Dzeɖonya Ƒe Videowo

Wotrɔ asi le video siawo ŋu be míatsɔ adze Biblia me dzeɖoɖowo gɔme.

Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me Ƒe Video

Nɔnɔmeawo le sesẽm na srɔ̃tɔwo kple ƒomewo egbea. Gake nu vevi si nana ƒomea kpɔa dzidzɔ la le Biblia me.

Àdi Be Yease Nya Nyuia?

‘Nu si nyo wu ŋuti nya nyui’ le Biblia me abe ale si Yesaya 52:7 gblɔe ene. Nya nyui sia ate ŋu ana wò ƒomea nakpɔ dzidzɔ, nàdze xɔlɔ̃ vavãwo, eye nàkpɔ dzidzeme vavãtɔ.

Yehowa Ðasefowo​—Ame Kawoe Míenye?

Ame geɖe dina be yewoanya ame siwo Yehowa Ðasefowo nye. Bia woawo ŋutɔwo ne woagblɔe na wò.