Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nɔnɔmetɔtrɔ Dzie Mawu To Wɔ Nu Gbagbe Vovovoawoa?

Nɔnɔmetɔtrɔ Dzie Mawu To Wɔ Nu Gbagbe Vovovoawoa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ao. Biblia gblɔe eme kɔ nyuie be Mawu wɔ amegbetɔwo kpakple nu miemiewo kple lãwo le wo “ƒomeviwo” nu. a (1 Mose 1:12, 21, 25, 27; Nyaɖeɖefia 4:11) Egblɔe hã be Adam kple Xawa, siwo nye mía dzila gbãtɔwo, mee ameƒome bliboa dzɔ tso. (1 Mose 3:20; 4:1) Biblia meda asi ɖe dzixɔse si nye be nɔnɔmetɔtrɔ dzie Mawu to wɔ nu gbagbe vovovoawo la dzi, abe ale si ame aɖewo susuna ene o. Ke hã nya aɖeke mele Biblia me si tsi tre ɖe nya si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔna be nuwɔwɔ siwo le hatsotso ɖeka me ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo gbɔ la ŋu o.

 Nɔnɔmetɔtrɔ dzie Mawu to wɔ nu gbagbewoa?

 Ame siwo xɔe se be nɔnɔmetɔtrɔ dzie Mawu to wɔ nu gbagbewo la ƒe susu le ale si wòwɔe ŋu la to vovo. Le Encyclopædia Britannica ƒe nya nu la, “ale si nɔnɔmeawo le le dzɔdzɔme nu ye wɔnɛ be nu gbagbewo va toa vovo. Ame aɖewo xɔe se be esia nye mɔ aɖe si dzi Mawu to na be nu gbagbe ƒomevi vovovowo va li.”

 Susu vovovo siwo le ame mawo si la ƒe ɖewoe nye:

  •   Nu gbagbe ƒomeviwo katã dzɔ tso nu ɖeka aɖe me wotɔwotɔwoe tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke.

  •   Nu gbagbe ƒomevi aɖe ate ŋu atrɔ azu nu gbagbe ƒomevi bubu kura.

  •   Le mɔ aɖe nu la, Mawu gbɔe wòtso be tɔtrɔ siawo yia edzi.

 Ðe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia wɔ ɖeka kple nu si Biblia fia?

 Dzixɔse si nye be nɔnɔmetɔtrɔ dzie Mawu to wɔ nu gbagbewo la le fiafiam be nya si Biblia gblɔ tso xexemewɔwɔ ŋu, si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la mede keŋkeŋ o. Ke hã Yesu he susu yi xexemewɔwɔ ƒe ŋutinya ma si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la dzi be enye nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ. (1 Mose 1:26, 27; 2:18-24; Mateo 19:4-6) Biblia gblɔ be hafi Yesu nava anyigba dzi la, enɔ dziƒo le Mawu gbɔ, eye wòkpe asi ɖe Mawu ŋu wowɔ “nuwo katã.” (Yohanes 1:3) Eya ta susu si nye be nɔnɔmetɔtrɔ dzie Mawu to wɔ nu gbagbe vovovowo la mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia o.

 Ðe ale si atiwo kple lãwo tea ŋu trɔna ɖe nuto si me wole ƒe nɔnɔme nu la ɖo kpe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzia?

 Biblia meɖe nu me ku ɖe ale si gbegbe nu gbagbewo ate ŋu ato vovo tso wo ƒomevi siwo li xoxo gbɔ la ŋu o. Gake metsi tre ɖe nyateƒenya si nye be tɔtrɔ viviviwo tea ŋu vana le nu gbagbe siwo Mawu wɔ la ƒe dzidzimeviwo ŋu alo be wotea ŋu trɔna ɖe nuto si me wole la ƒe nɔnɔmewo nu la ŋu hã o. Togbɔ be ame aɖewo susuna be tɔtrɔ mawo ɖo kpe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi hã la, menye nu gbagbe bubu sãa ye dona tso tɔtrɔ mawo me o.

a Biblia zãa nyagbe “ƒomeviwo,” eye gɔmesese si le eŋu la keke ta wu nyagbe “hatsotso,” si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo zãna zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔna be nu gbagbe ƒe hatsotso yeye aɖe dzɔ tso bubu aɖe me, evɔ le nyateƒe me la, vovototo vivivi aɖewo koe va le nu gbagbe ƒomevi siwo li xoxo la dome, eye esia wɔ ɖeka kple gɔmesese si nu wozã nyagbe “ƒomeviwo” le le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe nuŋlɔɖia me.