Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ŋkɔ Nenie Le Mawu Si?

Ŋkɔ Nenie Le Mawu Si?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖeka koe le Mawu si. Wozãa ŋɔŋlɔdzesi si nye יהוה tsɔ ŋlɔnɛ le Hebrigbe me, eye woɖea egɔme le Eʋegbe me be “Yehowa.” a Mawu gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee.” (Yesaya 42:8) Ŋkɔ sia dze abe zi 7,000 sɔŋ ene le Biblia ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo me​—edze enuenu wu ŋkɔnya ɖe sia ɖe si wozãna ɖe Mawu teƒe; le nyateƒe me la, edze zi geɖe wu ame bubu ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ. b

Ðe ŋkɔ bubu aɖewo li siwo woyɔna na Yehowa?

 Togbɔ be ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖeka koe Biblia yɔ na Mawu hã la, Biblia zã dzesideŋkɔ geɖewo nɛ. Dzesideŋkɔ siwo gbɔna, kple nya siwo wotsɔ ɖɔ Mawui la dometɔ ɖe sia ɖe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖe fia.

Dzesideŋkɔ

Mawunyakpukpui

Egɔmeɖeɖe

Allah

(Ðeke meli o)

Woɖe nya si nye “Allah” tso Arabgbe me, menye ŋkɔ ŋutɔŋutɔe wònye o, ke boŋ enye dzesideŋkɔ si gɔmee nye “Mawu.” Arabgbe kple gbe bubu aɖewo zã nya “Allah” na “Mawu” le woƒe Biblia gɔmeɖeɖewo me.

Ŋusẽkatãtɔ

1 Mose 17:1

Ŋusẽ si nu womate ŋu axe mɔ ɖo o le esi. Hebrigbe me nya ʼEl Shad·daiʹ, si gɔmee nye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ,” la dze zi adre le Biblia me.

Alfa kple Omega

Nyaɖeɖefia 1:8; 21:6; 22:13

Nya sia si gɔmee nye, “gbãtɔ kple mlɔetɔ,” alo “gɔmedzedze kple nuwuwu,” si fia be Mawu Ŋusẽkatãtɔ aɖeke medo ŋgɔ na Yehowa o, eye ɖeke mado megbe nɛ o. (Yesaya 43:10) Alfa nye Helagbe me alfabeta ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ eye Omega nye alfabeta ŋɔŋlɔdzesi mamlɛtɔ.

Ame Si Li Tso Gbe Aɖe Gbe Ʋĩi Ke

Daniel 7:9, 13, 22

Gɔmedzedze meli nɛ o; eli tso mavɔmavɔ me hafi ame alo nu bubu ɖe sia ɖe va dzɔ.​—Psalmo 90:2.

Wɔla

Yesaya 40:28

Eyae wɔ nuwo katã.

Fofo

Mateo 6:9

Eyae nye Agbenala.

Mawu

1 Mose 1:1

Nu si ame subɔna; Ŋusẽtɔ. Hebrigbe me nya ʼElo·himʹ nye nuyɔyɔ ɖe agbɔsɔsɔ me, eye efia Yehowa ƒe gãnyenye, bubu alo nyonyo.

Mawuwo dzi Mawu

5 Mose 10:17

Eyae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, eto vovo na ‘mawu maɖinu’ siwo ame aɖewo subɔna.​—Yesaya 2:8.

Nufiala Gãtɔ

Yesaya 30:20, 21

Enaa nufiame kple mɔfiame siwo ɖea vi na mí.​—Yesaya 48:17, 18.

Wɔla Gã

Psalmo 149:2

Eyae wɔ nuwo katã.​—Nyaɖeɖefia 4:11

Mawu Dzidzɔtɔ La

1 Timoteo 1:11

Ekpɔa dzidzɔ.​—Psalmo 104:31

Gbedodoɖasela

Psalmo 65:2

Eya ŋutɔe ɖoa to gbe siwo míedona ɖa nɛ le xɔse me.

Ame Si Menye, Eyae Menye

2 Mose 3:14, Eʋegbe Biblia

Mawu ate ŋu azu nu sia nu si hiã be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme. Wogaɖe nya sia gɔme be, “Mazu nu sia nu si dze ŋunye” alo “Mava Nye Nu Si Metia Be Manye.” (The Emphasised Bible, si J. B. Rotherham ta; Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe) Ale si woɖɔe le afi sia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ gɔmesese si le eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si nye Yehowa, le kpukpui si kplɔe ɖo me la ŋu.​—2 Mose 3:15.

Eʋãa Ŋu

2 Mose 34:14, King James Version

Medina be woasubɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ye ŋu o. Wogaɖe nya sia gɔme be “meɖea mɔ na mawu tutɔwo o” kple “ame si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo.”​—God’s Word Bible; New World Translation.

Fia mavɔmavɔtɔ

Nyaɖeɖefia 15:3

Gɔmedzedze alo nuwuwu meli na eƒe dziɖulanyenye o.

Aƒetɔ

Psalmo 135:5

Nutɔ alo aƒetɔ; Hebrigbe ʼA·dhohnʹ kple ʼAdho·nimʹ.

