Dzo kpo yi emenuwo dzi

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klas 136 Lia Ƒe Sukunuwuwɔnawo

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klas 136 Lia Ƒe Sukunuwuwɔnawo

Gilead Biblia suku ƒe klas 136 lia delawo wu suku nu le Memleɖa, March 8, 2014 dzi. Suku sia xɔ ɣleti atɔ̃ eye sukuviawo ku kutri vevie. Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖela bibiwo xɔ hehe le suku sia me be woagabi ɖe gbeƒãɖeɖe me wu eye woado ŋusẽ wo nɔvi Ðasefo bubuwo ƒe xɔse. Ame 11,548 aɖewo kpɔ gome le sukunuwuwɔnaa sia me, wo dometɔ aɖewo de wɔnaa wɔƒe le Yehowa Ðasefowo ƒe hehenaƒe si le Patterson le New York eye ame bubuwo hã nɔ ekpɔm enumake to videokadodowo dzi le Canada, Jamaica, Puerto Rico kple United States (États-Unis).

‘Mina Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Sia Nanɔ Mia Me.’ Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ David Splane si nye wɔnaa ƒe zimenɔla la tu eƒe ŋgɔdonyawo ɖe Filipitɔwo 2:5-7 dzi, eƒe akpa aɖe gblɔ be: “Mina tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nanɔ miawo hã mia me.” Esime Yesu nɔ anyigba dzi la metsi dzi ɖe eƒe ɖoƒe ŋu o, ke boŋ ebɔbɔ eɖokui hewɔ geɖe le Mawu ƒe dɔa me.

Le kpɔɖeŋu me, le tetekpɔ ɖe sia ɖe si Abosam tsɔ ɖo Yesu ŋkume me la, Yesu gblɔna be “woŋlɔ ɖi be” tsɔ tsia eƒe tetekpɔa nu. Eyɔ nya sia tso nuƒo aɖe si Mose ƒo na Israel-dukɔa la me. (Mateo 4:4, 7, 10; 5 Mose 6:13, 16; 8:3) Togbɔ be Yesu ate ŋu aƒo nu le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me abe Mawu ƒe Amesiamina ene hã la, ekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si Mose wɔ la ŋu ɖokuibɔbɔtɔe. Nenema kee wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe amewo ƒe agbagbadzedzewo ŋu eye míalɔ̃ faa akafu wo.

Nɔviŋutsu Splane te gbe ɖe ale si Yesu ɖe tamesusu ƒe nɔnɔme nyui fia le eƒe hehexɔxɔ le anyigba dzi ƒe nuwuwu la hã dzi. Yesu do gbe ɖa be: “Medo wò ɖe dzi le anyigba dzi, esi mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu. Eya ta Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi le ɖokuiwò gbɔ.” (Yohanes 17:4, 5) Yesu mebia be woana mɔnukpɔkpɔ bubuwo ye o. Nu si ko wòbiae nye be woagaɖo ye yeƒe ɖoƒe tsãtɔ alo ‘agatsɔ yeƒe dɔ xoxoa na ye’ ne yetrɔ yi dziƒo. Ele be Gilead-sukudelawo hã nasrɔ̃ Yesu ahana woƒe susu nanɔ dɔ si wode wo si la ŋu ke menye ɖoƒe ŋu o. Eye ne womena mɔnukpɔkpɔ bubuwo wo ne wotrɔ yi woƒe dɔwo gbɔ o hã la, mɔnukpɔkpɔ si le wo si xoxo la adze wo ŋu.

“Vɔsa Si Mave Mi O.” Dɔdzikpɔha ƒe Nufiafia Kɔmiti ƒe kpeɖeŋutɔ William Malenfant de dzi ƒo na sukuviawo be woasrɔ̃ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋu si Paulo ɖo. Le esi Paulo ƒe susu nanɔ nu siwo wòtsɔ sa vɔe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me dzi teƒe la, egblɔ boŋ be: “Meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mele nu siwo le ŋgɔnye la minyam, mele ʋiʋlim ɖo ta taɖodzinu . . . la gbɔ.”—Filipitɔwo 3:13, 14.

