Dzo kpo yi emenuwo dzi

Tame Kae Mawu Ðo Ðe Nye Agbe Ŋu?

Tame Kae Mawu Ðo Ðe Nye Agbe Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be nàva nya ye be Ame ŋutɔŋutɔe yenye, nàte ɖe ye ŋu, alɔ̃ ye eye nàsubɔ ye kple wò dzi blibo. (Mateo 22:37, 38; Yakobo 4:8) Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàwɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ne èsrɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafiawo ŋu. (Yohanes 7:16, 17) Menye ɖeko Yesu ƒo nu tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu na amewo o, eya ŋutɔ hã nɔ agbe ɖe enu. Eya tae Yesu gblɔ gɔ̃ hã be tameɖoɖo si le yeƒe agbe ŋu ‘menye be yeawɔ ye ŋutɔ yeƒe lɔlɔ̃nu o, ke boŋ yeawɔ ame si dɔ ye ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.’—Yohanes 6:38.

Ðe wòhiã be makpɔ dzesi tɔxɛ, ŋutega alo axɔ yɔyɔ tɔxɛ aɖe hafi anya tame si Mawu ɖo ɖe ŋunyea?

 Ao, elabe gbedeasi si le Mawu si na ameƒomea la le Biblia me. Nu sia nu si nèhiã be ‘nàdze bliboe, eye nànɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ’ la le eme. (2 Timoteo 3:16, 17) Mawu di be nàzã Biblia kple wò “tamebubu ŋutete” atsɔ anya tame si yeɖo ɖe ŋuwò.—Romatɔwo 12:1, 2; Efesotɔwo 5:17.

Ðe mate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋutɔŋutɔa?

 Ɛ̃, àte ŋui, elabe Biblia gblɔ be Mawu ƒe “seawo mesesẽ o.” (1 Yohanes 5:3, Eʋegbe Biblia) Esia mefia be Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ nɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Gake vi siwo Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ɖena na ame la ƒo agbagba siwo ame dzena hafi wɔa wo dzi la ta sãsãsã. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”—Luka 11:28.