Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

JW LANGUAGE

JW Language Dzi Nuwo

JW Language Dzi Nuwo

Gbegbɔgblɔ Geɖewo Le Edzi

Tia gbegbɔgblɔ 18 siwo le edzi la dometɔ ɖeka abe mia degbe ene eye nàtia ɖeka hã wòanye gbe si nèdi be yeasrɔ̃. Gbe siwo li la woe nye Bengaligbe, Chinagbe (Bɔbɔetɔ) si ŋu Mandaringbe me odio kpe ɖo, Eŋlisigbe, Fransegbe, Germaniagbe, Hindigbe, Indonesiagbe, Italiagbe, Japangbe, Koreagbe, Myanmargbe, Portugalgbe, Russiagbe, Spaniagbe, Swahiligbe, Tagalog-gbe, Thailandgbe kple Turkeygbe.

 

Nya Siwo Ku Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu

Nya kple nyagbe siwo le JW Language nye nya siwo míezãna le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me hekpe ɖe Biblia me nyawo ŋu. Trakt gbogbo aɖewo hã le eme, àte ŋu atsɔ mia degbe me tɔwo asɔ kple gbe bubu si nètia la tɔwo.

 

Gbesɔsrɔ̃ Ƒe Mɔnuwo

  • Xlẽ gbe si nèse kple gbe si srɔ̃m nèle siwo woɖo ɖe wo nɔewo xa

  • Se ale si gbe si srɔ̃m nèle la dola xlẽ nya, nyagbɔgblɔ, alo agbalẽ aɖee

  • Kpɔ video siwo míezãna le gbeadzisubɔsubɔdɔa me siwo le gbe si srɔ̃m nèle me

  • Zã nɔnɔmetatawo le gbea sɔsrɔ̃ me

  • Kpɔ ale si nya vovovowo kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wotua nyawo ɖoe le gbea ŋuti sewo nu la dzi

  • Zã dɔdeasi siwo akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ gbea

    • Kpɔ: Tia nu si kpɔm nèle la ƒe gɔmeɖeɖe

    • Tiatiawo: Tia nu siwo sɔ kple wo nɔewo

    • Ðo To: Tia nu si sem nèle la ƒe gɔmeɖeɖe

    • Gbesɔsrɔ̃ Ƒe Taflo: Kpɔe ɖa be àte ŋu agblɔ nu si kpɔm nèle la ƒe gɔmeɖeɖe hã

    • Se Nyawo Eye Nàgblɔ Wo: Woagblɔ nyawo nàse eye nàgblɔ wo ɖe eyome

 

Wɔ Asitɔtrɔ Siwo Nèdi

  • Dzra nɔnɔmetata kple nyagbɔgblɔ siwo nèlɔ̃a zazã la ɖo ale be wo kpɔkpɔ nanɔ bɔbɔe na wò

  • Trɔ asi le nya siwo nàƒo ase la ƒe tsɔtsɔme ŋu

  • Àte ŋu ana nuŋɔŋlɔawo nadze le Roman alfabetawo me

  • Wɔ nuwo ƒe kɔpi da ɖi ale be nàzã wo Internet manɔmee gɔ̃ hã

  • Tia video siwo ƒe kɔkɔme mede ŋgɔ fũu o ale be woagaxɔ mɔ geɖe akpa le wò mɔ̃a dzi o

 

Roma-ŋɔŋlɔdzesiwo

Le gbegbɔgblɔ siwo womeŋlɔna kple Roma-ŋɔŋlɔdzesiwo o gome la, nyawo kple nyagbewo anɔ dzedzem le Roma-ŋɔŋlɔdzesiwo hã me.

 

Kpekpeɖeŋu

Ne èdo go kuxi aɖe le JW Language zazã me la, taflatsɛ kpe míaƒe internet dzi kpekpeɖeŋu ƒe aɖaka ɖo.