Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

JW Nyakakadɔwɔƒe Zazã Le Roku Dzi

JW Nyakakadɔwɔƒe Zazã Le Roku Dzi

JW Nyakakadɔwɔƒe nye internet dzi television si doa ŋusẽ ame ƒe mawusubɔsubɔ eye edzinuwo sɔ na ƒomewo. Kpɔ ha bubu siwo wodzi da ɖe JW Nyakakadɔwɔƒe la kple video siwo le jw.org nyatakakadzraɖoƒea dometɔ aɖewo. Kpɔ Video Ƒotsiãɖenuwo, video siawo nɔa ƒoƒom gaƒoƒo 24 gbe sia gbe, eye wò ŋutɔ hã àte ŋu atia video ɖe sia ɖe si nèdi be yeaƒo le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me le akpa si nye Video Si Nèdi. Yi akpa si nye Odio ne nàse ha vovovowo, dramawo, Biblia xexlẽ ƒe dramawo kple nu bubu geɖewo.

Kpɔ nu siawo le wò kɔmpiuta, tablɛt alo asitelefon deŋgɔ dzi le tv.isa4310.com alo zã Roku dɔwɔnu nàtsɔ akpɔ wo le wò ŋutɔ wò television dzi.

 

 

LE AKPA SIA

JW Nyakakadɔwɔƒea Dada Ðe Roku Dzi

Zɔ ɖe mɔfiame siawo dzi nàda JW Nyakakadɔwɔƒea ɖe Roku-ƒonua dzi.

Kpɔ Video Si Nèdi Le Roku Dzi

Ale si nàdi videowo, aƒo wo, kple ale si nàkpɔ video yeyewo kple esiwo wodo bobloe.

Ale Si Nàse Odiowo Le Roku Dzi

Se odio ɖeka alo esiwo katã le ƒuƒoƒo ɖeka me. Trɔ asi le odioawo ƒe ƒoƒo ŋu.

Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi​—JW Broadcasting (Roku)

Kpɔ nya siwo amewo biana edziedzi la ƒe ŋuɖoɖowo.