Dzo kpo yi emenuwo dzi

Woyi Edzi Nɔ Gbeƒã Ðem Le Dɔvɔ̃a Ƒe Ɣeyiɣia Me

Woyi Edzi Nɔ Gbeƒã Ðem Le Dɔvɔ̃a Ƒe Ɣeyiɣia Me

 Le corona dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia mea, mía nɔviwo to mɔnu bubuwo dzi nɔ gbeƒã ɖem Biblia me gbedeasi fakɔnamewo na amewo. Le esi womate ŋu awɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa alo ayi amewo gbɔ le woƒe aƒewo me le ɣeyiɣi mawo me o taa, telefon kple lɛta ŋɔŋlɔ koŋ dzie wotona gblɔa Biblia me gbedeasia na amewo. a Nu nyui geɖe do tso esia me, eye Yehowa yra ɖe agbagbadzedze siawo dzi. (Lododowo 16:3, 4) Kpɔ nu nyui siwo do tso eme le dukɔ aɖe me ƒe ɖewo ɖa.

 Hafi dɔvɔ̃a nadoa, Helen doa Biblia sɔsrɔ̃ ɖe nyɔnu aɖe gbɔ enuenu gake nyɔnua melɔ̃na kura o. Gake Helen hã mena ta o. Gbe ɖeka, Helen tsɔ Biblia kple Nu Kae Biblia Fia Mí? gbalẽa yi na nyɔnua, eye le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi koa, wode se le woƒe dukɔa me be ame aɖeke megado le eƒe me o le dɔvɔ̃a ta. Emegbe Helen yɔ nyɔnua gado Biblia sɔsrɔ̃ ɖe egbɔ ake, eye wòbiae be yewoate ŋu asrɔ̃ Biblia to fon dzi hã. Fifia ya, nyɔnua lɔ̃ ɖe edzi nɛ, eye wote nua sɔsrɔ̃. Biblia nusɔsrɔ̃a va nɔ nyɔnua nu vivim ale gbegbe be egblɔ na Helen be yedi be yewoanɔ nua srɔ̃m gbe sia gbe! Nyɔnua te kpekpewo hã dede to fon dzi. Gawua, nyɔnua wɔa Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le eƒe agbe me eye wògblɔa nu siwo srɔ̃m wòlea na amewo.

 Le hame aɖe mea, Ðasefo aɖewo ɖoe be yewoaŋlɔ lɛta na polis siwo le yewoƒe nutoa me atsɔ ada akpe na wo ɖe dɔ vevi siwo wɔm wolea ta. Esi polis-awo xɔ lɛtawoa, ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Polis-awo dometɔ ɖeka gblɔ na Jefferson, si nye hamemetsitsi be, “Mesusu be Yehowa Ðasefowo melɔ̃ poliswo ƒe nya o lo.” Gake Jefferson ɖe nu me nɛ wòva kpɔe be menye nenemae wòle o. Lɛtawo me nyawo de dzi gbɔ na polis-awo ale gbegbe be woklã wo ɖe woƒe dɔwɔƒea ƒe mɔnu. Polis bubu gblɔ be, “Lɛta siawo ana susu nyui nanɔ amewo si ɖe mía ŋu.”

 Edna kple Ednalyn nye gbesiagbe mɔɖelawo. b Esi Internet mele wo si le woƒe aƒe me o taa, womate ŋu ade hamea ƒe kpekpewo to videokadodo dzi o. Woƒo ka na woƒe aƒelika si menye Ðasefo o be ate ŋu ana yewoaxe fe azã eƒe Internet hã. Nyɔnua lɔ̃ be woate ŋu azãe faa eye yemaxɔ peni vi gɔ̃ hã le wo si o. Edna kple Ednalyn kpe nyɔnua be wòade kpekpeawo to videokadodo dzi eye wòlɔ̃. Fifia, nyɔnua, via, kple mamayɔvi eve lɔ̃ Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kpli wo eye wodea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi.

 Nɔvi aɖewo kpe woƒe aƒelikawo, dɔwɔhatiwo kple ame bubuwo be woase Biblia me nuƒo aɖe si woaƒo le videokadodo dzi. Mía nɔvi nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Ellaine, si wɔa dɔ le kɔdzia di be yeakpe yeƒe dɔwɔhatiwo gake enɔ hehem ɖe megbe. Ewɔ nɛ be ɖewohĩ ɖɔkta aɖewo malɔ̃ Ðasefoawo ƒe nya o. Gake eŋlɔ text message na wo vividoɖeameŋutɔe tsɔ kpe wo na nuƒoa. Le ɖɔkta eve aɖewo siwo nye srɔ̃tɔwo ya gomea, Ellaine medi be yeakpe wo o. Gake esi wòde ŋugble hedo gbe ɖa tso nɔnɔmea ŋua, eŋlɔ text message tsɔ kpe wo na nuƒoa. Srɔ̃nyɔnua ɖo text-a ŋu be: “Ta èdi be mava nye Ðasefoa?” Ellaine ɖe eme nɛ be, amae sia ame ate ŋu ade kpekpea faa, ne amea menye Yehowa Ðasefo o gɔ̃ hã. Le ŋkeke si kplɔe ɖo si nye nuƒoa ƒogbea, ewɔ nuku na Ellaine ŋutɔ esi wòkpɔ be atsu kple asia ge ɖe kpekpea me to videokadodoa dzi xoxoxo hafi game de! Ellaine gblɔ be: “Hafi kpekpea nawu enua, mexɔ text message tso nyɔnua gbɔ be: ‘Esiae nye zi gbãtɔ mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe. Kpekpea de dzi gbɔ nam ŋutɔ. Mekpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Akpe be nèkpem.’”

Ellaine

 Ellaine kpe ɖɔkta 20 na kpekpea, eye dzi dzɔe ŋutɔ be wo dometɔ 16 te ŋu de. Ellaine gblɔ abe apostolo Paulo ene be: “Dzi dzɔm be ‘dzi ɖo ƒonye’ megblɔ ‘Mawu ƒe nya nyui la’ na nye dɔwɔhatiwo.”—1 Tesalonikatɔwo 2:2.

 Le dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia mea, nɔnɔmeawo le sesẽm na ame sia ame. Gake mía nɔviwo yi edzi le dzidzɔ kpɔm eye wole wo tɔ sinua wɔm le Biblia me gbedeasia gblɔm na amewo tsɔ le akɔ fam na wo le xexea me godoo.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

a Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe ameŋunyatakaka ŋuti se siwo le dukɔa me dzi le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

b Mɔɖelawo nye Yehowa Ðasefo siwo zãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ ɖea gbeƒã.