Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nuŋlɔɖi Siwo Le Nunyãmɔ̃ Te

Nuŋlɔɖi Siwo Le Nunyãmɔ̃ Te

 Esi Zarina nɔ Russia eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo megbe la, etrɔ yi wo de le Central Asia eye wòɖoe kplikpaa be yeahe ye vinyɔnu eveawo le nyateƒea me. Esi ganyawo sesẽ nɛ ta la, eya kple edzilawo kpakple nɔviaŋutsu kple srɔ̃a ye nɔ aƒe aɖe si me xɔdɔme ɖeka ko le la me. Edzilawo de se nɛ be wòagafia Biblia me nyateƒea viawo o. Eye wogblɔ na ɖeviawo hã be womegaɖo dze kple wo nɔ tso Biblia ŋu o.

 Zarina bu tame vevie tso ale si wòakpe ɖe ɖeviawo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la ŋu. (Lododowo 1:8) Eya ta edo gbe ɖa vevie na Yehowa eye wòbia eƒe nunya kple mɔfiame. Eyome Zarina wɔ nu siwo ana eƒe gbedodoɖa nava eme; eɖia tsa kple viawo heƒoa nu tso ale si nuwɔwɔwo wɔ nu kui la ŋu na wo. Tsaɖiɖi kpui siawo wɔe be ɖeviawo va di be yewoanya nu tso Wɔla la ŋu.

 Eyome Zarina gato mɔ bubu aɖe dzi be yeasrɔ̃ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? kple ɖeviawo ale be woagasrɔ̃ nu geɖe wu. a Eŋlɔa memamawo kple nyabiase siwo le agbalẽa me la nya-ɖe-nya-nu ɖe pepawo dzi. Egaŋlɔa nya kpui aɖewo kpenɛ be wòakpe ɖe ɖeviawo ŋu woase nuwo gɔme nyuie wu. Eyome etsɔa nuŋlɔti kpena ɖe pepawo ŋu ɣlana ɖe nunyãmɔ̃ si le woƒe tsileƒe la te. Ne ɖeviawo yi tsileƒea la, woxlẽa memamawo eye woŋlɔa woƒe ŋuɖoɖowo dana ɖi.

 Zarina to mɔnu sia dzi srɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta eve kple viawo hafi wo ame etɔ̃awo katã va ʋu yi teƒe bubu. Le afi ma la, ete ŋu he viawo mɔxeɖenu aɖeke manɔmee. Le October 2016 me la, nyɔnuvi eveawo katã xɔ nyɔnyrɔ, eye wokpɔ dzidzɔ be yewo nɔ zã nunya kple aɖaŋu tsɔ fia Mawu ŋuti nyateƒea yewo.

a Fifia agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? la zãmee ame geɖe le.