Dzo kpo yi emenuwo dzi

Subɔsubɔhakplɔla La Kpɔ Ŋuɖoɖo Na Eƒe Biabiawo

Subɔsubɔhakplɔla La Kpɔ Ŋuɖoɖo Na Eƒe Biabiawo

 Gbe ɖeka esi Eliso, si nye Yehowa Ðasefo, nɔ Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe le eƒe me la, amedzro eve aɖewo siwo nyɔnua menɔ mɔ kpɔm na o la va egbɔ. Subɔsubɔhakplɔla aɖe kple srɔ̃a ye nye amedzroawo. Le woƒe vava me la, Eliso va nyae be kwasiɖa eve ye nye ema atsu kple asi sia ƒe viŋutsu ɖeka kolia dze dɔ heku.

 Esi Eliso do baba na wo hegblɔ na wo be eve ye be wo via ku la, subɔsubɔhakplɔla kple srɔ̃a fa avi vevie. Eye subɔsubɔhakplɔlaa gblɔ dzikutɔe be: “Nyemese nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu la gɔme o! Nu ka tae wòaxɔ vinyeŋutsu ɖeka pɛ la le asinye? Mele Mawu subɔm ƒe 28 sɔŋue nye esia, mewɔa nu nyui geɖewo, eye aleae wòɖo eteƒe nam! Nu ka tae Mawu wu vinyea?”

 Eliso ɖe eme na atsu kple asia be menye Mawue wu wo viŋutsua o. Edzro nu me kple wo tso tafea, tsitretsitsia kple nu si tae Mawu ɖea mɔ nu vɔ̃ɖiwo dzɔna la ŋu. Subɔsubɔhakplɔlaa kple srɔ̃a siaa gblɔ na Eliso be ɖeko wòna yewokpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo ŋu yewodoa gbe ɖa tsoe.

 Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me, esi Eliso gava Biblia srɔ̃ ge kple nyɔnua la, subɔsubɔhakplɔla la kple srɔ̃a hã va kpɔ gome le eme. Eliso nɔ Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ƒe ta 7 lia si nye “Mɔkpɔkpɔ Vavã Si Li Na Wò Ame Vevi Siwo Ku,” la me dzrom kple nyɔnua. Atsu kple asia hã kpɔ gome le numedzodzroa me.

 Emegbe la, wo ame evea wode takpekpe tɔxɛ aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ le Tbilisi le Georgia eye lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ɖedzesi si teƒe wokpɔ la wɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Nɔnɔme siawoe wonɔ agbagba dzem be yewoaƒã ɖe woƒe sɔlemeha me tɔwo me, gake ɖeko wòglo wo.