Ne vɔ siwo sukuviawo sana mevea wo o la, ke wole mawusubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema kple egbea siaa srɔ̃m. Nɔviŋutsu Malenfant he susu yi nya aɖe si Nɔvinyɔnu Clara Gerber Moyer, si te Yehowa subɔsubɔ tso eƒe ɖevime gblɔ la dzi. Nɔvinyɔnua ŋlɔ bena: “Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye nam be mele Mawu subɔm ƒe 80 kple edzivɔwoe nye esia​—gake mevem kpɔ o! Ne ɖe magate ŋu atrɔ ayi ɖevimea, magasubɔe nenema pɛpɛpɛ.”

“Mi Kple Mawudɔlawo Miɖe Gbeƒã Fiaɖuƒea Eye Miwɔe Abe Mawudɔlawo Ene.” Dɔdzikpɔha me tɔ Gerrit Lösch kpe ɖe sukuviawo ŋu wode dzesi mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ eve siwo sua ame siwo ɖea gbeƒã la si. Gbã la, wowɔa dɔ abe mawudɔlawo ene ne wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒenya nyuia, elabena woate ŋu aɖe Hebrigbe si wozã le Biblia me la me nya si gɔme woɖe be “mawudɔla” gɔme be “dɔla.” Evelia, sukuviawo ɖea gbeƒã nya nyui la le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te abe ale si wònɔ le Filipo gome ene.​—Dɔwɔwɔwo 8:26-35.

Nɔviŋutsu Lösch gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su Yehowa Ðasefowo si le woƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me la dometɔ geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Ðasefo aɖe si le Mexico si ŋkɔe nye Gabino meƒoa ʋɔtru na amewo wòwua zi eve ne ele gbeadzi o. Gake eƒo ʋɔtru aɖe ya zi ene sɔŋ. Ŋutsu aɖe do va ʋu ʋɔtrua, eye wògblɔ na Gabino be ɖeko yebe yeawu ye ɖokuie nye ema wòƒo ʋɔtrua na ye. Ŋutsua gblɔ be: “Esi nèƒo ʋɔtrua zi enelia la, ka nɔ kɔ nam. Gake meɖe kaa le kɔ va ʋu ʋɔtrua na wò. Akpe na wò be mèna ta o. Ðe nèna taa, anye ne mede ka ve na ɖokuinye.”

Togbɔ be nuteƒekpɔkpɔ siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye nu dogoɖenunuwo hã la, míenyae be wo dometɔ geɖe menye nu dogoɖenunuwo o. Ke boŋ wonye kpeɖodzi be mawudɔlawo le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele le xexea me godoo la.​—Nyaɖeɖefia 14:6.

“Woayra Bubume La.” Gilead sukunufiala Michael Burnett zã Yabez, Yuda ƒe dzidzimevi, si ŋu ‘bubu nɔ wu nɔviawo’ ƒe kpɔɖeŋu le eƒe nuƒoa me. Yabez do gbe ɖa na Mawu be: “Oo ne nàhayram, àkeke nye anyigba la ɖe enu, eye wò asi nanɔ kplim, eye nàkpɔ tanye tso vɔ̃ me!”—1 Kronika 4:9, 10.

Sukuviawo ate ŋu asrɔ̃ Yabez ƒe kpɔɖeŋu nyui ma ne wodo gbe ɖa bia nu si koŋ wohiã, vevitɔe nye be woabia Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoaɖo taɖodzinu si tae wona hehe yewo le Gilead sukua me la gbɔ. Asɔ hã be woabia Mawu be wòakpɔ yewo ta tso vɔ̃ me, menye be vɔ̃ naƒo asa na yewo keŋkeŋ o, ke boŋ be nu siwo adzɔ ɖe yewo dzi la magana yewoase veve ale gbegbe be yewoadzudzɔ esubɔsubɔ o. Mawu ɖo Yabez ƒe gbedodoɖaa ŋu, eye aɖo Gilead-sukuviawo hã tɔ ŋu.

