Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ðeviwo Kple Internet Dzi Hahoo Kadodowo—Akpa 2: Fia Viwò Ale Si Wòazã Internet Dzi Hahoo Kadodowo Nyuie

Ðeviwo Kple Internet Dzi Hahoo Kadodowo—Akpa 2: Fia Viwò Ale Si Wòazã Internet Dzi Hahoo Kadodowo Nyuie

 Dzila geɖewo meɖea mɔ na wo viwo be woazã Internet dzi hahoo kadodowo o, le esi wonya afɔku siwo le wo zazã me ta. Ke hã, ne èɖe mɔ na viwò be wòazã Internet dzi hahoo kadodowoa, aleke nàte ŋu akpe ɖe eŋu be wòaƒo asa na eŋu fɔkuwo eye wòasrɔ̃ ale si wòazãe nyuie?

Nyati sia adzro nya siawo me

 Nu siwo le vevie na viwòa

 Nu si wòle be nànya: Esi Internet dzi hahoo kadodowo zazã xɔa ɣeyiɣi geɖe ŋutɔ le ame si taa, ehiã be nàkpe ɖe viwòa ŋu wòanya ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wòazã ɖe eŋu.

 Biblia ƒe mɔfiame: ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’—Filipitɔwo 1:10.

 Bu nya sia ŋu: Ðe Internet dzi hahoo kadodowo zazã wɔnɛ be viwòa megakpɔa ɣeyiɣi dɔa alɔ, wɔa sukudɔdeasiwo alo wɔa nu kple ƒomea ɖekae oa? Numekulawo gblɔ be ehiã be ɖeviwo nadɔ alɔ gaƒoƒo asieke zã sia zã gake ɖevi siwo zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe Internet dzi hahoo kadodowo ŋua, metea ŋu dɔa alɔ wòdena gaƒoƒo adre gɔ̃ hã o.

 Nu si nàte ŋu awɔ: Ðo dze kple viwòa wòade dzesi nu siwo le vevie eye nakpe ɖe eŋu wòanya ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si wòle be wòazã ɖe Internet dzi hahoo kadodowo ŋu. De se aɖewo na viwòa, le kpɔɖeŋu me, mele be wòamlɔ anyi kple eƒe elektrɔnik-mɔ̃ o. Wò taɖodzinu nenye be yeakpe ɖe ye via ŋu wòanye ame si ɖua eɖokui dzi—nɔnɔme nyui sia akpe ɖe eŋu ŋutɔ ne etsi.—1 Korintotɔwo 9:25.

 Ale si viwòa sena le eɖokui me

 Nu si wòle be nànya: Ne viwòa kpɔ exɔlɔ̃wo ƒe foto siwo ŋu wotrɔ asi le wònya kpɔ kple ɖewohĩ esiwo woɖe le dzidzɔdoname teƒe aɖewo siwo woda ɖe Internet dzia, ate ŋu ase le eɖokui me be yetsi akogo, alé blanui eye nu ate ɖe edzi.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Miɖe . . .ŋubiabiã . . . ɖa.”—1 Petro 2:1.

 Bu nya sia ŋu: Ðe Internet dzi hahoo kadodowo zazã nana viwòa sena le eɖokui me be yemedze tugbe alo dze ɖeka oa? Ðe wòsena le eɖokui me be amewo le dzidzɔ kpɔm evɔ ye ya yemele dzidzɔ kpɔm oa?

 Nu si nàte ŋu awɔ: Ðo dze kple viwòa wòade dzesi afɔku siwo le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubuwo me. Nyae be ɖetugbiwo tea ŋu wɔa esia wu ɖekakpuiwo, elabe ɖetugbiwo tsia dzi ɖe woƒe dzedzeme kple wo kple amewo dome xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu ŋutɔ. Àte ŋu adoe ɖe viwòa gbɔ be sẽ kple sẽa, wòadzudzɔ Internet dzi hahoo kadodowo zazã vie. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Jacob gblɔ be: “Meɖe Internet dzi hahoo kadoƒea ɖa le nye fon dzi na ɣeyiɣi aɖe. Esia kpe ɖe ŋunye mekpɔ nu siwo le vevie nam wua dzesii eye nyemegatsɔa ɖokuinye sɔna kple ame bubuwo o.”

 Ale si viwòa wɔa nu le Internet dzi

 Nu si wòle be nànya: Ame si zãa Internet dzi hahoo kadodowo le ko abe ame aɖe si tɔ ɖe amehawo ŋgɔ ene, ame sia ame ate ŋu akpɔ nu sia nu si wɔm wòle. Esia ate ahe nugɔmemasemasewo kple masɔmasɔwo vɛ bɔbɔe.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Miɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome . . . Minyo dɔme na mia nɔewo.”—Efesotɔwo 4:31, 32.

 Bu nya sia ŋu: Ðe Internet dzi hahoo kadodowo zazã na viwòa va le amenya gblɔm, na masɔmasɔwo va le eya kpe ame bubuwo dome ɖom alo va le nya madzetowo gblɔma?

 Nu si nàte ŋu awɔ: Fia viwòa wòanya ale si wòaɖe nɔnɔme nyuiwo afia ne ele Internet zãm. Agbalẽ aɖe (Digital Kids) gblɔ be: “Enye mí dzilawo ƒe agbanɔamedzi be míafia mía viwo eme nakɔ na wo be masɔ kura be woanɔ ame ŋu gblẽm, anɔ nya madzetowo gblɔm, alo esiawo tɔgbi o—míeɖale amea gbɔ ŋkume kple ŋkume alo le Internet dzi o.”

 Ðo ŋku edzi be mehiã be viwòwo nazã Internet dzi hahoo kadodowo kokoko o eye menye dzilawo katãe ɖea mɔ na wo viwo be woazãe o. Eya ta ne èɖe mɔ na viwò be wòanɔ Internet dzi hahoo kadodowo zãma, kpɔ egbɔ be viwòa ate ŋu aɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si wòazã ɖe eŋu, adze xɔlɔ̃ nyuiwo eye wòaƒo asa na nu manyomanyowo kpɔkpɔ le edzi.