Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi

Ðo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi

Ƒe sia ƒe la, Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi abe ale si tututu wòfia mɔ be woawɔe ene. (Luka 22:19, 20) Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva kpɔ gome le wɔna vevi sia me kpli mí. Àsrɔ̃ nu tso ale si Yesu ƒe agbe kple eƒe ku aɖe vi na wòe la ŋu.