“Mina Miaƒe Dzo La Nanɔ Bibim.” Gilead sukunufiala Mark Noumair si ganye Nufiafia Kɔmiti ƒe kpeɖeŋutɔ hã ƒo nuƒo si wòtu ɖe 1 Tesalonikatɔwo 5:16-19 dzi. Abe ale si ko dzo ŋutɔŋutɔ hiãna na nake, ya kple dzoxɔxɔ hafi wòate ŋu anɔ bibim ene la, sukuviawo hã hiã nu etɔ̃ aɖewo be woatsɔ ana be dzo si le wo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nayi edzi anɔ bibim.

Nu gbãtɔ, “dzi nadzɔ mi ɖaa.” (1 Tesalonikatɔwo 5:16) Dzi ate ŋu adzɔ sukuviawo ne wodea ŋugble tso yayra siwo dona tso Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo ŋu me la ŋu. Dzidzɔ sia ana be dzo nanɔ wo me ɖe dɔa ŋu. Nu evelia, “minɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.” (1 Tesalonikatɔwo 5:17) Gbedodoɖa le abe ya si nana be dzo léna ene. Ele be míana míaƒe gbedodoɖawo nadidi to míaƒe dzimenyawo gbɔgblɔ na Mawu me. Nu etɔ̃lia, “mida akpe ɖe nu sia nu ta.” (1 Tesalonikatɔwo 5:18) Dzi siwo me akpedada yɔ fũu nana mí kple Yehowa kpakple mía nɔviwo dome nɔa nyuie. Nɔviŋutsu Noumair gblɔ be: “Miyi edzi mianɔ nɔnɔme nyoameŋu si nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu ɖem fia, si to vovo na nɔnɔme maɖɔʋu si nye nyahehe ɖe ame ŋu.”

“Mikpe Ðe Dziƒowo Ŋu Miakafu Yehowa.” Sam Roberson, teokrasisuku ƒe nufiala tsɔ Biblia me nyagbɔgblɔ siwo ɖee fia be ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kafua Yehowa dze eƒe nuƒoa gɔme. (Psalmo 19:1; 89:37; 148:3) Egblɔ be mɔnukpɔkpɔ su sukuviawo hã si wokafu Yehowa eye wòna wowɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ƒe wɔwɔfiawo. Le kpɔɖeŋu me, esi sukuviawo dometɔ ɖeka tɔ ʋu si kum wònɔ ale be ŋutsu si le bunɔkeke me natso mɔa me la, ŋutsua da akpe na sukuvia eye sukuvia hã da akpe nɛ. Eya kple ŋutsua woɖo dze vie eye ŋutsua lɔ̃ be wòava srɔ̃ Biblia kpli ye. Esi Gilead-sukuvia yi ɖasrɔ̃ nu kple ŋutsua le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo me la, ete ŋu ɖe gbeƒã na ame siwo va kpɔa ŋutsua ɖa dometɔ geɖe. Mlɔeba edze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame adre bubuwo le esi eya kple ŋutsua woɖo dze zi gbãtɔ ma ta.

“Mawu Ƒe Hehenana Nena Miasẽ Ŋu.” Donald Gordon si nye Agbalẽtata Kɔmiti ƒe kpeɖeŋutɔ bia gbe srɔ̃tɔ ene aɖewo siwo nye suku sia delawo. Nɔvi siwo wòbia gbee la dometɔ ɖeka gblɔ be wote gbe ɖe Efesotɔwo 3:16-20 dzi le suku bliboa me. Esia kpe ɖe sukuviawo ŋu ‘wosẽ ŋu’ to wo ɖokuiwo bɔbɔ, ale si wona amewo tea ŋu tena ɖe wo ŋuti bɔbɔe kple ale si wokpɔnɛ dzea sii be dɔ geɖe gale Yehowa si na Ðasefo ɖe sia ɖe me. Nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka gblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Gilead sukua ƒe nufiala de dzi ƒo na sukuviawo be womeganɔ abe tɔmelã gã aɖe si le tsi sue aɖe me le agba sue aɖe me ene si awɔe be womagate ŋu atsi o la ene o, ke boŋ be woanɔ abe tɔmelã sue aɖe si le tsi gbanaa aɖe me ene. Egblɔ be: “Nu si mesrɔ̃ tso emee nye be ne mewɔa ɖokuinye suetɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me la, akpe ɖe ŋunye matsi le gbɔgbɔ me.”

