Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðasefo atsu kple asi aɖe le gome kpɔm le hame ƒe kpekpe aɖe me to videokadodowo dzi. Esiae nye zi gbãtɔ si ame gbogbo aɖewo aɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la to mɔnu sia dzi

APRIL 3, 2020
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Kristo Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzi Si Ato Vovo Na Ðe Sia Ðe Si Wowɔ Kpɔ

Hame Geɖe Ato Videokadodowo Dzi Aɖu Ŋkuɖodzia Le Corona Dɔlékuia Ta

Kristo Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzi Si Ato Vovo Na Ðe Sia Ðe Si Wowɔ Kpɔ

Ðasefowo kple ɖetsɔlemetɔ miliɔn geɖewo akpe le Braɖa, April 7, 2020 dzi hena Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia; esiae nye wɔna vevitɔ le ƒea me. Ke hã le ƒe sia me la, COVID-19 dɔvɔ̃a wɔe be ale si míawɔ Ŋkuɖodzia ato vovo vie. Le xexea me godoo la, ame geɖe akpɔ gome le wɔnaa me to videokadodowo dzi.

Le dɔvɔ̃ sia ta la, dukɔ geɖe ƒe dziɖuɖuwo de se be amewo nagaƒo ƒu le agbɔsɔsɔ gãwo me o. Esia wɔe be hame geɖe le xexea me godoo wɔa woƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo to videokadodowo dzi. Hame siawo ato mɔnu sia ke dzi aɖu Ŋkuɖodzia. Woada Ŋkuɖodzi ƒe wɔnaa si woƒo lé ɖi la ɖe jw.org nyatakakadzraɖoƒea ale be ame sia ame si lɔ̃ faa la nakpɔe.

Ame miliɔn 20 kple edzivɔ ye de Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me. Míele mɔ kpɔm be ame miliɔn geɖe siwo menye Ðasefowo o hã akpɔ gome le wɔnaa me to videokadodo alo telefon katsiatsiã dzi, alo be woakpɔe le jw.org.

Le dukɔ geɖe me la, dɔvɔ̃ sia yi edzi le nu gblẽm ale gbegbe. Le mía nɔviwo ƒe dedienɔnɔ ta la, ele vevie be mí katã míayi edzi azɔ ɖe dziɖuɖuwo ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ va se ɖe esime dɔvɔ̃a nu va yi. Gake esi míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa ada megbe na mí ta la, míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe Yesu ƒe sedede si nye be “minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye” la dzi.—Luka 22:19.

Ðasefo atsu kple asi aɖe le gome kpɔm le hame ƒe kpekpe aɖe me to videokadodowo dzi. Esiae nye zi gbãtɔ si ame gbogbo aɖewo aɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la to mɔnu sia dzi