Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàwɔ Adzudzɔ Dzimaɖitsitsi

Ale Si Nàwɔ Adzudzɔ Dzimaɖitsitsi

 Dzimaɖitsitsi fũu akpa ate ŋu agblẽ nu le wò ametia kple wò seselelãmewo ŋu. Ate ŋu ahe kuxi siwo lolo wu kuxi si ŋutɔ ŋu nètsi dzia ɖo la vɛ.

Nu siwo akpe ɖe ŋuwò nadzudzɔ dzimaɖitsitsi

  •  Mègatsi dzi ɖe nyadzɔdzɔ vɔ̃wo ŋu fũu akpa o. Mehiã be nànya nu sia nu tso nya aɖe si dzɔ ŋu kokoko o. Ne ètsia dzi ɖe nyadzɔdzɔ vɔ̃wo ŋu fũu akpaa, ana àtsi dzodzodzoe eye mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wò.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Gbɔgbɔ si dzi nu te ɖo vevie la nana ŋusẽ vɔna le ame ŋu.”—Lododowo 17:22.

     “Edzɔna zi geɖe be metsia dzi ɖe nyadzɔdzɔ yeyewo ŋu, gake mekpɔe be ema made dzinye o. Ne meɖe nyadzɔdzɔ siwo mesena alo kpɔna dzi kpɔtɔa, nyemegatsia dzi boo o.”—John.

     Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ: Ðe wòahiã be nàtsi dzi be yease alo akpɔ nyadzɔdzɔ yeye ɖe sia ɖea?

  •  Ðoɖo aɖe koŋ nènɔ asiwò. Ðoɖo nènɔ asiwò ɖe ɣeyiɣi si nàfɔ, aɖu nu, awɔ aƒemedɔwo, eye nàmlɔ anyi gbe sia gbe la ŋu. Ne ɖoɖowɔɖi aɖe koŋ le asiwò le agbe mea, akpe ɖe ŋuwò be nàɖe wò dzimaɖitsitsiwo dzi akpɔtɔ.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.”—Lododowo 21:5.

     “Esi Corona dɔvɔ̃a dze egɔmea, nyemegava zɔna ɖe ɖoɖowɔɖi si nɔ asinyea dzi o; modzakaɖeɖe va xɔ nye ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ. Medi be mazã nye ɣeyiɣi le mɔ nyuitɔ nu, eya ta mewɔ ɖoɖo ɖe nu siwo mawɔ gbe sia gbe ŋu.”—Joseph.

     Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ: Ðe ɖoɖowɔɖi aɖe le asiwò si nana nèsena le ɖokuiwò be yewɔ ŋkekea ŋu dɔ nyuia?

  •  Wò susu nenɔ nu nyuiwo ŋu. Ne ètsɔa susu ɖoa nu vɔ̃ɖi alo nu dziŋɔ siwo ate ŋu ava dzɔ ŋua, ɖeko woana nàgatsi dzimaɖi ɖe edzi. Ðe ema teƒea, bu nu siwo ta nàte ŋu ada akpe ɖo la boŋ ŋu.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Minye akpedalawo.”—Kolosetɔwo 3:15.

     “Ne mele Biblia xlẽm la, ekpena ɖe ŋunye be maɖe susu ɖa le nya vɔ̃wo ŋu eye matsɔ nye susu aɖo nu nyuiwo ŋu boŋ. Esia adze nu tsɛ aɖe, gake ewɔa dɔ ko!”—Lisa.

     Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ: Ðe nètsɔa susu ɖoa nu vɔ̃ɖi siwo le dzɔdzɔm le wò agbe me ŋu ale gbegbe be mèkpɔa nyuiawo ya oa?

  •  Bu amewo ŋu. Le esi nàɖe ɖokuiwò ɖe aga, si nye nu si te ŋu dzɔna zi geɖe ne nu te ɖe mía dzi teƒea, bu ale si nàkpe ɖe ame siwo le hiã me la ŋu.

     Biblia ƒe mɔfiame: ‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.

     “Ne mekpe ɖe amewo ŋua, enana mekpɔa dzidzɔ. Mele nu si ana amewo hã nakpɔ dzidzɔa wɔm na wo, eye le ɣeyiɣi ma ke mea, mele nye dzimaɖitsitsiwo dzi ɖem kpɔtɔ. Le nyateƒe mea, ɣeyiɣi boo aɖeke megasusɔna be matsɔ anɔ dzimaɖi tsim o.”—Maria.

     Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ: Le ame siwo nènya domea, wo dometɔ kawoe hiã kpekpeɖeŋu etɔxɛe, eye nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu?

  •  Wɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me. Nɔ kame dem edziedzi eye nàɖi ɖe eme nyuie. Ðu nu siwo me nunyiame le. Ne èwɔa nu siwo ana nànɔ lãmesẽ mea, ana nàkpɔ dzidzɔ le ememe eye esia akpe ɖe ŋuwò nàɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Kamedede nyo.”—1 Timoteo 4:8, etenuŋɔŋlɔ.

     “Nye kple vinyea, mímate ŋu ade kame le xexe abe ale si míedii ene o, eya ta míewɔa nu sia nu si míate ŋui tsɔ dea kame le aƒe me. Esia kpena ɖe mía ŋu míekpɔa dzidzɔ eye míegbɔa dzi ɖi na mía nɔewo.”—Catherine.

     Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ: Ðe wòahiã be nàgbugbɔ alé ŋku ɖe nu siwo nèɖuna ŋu eye nànɔ kame dem edziedzi ale be nànɔ lãmesẽ mea?

 Tsɔ kpe ɖe nu siwo me míedzro fifia si akpe ɖe ŋuwò nàɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ ŋua, ame geɖe kpɔe be nusɔsrɔ̃ tso Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe etsɔme nyui aɖe ŋua, ɖe vi na yewo. Kpɔ nyati si nye “Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ?