzem wòle be yeagblɔ nya nyuia na woa, ewɔa nuku na wo ŋutɔ. Le Corona dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣia mea, Maria Lúcia nɔviŋutsu, José Antônio, si hã nye tokunɔ kple ŋkunɔ la kpe ɖe eŋu wòŋlɔ lɛta gbogbo aɖewo na tokunɔwo. a

 Mɔ ka dzie Maria Lúcia tona ŋlɔa lɛtawo? Egblɔ be: “Mewɔa dɔwɔnu aɖe si nye aŋenu gbabɛ aɖe ŋu dɔ. Dɔwɔnu sia kpena ɖe ŋunye meŋlɔa nu wòdzɔna ɖe fli dzi eye nuŋɔŋlɔa nɔa ɖoɖo nu. José Antônio tea ŋu ɖoa ŋku nuwo dzi bɔbɔe. Eya ta eɖoa ŋku nyati vovovowo kple wo ŋuti mawunyakpukpuiwo dzi, eye mezãa wo le lɛtawo ŋɔŋlɔ me. Medzea agbagba ŋlɔa nyawo le mɔ si tokunɔwo ase egɔmee nu, elabe menye tokunɔwo katãe nya nuxexlẽ nyuie o.”

 Togbɔ be Maria Lúcia ƒe ŋkuwo tsi keŋkeŋ fifia hãa, egakpɔtɔ nye dɔ sesẽ wɔla. Karoline, si nye nɔvinyɔnu siwo ɖea nyawo gɔme ɖe tokunɔgbe me nɛa dometɔ ɖeka gblɔ be: “Maria Lúcia wɔa aƒea me dɔwo katã, eye wònana aƒea me nɔa dzadzɛ eye nuwo nɔa ɖoɖo nu. Elɔ̃a nuɖaɖa eye edzɔa dzi nɛ be yeamae kple ye xɔlɔ̃wo.”

 Jefferson, si nye hamemetsitsi le Maria Lúcia ƒe hamea me gblɔ be: “Maria Lúcia lɔ̃ Yehowa ale gbegbe. Eye elɔ̃ amewo hã. Ɣesiaɣia, edina be yeawɔ nu si aɖe vi na ame bubuwo. Enye ame si kpena ɖe amewo ŋu.”—Filipitɔwo 2:4.

a José Antônio xɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo le ƒe 2003 me. Wodzi eya hã tokunɔ eye vivivia, eƒe ŋkuwo va tsi, abe ale si wònɔ le Maria Lúcia gome ene.