Yehowa Zebaot, aʋakɔwo ƒe Yehowa

Yesaya 1:9, Eʋegbe Biblia; Romatɔwo 9:29

Mawudɔlawo ƒe aʋakɔ nyadri aɖe ƒe aʋafiagã. Woagate ŋu aɖe “Yehowa Zebaot” gɔme be “Aʋakɔwo ƒe Yehowa.”​—Romatɔwo 9:29, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

Dziƒoʋĩtɔ

Psalmo 47:2

Eƒe ɖoƒe ƒo ɖe sia ɖe ta.

Kɔkɔetɔ La

Lododowo 9:10

Ele kɔkɔe (ele dzadzɛ) wu nuwɔwɔ bubu ɖe sia ɖe.

Mía Mèla

Yesaya 64:8

Ŋusẽ le esi ɖe ame ɖekaɖekawo kple dukɔwo dzi, abe ale si ko ŋusẽ le zemela si ɖe tsu dzi ene.​—Romatɔwo 9:20, 21.

Xɔnametɔ, Gbugbɔƒlela

Yesaya 41:14

Egbugbɔ ƒle amegbetɔƒomea tso nu vɔ̃ kple ku si me to Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi.​—Yohanes 3:16.

Agakpe

Psalmo 18:2, 46

Enye míaƒe sitsoƒe kple dedienɔƒe.

Xɔnametɔ

Yesaya 45:21

Eɖea ame tsoa afɔku alo tsɔtsrɔ̃ me.

Kplɔla

Psalmo 23:1

Elea be na esubɔlawo.

Aƒetɔ Dziɖulagã

1 Mose 15:2

Eƒe ŋusẽ ƒo ɖe sia ɖe ta; Hebrigbe ʼAdho·naiʹ.

Nuwokatãtaƒola

Daniel 7:18, 27

Eyae ƒo nuwo katã ta.

Teƒewo ƒe ŋkɔwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me

 Woyɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ kpe ɖe teƒe aɖewo ƒe ŋkɔwo ŋu le Biblia me, gake menye eƒe ŋkɔ bubuwoe emawo nye o.

Teƒewo Ƒe Ŋkɔ

Mawunyakpukpui

Egɔmeɖeɖe

Yehowa-Yire

1 Mose 22:13, 14

“Yehowa Ana.”

Yehowa-Nisi

2 Mose 17:15

“Yehowa Ye Nye Nye Dzesiti” alo “Yehowa nye aflaga.” (Eʋegbe Biblia) Yehowae nye Mawu si gbɔ eƒe amewo ate ŋu ate ɖo hena ametakpɔkpɔ kple kpekpeɖeŋu.​—2 Mose 17:13-16.

Yehowa-salom

Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:23, 24

“Yehowae Nye Ŋutifafa.”

Yehowa-shammah

Ezekiel 48:35, etenuŋɔŋlɔ, American Standard Version

“Yehowa Le Afi Ma.”

Susu siwo tae wòle be nànya Mawu ƒe ŋkɔ ahazãe

  •   Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si nye Yehowa la le vevie nɛ elabe ena woŋlɔ ŋkɔa zi gbɔ zi akpe geɖe ɖe Biblia me.​—Malaki 1:11.

  •   Mawu ƒe Vi, Yesu, te gbe ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ƒe vevienyenye dzi zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, edo gbe ɖa na Yehowa be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”​—Mateo 6:9; Yohanes 17:6.

  •   Ame siwo va nyaa Mawu ƒe ŋkɔa hezãnɛ la wɔ afɔɖeɖe gbãtɔ siwo ana be xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ woawo kple Yehowa dome. (Psalmo 9:10; Malaki 3:16) Ƒomedodo sia wɔnɛ be Mawu ƒe ŋugbedodo sia ate ŋu aɖe vi na wo, egblɔ be: “Esi melɔ̃a nu le gbɔnye o ta la, nye hã maɖee. Makpɔ eta, elabena enya nye ŋkɔ.”​—Psalmo 91:14.

  •   Biblia lɔ̃ ɖe edzi be: “Nu siwo woyɔna be mawuwo li, eɖanye le dziƒo alo le anyigba dzi o, abe ale si ‘mawu’ geɖewo kple ‘aƒetɔ’ geɖewo li ene.” (1 Korintotɔwo 8:5, 6) Ke hã, ena eme kɔ ƒãa be Mawu vavã ɖeka si ŋkɔe nye Yehowa koe li.​—Psalmo 83:18.

a Mawu ƒe ŋkɔ yɔyɔ be “Yahweh” sɔna na Hebrigbenyala aɖewo wu.

b Mawu ƒe ŋkɔ si wotso kpuie, si nye “Yah,” dze le Biblia me abe zi 50 ene, siwo dome esiwo wozã le nyagbɔgblɔ si nye “Haleluyah,” alo “Alleluia,” si gɔmee nye “Mikafu Yah” hã le.​—Nyaɖeɖefia 19:1; American Standard Version; King James Version.