“Ðo Ŋku Dzinye, Hena Nye Nyui.” Dɔdzikpɔhaa me tɔ Mark Sanderson ye ƒo wɔnaa ƒe nuƒo vevitɔ, eye wòtu eƒe tanya ɖe gbe si Nehemiya do ɖa be “Oo nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, hena nye nyui” la dzi. (Nehemiya 5:19; 13:31) Menye ɖe Nehemiya nɔ vɔvɔ̃m be Yehowa aŋlɔ ye ŋutɔ alo dɔ siwo yewɔ nɛ la be o. Ke boŋ ɖe wònɔ Mawu biam be wòaɖo ŋku ye dzi lɔlɔ̃tɔe ahayra ye.

Nenema kee sukuviawo hã ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo ŋku yewo dzi hena nyui ne wowɔ ɖe nu vevi siwo wosrɔ̃ le Gilead sukua me dzi. Le kpɔɖeŋu me, ele be woana ale si wolɔ̃ Yehowa kple dzi blibo nanye susu vevitɔ si tae subɔnɛ ɖo. (Marko 12:30) Abraham lɔ̃ Yehowa kple eƒe dzi blibo eye Mawu ɖo ŋku edzi lɔlɔ̃tɔe. Esi Abraham ku ƒe akpe geɖewo megbe gɔ̃ hã la, Mawu yɔe be “xɔ̃nye.”—Yesaya 41:8.

Nɔviŋutsu Sanderson xlɔ̃ nu sukuviawo be woalɔ̃ wo haviwo, vevietɔ woƒe haxɔsetɔwo. (Marko 12:31) Ele be woatso akpe ɖe ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu abe ale si Samariatɔ havilɔ̃la si wɔ “eɖokui havi na ame si dze adzodalawo si me” wɔe ene. (Luka 10:36) Egblɔ Nɔviŋutsu Nicholas Kovalak si de Gilead sukua kpɔ eye wònye nutome gã dzikpɔla ƒe nuteƒekpɔkpɔ tsɔ te gbe ɖe nya sia dzi. Wonya Nɔviŋutsu Kovalak nyuie be edoa vivi ɖe ame ŋu helɔ̃a amewo. Exlɔ̃ nu nutome sue dzikpɔla aɖe kple srɔ̃a kpɔ be woado vevie nu le subɔsubɔdɔa me kple nya siawo be, “Mitso ɖe dɔ ŋu le ŋkekea me kaba, le kwasiɖa me kaba, le ɣletia me kaba, le ƒea me kaba.” Esi wòlé ŋku ɖe nɔvinyɔnua ŋu ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, egblɔ na nɔvinyɔnua be: “Migatsi dzi ɖe aɖaŋu ma si meɖo na mi va yi la ŋu o. Èle dɔ geɖe wɔm xoxo. Gbɔ dzi ɖi ɖe dɔa ŋu ale be nàwɔe eteƒe nadidi.” Aɖaŋu sia si wòɖo na nɔvinyɔnua dɔmenyotɔe la kpe ɖe nɔvinyɔnua ŋu wòyi edzi wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe geɖe.

Mlɔeba la, Nɔviŋutsu Sanderson de dzi ƒo na sukuviawo be woadze agbagba aɖo taɖodzinu si le hehe si woxɔa ŋu la gbɔ to nufiafia kple hehenana amewo me. (2 Timoteo 2:2) Ne wowɔ dɔ si wode wo si la, woate ŋu ado ŋusẽ nɔviawo ahana woali ke, eye esia ana be Yehowa naɖo ŋku wo dzi hena nyui.​—Psalmo 20:1-5.

Nyataƒoƒo. Esi sukuviawo xɔ woƒe ɖaseɖigbalẽwo vɔ la, wo dometɔ ɖeka xlẽ lɛta si klas la ŋlɔ tsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae. Sukuviawo dometɔ wuiatɔ̃ dzi hadzidzi 123 si ƒe tanyae nye, “Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo” tso Midzi Ha Na Yehowa ƒe hadzigbalẽa me.